Ame Kpuiwo Ave ƒe Nutotroe me Nɔlawo
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ
VA KPƆ BaBinga siwo nye Ame Kpui siwo le Central African Republic si nye míaƒe nɔƒe la ɖa. Ðewohĩ èse Ame Kpuiwo ŋuti nya eye èxlẽ nu tso wo ŋu kpɔ, gake ɖewohĩ mèdo go wo dometɔ aɖeke kpɔ o. Ne èɖi tsa va Bangui si nye fiadua me la, àzɔ mɔ wòade gaƒoƒo eve kloe ke èɖo woƒe nutome.
Gbedasi vevi aɖe le Yehowa Ðasefowo si na dukɔwo, towo, ameƒomeviwo, kple gbevovodolawo katã. Míeɖea gbeƒã na ameƒomeviwo katã le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Ame Kpuiawo hã le eme.—Nyaɖeɖefia 14:6.
Eyata taflatse wɔ ɖeka kpli mí ne nàkpɔ alesi wonɔa agbee kple alesi woxɔa Mawu Fiaɖuƒe si ana Paradiso nava nɔ anyigba dzi ŋuti nyanyui lae ɖa. Anye dzidzɔŋkeke wɔnuku aɖe na wò.
Numekuku le Wo Ŋu
Hafi míayi la, anyo be míawɔ numekuku aɖe le amesiwo gbɔ míeyina ŋu. Agbalẽ siwo amesiwo nɔ Ame Kpuiawo dome ɣleti geɖe, eye wosrɔ̃ woƒe dekɔnu, mawusubɔsubɔ, kple nuwɔnawo ŋlɔ la li.
Nuxexlẽ tso ŋutifafame siawo siwo doa vivi ɖe ame ŋu la ŋu kple wosasrã kpɔ ana míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia geɖe, siwo ƒe ɖewoe nye: Afikae Ame Kpuiawo dzɔ tso? Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo ŋu? Afikae wonɔna? Nukae na woto vovo tso Afrikatɔ bubuwo gbɔ? Aleke wobɔa ha kple ame bubuwoe?
Webster’s Third New International Dictionary gblɔ be Ame Kpuiwo alo Pygmies nye “ame vi me aɖewo siwo le Afrika ƒe anyigbaxɔdzo nutome siwo mekɔkɔ de afɔ atɔ̃ o, . . . eye wodoa nuto si tsɔ wo gbɔ wu la me tɔwo ƒe gbe.” Wogblɔ be afisi Afrika ƒe Ame Kpuiwo dzɔ tso to vovo na Negritowo (si gɔmee nye “Ameyibɔ Suewo”), siwo le Oceania kple Asia ƒe anyigbeɣedzeƒe gome ƒe dzɔtsoƒe.
Helagbe me nya aɖe si gɔmee nye “didime si tso alɔglo va ɖo asikɔe dzi” mee woɖe Eŋlisigbe me nya “pygmy” tsoe. Wonya Ame Kpuiwo be wonye adelawo kple nukufɔlawo. Wobu akɔnta be Ame Kpuiwo ƒe xexlẽme le xexeame godoo sɔ gbɔ vie wu 200,000.
Serge Bahuchet kple Guy Philippart de Foy gblɔ nya lédziname bubuwo le woƒe agbalẽ si nye Pygmées—peuple de la forêt (Ame Kpuiwo—Avemenɔlawo) me. Wobe Ame Kpuiawo le Republic of Congo, Democratic Republic of Congo, Gabon, Cameroon, kple Central African Republic ƒe avewo ƒe nutotroewo me eye woate ŋu akpɔ wo le keke ɣedzeƒe ke hã le Rwanda kple Burundi.
Ame aɖeke menya afisi Ame Kpuiawo tso loo alo ɣeyiɣi si wova o. Woa ŋutɔwo meyɔa wo ɖokuiwo be “ame kpuiwo” gbeɖe o. Ame akpa gãtɔ yɔa wo le Central African Republic be BaBinga, gake woyɔa wo le dukɔ bubuwo me be BaKola, BaBongo, BaAka, BaMbènzèlè, BaTwa, kple BaMbuti.
Sasrãkpɔ Gbãtɔ
Míeɖo Land Cruiser-ʋu aɖe le ŋdi ga adre lɔƒo tso Bangui be míaɖo ta anyigbe ayi M’Baiki/Mongoumba. Mɔa ƒe akpa gbãtɔ si de kilometa 100 koe wodo. Enyo be ʋu si ƒe mɔ̃ doa ŋusẽ afɔti enea katã la le mía si, elabena tsi si dza zã si va yi me na mɔa dzi nɔ ɖiɖim.
Míeku ʋu to afisi gbe damawo kple avegãwo le eye míeto kɔƒe suewo me afisi amewo tsɔ akɔɖu, abladzo, atɔtɔ, agbeli, bli, adzamatre ƒomevi aɖe, kple azi ɖo agbae ɖe kplɔ̃ suewo dzi le. Dɔ metona le afisia o. Anyigba nyui kple alesi yame xɔa dzoe la nana nu vovovowo miena sɔ gbɔ. Kasia, míeɖo BaBingaawo ƒe “kɔƒe” alo asaɖa gbãtɔ me.
Agbadɔxɔ sue siwo le godoo eye woɖe mɔ siwo me woate ŋu ata atoe mee wole. Nyɔnuawo tsɔa ati kple aŋgbawo tso ave si tsɔ wo gbɔ me tsɔ tua xɔawoe. Woɖo xɔ siwo ade 10 va ɖo 15 ɖe ɖoɖo nu godoo va kpe. Anyimlɔƒe alo afisi woate ŋu abe ɖo ne tsi do koe xɔawo nye. Gbagbagbee wonɔna le ŋkeke me.
Míedo le ʋua me be míado gbe na nyɔnu aɖewo siwo dometɔ ɖesiaɖe lé vi ɖe axa me. Esi ŋutsuawo dometɔ aɖewo se míaƒe ʋua ŋkɔ la, wolɔ du ɖe eme va be yewoakpɔ amesiwo míenye ahanya nusi dim míele. Avũ aɖewo siwo dometɔ ɖesiaɖe wode gakogoe sue kɔme na la le wo yome va.
Míeɖo ŋku numekuku si míewɔ dzi be avũwo koe nye aƒelɛ̃ siwo nɔa Ame Kpuiawo gbɔ. Woa kple wo koe yia adegbe. Eye wodaa ade nusianu le anyigba keke vaseɖe ati dzi ke. Abe alesi agbalẽ si nye Pygmées—peuple de la forêt ɖe emee ene la, nusiwo wodaa adee dometɔ aɖewo nye xewo, fĩewo, atiglinyiwo, towo, alegeliwo, avugbɔ̃ewo, gbehawo, adɔwo, kple lã bubu geɖe. Ehiã kokoko be avũ nuteƒewɔla nanɔ adela ɖesiaɖe si.
Agbalẽ siwo nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!a ye míezãna ne míele nu ƒom na amesiawo. Agbalẽawo me nɔnɔmetatawo fia be madidi o anyigba la ava zu paradiso si me ave dzeaniwo anɔ, afisi dɔléle alo ku maganɔ o. (Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Wota agbalẽ evea siaa ɖe Sangogbe si nutoamenɔlawo ƒe alafa memamã 90 kple edzivɔ siwo dome Ame Kpuiawo hã le dona la me. Afisiafi si ŋutifafame siawo le la, Afrikatɔ siwo ƒe nutome wole ƒe gbee wodona. Esia le vevie elabena wotsaa asi kple wo.
Kasia ŋutsu kple nyɔnu geɖe va ƒo xlã mí xoxo eye wotsɔ didi vevie nɔ nɔnɔmetataawo kpɔm ɖekaɖeka ganɔ numeɖeɖeawo sem. Alesi míevaa wo gbɔ ƒe geɖe enye sia ta la, wonya be Yehowa Ðasefowoe míenye. Edzɔ dzi na wo be yewoaxɔ agbalẽawo. Gake kuxiae nye be womenya nuxexlẽ o. Dziɖuɖua kple habɔbɔ bubuwo dze agbagba ƒe geɖe be yewoafia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ wo, gake gbeɖegbeɖea koe. Wowɔ sukudede ƒe ɖoɖo na wo viwo. Sukuawo nɔ anyi ɣeyiɣi aɖe, gake ɖevi akpa gãtɔ dzudzɔ enumake alo emegbe. Nufiala aɖe si fia nu Ame Kpuiawo kpɔ la gblɔ be wote ŋu srɔ̃a nu le klass wòwɔa nuku, gake le sukudede ɣleti ʋee aɖewo megbe la, ɖeko wobuna vĩ. Gake tatɔ siwo le nutoa me kple ame bubuwo gale agbagba dzem be woafia nu wo.
Wonya Yehowa Ðasefowo be wotrɔna yia amesiwo tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me gbɔ. Gake míekpɔa mɔ be míado go BaBinga mawo ke ne míetrɔ yi o, le esi wonɔa tsaglãla tsam ɣesiaɣi le ƒe bliboa me ta. Woyina wo nɔƒe le ave me nutotroea me va nɔa afima ɣleti geɖe. Agbagba siwo wodze be woatso nɔƒe koŋ na wo la medze edzi o. Aveme nutotroe me nɔlawoe wonye vavã. Tsatsa kple adedada ye nye woƒe agbenɔnɔ, eye naneke mete ŋu trɔa wo o.
Gbesiagbegbenɔnɔ, Srɔ̃ɖeɖe, Kple Ƒome
Ŋutsuwo koŋue daa ade eye nyɔnuawoe dia nuɖuɖu, eye wofɔa nusianu si wokpɔna le avea me ko: ʋlo, tomenuɖuɖuwo, kutsetsewo, amagbewo, newo, nudzodzoewo, babawo, anyitsi, kple nusi mele be míaŋlɔ be o enye gbamido siwo vivia wo nu. Nusiawo katã hiã hena nuɖuɖu kple asitsatsa. Ame Kpuiawo gbɔe woƒe Afrika-nutometɔ siwo woyɔna be les grand noirs (ameyibɔ kɔkɔwo) kpɔa nusiawo tsonɛ zi geɖe. Ðe wo teƒe la, woawo hã naa zewo, nuɖanu gbadzɛwo, yiwo, dɔwɔnuwo abe fiawo kple hɛwo ene, dze, amidzẽ, agbeli, abladzo, kple nublanuitɔe la, atama, afima ƒe aha sesẽ, kple gbe muame hã. Nu etɔ̃ mamlɛawo nye kuxi gã aɖe na ame fatu siawo. Zi geɖe wodoa ga hafi ƒlea wo, eye vivivi la, woƒe agbe dome gblẽna.
Srɔ̃ ɖekae nɔa ŋutsuawo si zi geɖe. Gake wote ŋu gbea srɔ̃ alo klãna bɔbɔe ɖanɔa anyi kple ame bubu. Vifofoa alo ame tsitsitɔ kekeake si le asaɖa la me ŋue wodea bubui wu. Meɖea gbe o, gake wowɔa eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi zi geɖe. Àkpɔe be Ame Kpuiawo lɔ̃a wo viwo. Vidada kple vifofoa tsɔa wo via enuenu. Ðevi sue siawo nɔa dzila evea siaa ŋu le afisiafi si woyina kple ne wole nusianu wɔm, eɖanye le dɔwɔwɔ, adedada, alo ɣeɖuɖu me o.
Ðevia mlɔa dzila evea dome le zã me. Le ŋkeke me la, ɖevi sueawo dzilawo, nɔviaŋutsuwo, nɔvianyɔnuwo, nyruiawo, kple tɔgbui kpakple mama kpɔa wo gbɔ, eye gakpe ɖe eŋu la, asaɖa la me nɔlawo katã léa fɔ ɖe wo ŋu. Wote ŋu nɔa dzilawo kple ƒometɔwo gbɔ enuenu. Nusiawo katã nana ƒomekadodoa nɔna kplikplikpli. Ƒomekadodowo me gbɔdzɔna alo gblẽna le Ɣetoɖoƒedukɔwo me, gake nɔnɔmea to vovo kura le afisia.
Togbɔ be Ame Kpuiawo le aga tso woƒe Afrikatɔ nutoa me tɔwo gbɔ hã la, ganyawo ƒe kadodowo le wo dome. Tsɔ kpe ɖe kadodo edziedzi to asitsatsa me ŋu la, wobɔa apa wo enuenu wova wɔa apadɔ le kɔfi kple koko gblewo dzi. Woate ŋu ava wɔ dɔ kwasiɖa ʋee aɖewo, axɔ fetu, ekema wogabu ɖe aveme nutotroea me hena ɣeyiɣi didi aɖe. Amekae nya? Ðewohĩ Ame Kpui siwo le Central African Republic wɔ dɔ tso kɔfi si nèno ŋdi sia ŋu.
Mawusubɔsubɔ
BaBingawo lɔ̃a mawusubɔsubɔ, gake aʋatsodzixɔse kple blemakɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe mawusubɔsubɔ dzi. Wowɔa ʋu, dzia ha (kalẽha), heɖua ɣe ne wole woƒe kɔnuwo wɔm. Agbalẽ si nye Ethnies—droits de l’homme et peuples autochtones (Gbevovodolawo—Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Kple Ame Dzɔleaƒewo) na numeɖeɖe si gbɔna be: “Le aveme nutotroe me nɔlawo ƒe susu nu la, Mawue wɔ xexeame, si nye avea. Esi wòwɔ amegbetɔ srɔ̃tɔ gbãtɔawo vɔ . . . la, etrɔ yi dziƒo eye megatsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe nyawo me o. Fifia la, gbɔgbɔ ŋusẽkatãtɔ aɖe si nye avea ƒe mawue va le eteƒe.” Le nyateƒe me la, nya sia to vovo sasasã tso nusi Biblia gblɔ le Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la gbɔ.—Mose I, ta 1, 2; Psalmo 37:10, 11, 29.
Wonye Ame Nyanuwo
Ebɔ be ame aɖewo ɖea alɔme le Ame Kpuiawo ŋu alo doa vlo wo, hebua wo be wonye ame ɖigbɔ siwo menyaa nu o. Gake Patrick Meredith si nye alesi nuwo wɔa dɔ ɖe susu dzii ŋuti nufialagã le Leeds Yunivɛsiti, England, gblɔ be: “Ne èkpɔ ame kpuiawo le woƒe nutome wotsɔ ka le tɔdzisasrãwo wɔm eye agbe le edzi dzem na wo la, àbia ɖokuiwò be nukae nye nunyanya hã.”
Míenya be amegbetɔ gbãtɔ eveawo, Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwoe ameƒomea me tɔwo katã nye. Dɔwɔwɔwo 17:26 gblɔ be: “[Mawu wɔ] bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka [Adam] me le anyigba la ƒe ŋku me.” Eye Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 gblɔ be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Eyata míedi be míatsɔ Biblia me nyateƒea ayi na amesiawo bene mɔkpɔkpɔ nanɔ woawo hã si be madidi o yewo hã yewoanɔ agbe esime woatrɔ anyigba la katã wòazu paradiso dzeani si me avetsu geɖewo anɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]
1. Biblia ƒe gbedasia gbɔgblɔ na Ame Kpuiawo; 2. Ame Kpui atikpala; 3. Ame Kpuiawo ƒe xɔ