Xexe si me Nuvlowɔwɔ Mele O Ava Kpuie!
NE MÍELÉ ŋku ɖe xexeme nɔnɔmewo ŋu egbea la, edzena ƒã be esesẽ ŋutɔ be woatsri nugbegblẽwɔwɔ ƒe ŋusẽkpɔaɖemedzi. Le nyateƒe me la, wodzi mí katã blibomadelawoe, eye nu gbegblẽwo wɔwɔ dzroa mí. (Fiawo I, 8:46; Hiob 14:4; Psalmo 51:7) Eye esi wonyã Satana Abosam tso dziƒo ta la, ele agbagba geɖe wu dzem be yeahe kuxiwo vɛ.—Nyaɖeɖefia 12:7-12.
Nusiwo do tso eme la dziŋɔ. Le kpɔɖeŋu me, numekuku si wowɔ le ɖevi 4,000 dome le Scotland ɖee fia be ne womã wo dometɔ siwo xɔ tso ƒe 11 vaseɖe 15 ɖe akpa etɔ̃ la, akpa eve wɔ nu vlowo xoxo. Numekuku si wowɔ le Britain katã ɖee fia be nuwo fifi le fiase me metsɔa fu lãme na ƒewuivi etɔ̃ ɖesiaɖe dometɔ ɖeka o. Eye woƒe afã kple edzivɔ lɔ̃ ɖe edzi be ne wogba ga na yewo wògbɔ edzi la, yewoatsɔe.
Italygbe me gbalẽ si nye Lʹoccasione e lʹuomo ladro (Mɔnukpɔkpɔ Kple Fiafi) ɖe nusita amewo fia fi ɖo me. Agbalẽa gblɔ be fiafiwo “mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi kura o” eye be “womete ŋu gbea kɔ ɖiɖi na woƒe dzodzrowo o.” Agbalẽa gblɔ kpe ɖe eŋu be fiafiwo ƒe akpa gãtɔ metsɔe ɖo dɔe o gake wonye “mɔnukpɔkpɔdila siwo wɔa nɔnɔme ŋudɔ ɖe woƒe viɖe ta.”
Enya se be agbalẽa ƒo nu tso nusita ame geɖe “medaa se dzi o.” Eƒo eta be menye “vɔvɔ̃ be woatsɔ se akplɔ yewo” ta o “ke le esi agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo meɖe mɔ be woawɔ nenema o le wo si tae.” Afikae amewo ate ŋu asrɔ̃ agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu nyui siawo le?
Hehenana si Hiã
Bu nusiwo wosrɔ̃na to kadodomɔnu geɖe me ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, nya si sinemawo kple television gblɔna koŋue nye be adãwɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple nuwɔna tɔŋkuwo nyo. Eyata mewɔ nuku o be amewo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi kura o. Gake Biblia ya fia nu mí nunyatɔe be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.”—Lododowo 16:32.
Ne míelé ŋku ɖe nya siwo kakam wole egbea ŋu la, mele be wòawɔ mo yaa na mí be ame geɖe “mete ŋu gbea kɔɖiɖi na dzodzrowo o.” Amewo sea nya siawo enuenu be: “Ƒlee fifia eye naxe fea emegbe.” “Wɔ nu wòade dziwò.” “Ele be nu nyuitɔ kekeake nasu asiwò.” “Lé be na wò ŋutɔ ɖokuiwò.” Woƒoa nu tso kɔɖiɖi na ame ɖokui ŋu wòdzena nu nyui kple nusi sɔ. Gake ɖokuitɔdidi ƒe nukpɔsusu sia tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafia si gblɔ be “amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi” la ŋu.—Filipitɔwo 2:4.
Màlɔ̃ ɖe edzi be anukwaremaɖila akpa gãtɔ wɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ gblẽa nu le ame ŋu oa? Ewɔ nublanui be ame geɖe wu va le didim be yewoawɔ nɔnɔmewo ŋudɔ wòanye yewo ŋutɔ yewoƒe viɖe. Womebiana nenye be nuwɔna aɖe sɔ ɖe agbenyuinɔnɔ nu o. Nusi ŋu wotsia dzi ɖo koe nye be, ‘Ðe mate ŋu awɔe esi womalém oa?’
Nukae hiã? Abe alesi míede dzesii va yi ene la, míehiã na agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo. Nusiawo awɔe be amewo natsri nuvlowɔwɔ, bubumademade agbe ŋu, srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔkɔenyenye me gbegblẽ, nuwɔwɔ wòagbɔ eme, kple nu bubu siwo nye ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo tafatafa. Biblia gblɔ le amesiwo mesrɔ̃a dzidzenu siawo o ŋu be “woƒe dzitsinya ku atri.” (Efesotɔwo 4:19) Ame mavɔ̃mawu siawo ƒe nuvlowɔwɔe xe mɔ be míele xexe si me nuvlowɔwɔ mele o me o.
Alesi Xexeme Yeye Avae
Le nyateƒe me la, ame geɖe wɔa woƒe ŋutete ɖesiaɖe be yewoaɖi anukware, awɔ nu ɖe yewo hatiwo ŋu le bubu kple ameŋububu me, eye be woatsri nuwɔna manɔsenuwo. Mele be míasusui be amesiame si le xexeame adze agbagba alea o. Ame geɖe matrɔ o, abe alesi amesiwo nɔ agbe le ame dzɔdzɔe Noa ƒe ŋkekeawo me ƒe akpa gãtɔ melɔ̃ be yewoawɔ nu nyui o ene. Le xexe ma si me adãwɔwɔ yɔ fũ me la, Noa kple eƒe ƒomea koe tsri mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo, si na Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Mía Wɔla la he xexe si me nuvlowɔwɔ menɔ o hena ɣeyiɣi aɖe vɛ esi wòtsɔ Tsiɖɔɖɔ si xɔ xexeame katã ɖe ame mavɔ̃mawuwo ɖa.
Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be menye ŋutinya vivi dzro aɖe koe Biblia ƒe nuŋlɔɖi le Tsiɖɔɖɔa kple ame mavɔ̃mawuwo tsɔtsrɔ̃ ŋu nye o. Yesu Kristo ɖe eme be: “Alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me.” (Luka 17:26; Petro II, 2:5; 3:5-7) Abe alesi Mawu tsrɔ̃ adãwɔwɔ ƒe xexeme ma si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, nenemae wòatsrɔ̃ xexeme sia si yɔ kple nuvlowɔwɔ la hãe.
Nya si gbɔna si Yesu ƒe apostolo lɔlɔ̃a Yohanes gblɔ na esia ƒe kakaɖedzi mí be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Ne xexeme sia wu enu la, xexeme yeye aɖe ava, si me Biblia gblɔ be, “[Mawu anɔ] anyi kpli [ameƒomea], eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Esi Biblia nɔ nu ƒom tso alesi xexeme yeyea avae ŋu la, egagblɔ hã be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 2:22) Ne ame dzɔdzɔewo ɖeɖeko susɔ ɖe anyigba dzi la, Biblia ƒe nyagblɔɖi sia ava eme be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.
Le Mawu ƒe xexeme yeyea me la, lãwo gɔ̃ hã magawɔ adã o. Biblia gblɔe ɖi be: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. . . . Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:6-9; 65:17; Petro II, 3:13.
Mawu ƒe Xexeme Yeyea Gogo
Nyanyui si li enye be eteƒe madidi o ŋutifafa ƒe nɔnɔme siawo anɔ anyigba katã dzi. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi nenema gbegbe? Le nusi Yesu gblɔ ɖi be adzɔ do ŋgɔ teti na xexeame ƒe nuwuwu tae. Nusiwo wògblɔ ɖi dometɔ aɖee nye be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.”—Mateo 24:7, 12.
Yesu ƒe apostolo aɖe hã gblɔ ɖi be: “Le [xexeme sia ƒe] ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, . . . amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” (Timoteo II, 3:1-5) Edze ƒã be míele xexe sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me! Eyata eteƒe madidi o Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexeme yeye ava xɔ ɖe eteƒe!
Biblia sɔsrɔ̃ na ame miliɔn geɖe kpɔ kakaɖedzi be xexe si me nuvlowɔwɔ mele o ate ŋu ava, eye wotso ɖe amekpekpea ŋu hena wole nu fiam wo le mía Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe mɔwo ŋu. (Yesaya 2:3) Àdi be yeawɔ ɖeka kpli woa? Ðe nèle klalo be yeadze agbagba akpɔ agbe le xexe yeye si me nuvlowɔwɔ manɔ o mea?
Yesu ɖe nu gbãtɔ si hiã be míawɔ la fia. Eɖe eme be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” Eyata Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe nusi nèsrɔ̃ dzie wò nyonyo mavɔ nɔ te ɖo.—Yohanes 17:3.
[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]
Biblia ƒo nu tso xexe yeye si me nuvlowɔwɔ manɔ o ŋu eye egblɔ alesi míawɔ anɔ eme