Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukae Gblẽ le Dada ɖe Ameƒomevinyenye Dzi Ŋu?
Tanya si xɔ ƒe 17 xa nu be: “Míaƒe sukuvi aɖe ƒoa nu ɣesiaɣi tso ameƒomevi si amewo nye kple woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ŋu. Egblɔna le eƒe dzeɖoɖo geɖe me be yede ŋgɔ wu wo.”
ESƆ be woada ɖe ame ƒe ƒome, dukɔ, gbegbɔgblɔ, alo afisi wotso dzi. Ðetugbivi ƒe 15 vi aɖe si ŋkɔe nye Phung gblɔ be: “Vietnamtɔwoe menye eye medana ɖe alesi mía detɔwo nɔa agbee dzi.”
Gake zi geɖe la, vovototodedeameme le ameƒomevinyenye ta ye naa amewo dana ɖe ŋutigbalẽ dzi. Eyata dada sia ate ŋu azu dɔ vɔ̃ɖi aɖe si agblẽ amewo dome ƒomedodo me, ne wowɔa ameŋkumenu abe ɖe wole bubu dem ame ŋu ene hã. Yesu Kristo gblɔ be: “Nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Eye zi geɖe la, sese le ame ɖokui me be yenyo wu ame bubuwo—alo vlododo wo—va dzena, eye ehea nuxaxa kple vevesese vɛ.
Ɣeaɖewoɣi la, dada ɖe ameƒomevinyenye dzi zua ŋutasesẽnuwɔwɔ. Le ƒe siawo me la, eyae he aʋawɔwɔ, zitɔtɔ, kple “gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura” siwo me wokɔ ʋu geɖe ɖi le la vɛ. Gake menye ɖe woakɔ ʋu ɖi nàkpɔ hafi anya be nu gbegblẽe dada ɖe ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede dzi nye o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèkpɔnɛ woɖenɛ fiana le suku, dɔwɔƒe, alo nuto si me nèlea? Kristotɔ ɖetugbivi aɖe si ŋkɔe nye Melissa ɖo eŋu be: “Ðe wòbɔ ŋutɔ. Míaƒe sukuvi aɖewo ɖua fewu le ɖevi siwo ƒe nuƒoƒo me wòdze le be gbebubudolawoe wonye la ŋu eye wogblɔna be yewonyo wu wo.” Tanya hã na nutsotso ma ke tɔgbe be: “Le suku si medena la, mesenɛ ɖeviwo kea nu ko gblɔna na wo tɔwo be: ‘Menyo wu wò.’” Le numekuku aɖe si wowɔ le United States me la, amesiwo wobia gbee ƒe afã kloe gblɔ be wowɔ nu masɔmasɔ ɖe yewo ŋu le nazãbubu ɖe ameƒomevi si yewonye ta le ƒe si do ŋgɔ nɛ me. Ðetugbivi si ŋkɔe nye Natasha gblɔ be, “ameƒomevinyenye ƒe fuléle bɔ ɖe míaƒe suku ŋutɔ.”
Fifia tsɔe be yele dukɔ alo nuto si me amedzro gbogbo aɖewo ʋu va ale be ameƒomevi vovovo va le miaƒe suku, nuto, alo Kristo-hamea me la me. Ðe wònaa mèvona le ɖokuiwò me tututu oa? Ke ɖewohĩ dada ɖe ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede dzi kpɔ ŋusẽ ɖe wò tamebubu dzi wu alesi nàsusui.
Dada Nyuitɔ Kple Gbegblẽa
Ðe wòle fiafiam be dada nye nu gbegblẽ le eɖokui sia? Mefia nenema kokoko o. Biblia fia be dada ƒomevi aɖe li si nyo. Apostolo Paulo gblɔ esi wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Tesalonika Kristotɔwo be: “Mía ŋutɔwo [míedana ɖe mia dzi, NW] le Mawu ƒe hameawo me.” (Tesalonikatɔwo II, 1:4) Nenema ke bubudedeameɖokuiŋu va ɖo teƒe aɖe ya teti nyo eye wòsɔ hã. (Romatɔwo 12:3) Eyata menye nu gbegblẽ le eɖokui si be woada ɖe ameƒome hatsotso si me tɔ wonye, ame ƒe ƒome, gbegbɔgblɔ, ŋutigbalẽ ƒe amadede, alo ame de dzi vaseɖe afi aɖe o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu medi tso mía si be nusiawo nakpe ŋu na mí o. Esi wosusu be Egiptetɔ aɖe si nye nuvlowɔlae apostolo Paulo nye la, egblɔ enumake be: “Nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia, du, si menye fefedu o la me tɔ menye.”—Dɔwɔwɔwo 21:39.
Gake dada ɖe ŋutigbalẽ dzi va zua nu gbegblẽ ne ena wobua ame ɖokui akpa alo ne ewɔe be wodaa ame bubuwo ɖe anyi. Biblia gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé fu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.” (Lododowo 8:13) Eye Lododowo 16:18 gblɔ be: “Dàda doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” Eyata adegbeƒoƒo be yenye ameƒomevi si le ŋgɔ na bubuawo nye ŋunyɔnu na Mawu.—Tsɔe sɔ kple Yakobo 4:16.
Nusiwo Hea Ŋutigbalẽ ƒe Dada Vɛ
Nukae naa amewo dana akpa ɖe woƒe ŋutigbalẽ dzi? Agbalẽ si nye Black, White, Other (Ameyibɔwo, Yevuwo, Kple Ame Bubuawo) si Lise Funderburg ŋlɔ gblɔ be: “Dzilawo kple ƒomea gbɔe ame geɖe ƒe nukpɔsusu gbãtɔwo (kple esiwo nɔa anyi didina wu) le ŋutigbalẽ ƒe amadede ŋu tso.” Nublanuitɔe la, zi geɖe nukpɔsusu totro alo esi meda sɔ o ye tsoa dzila aɖewo gbɔ. Ate ŋu adzɔ be woagblɔe na ɖevi aɖewo tẽ be wo detɔwo de ŋgɔ wu eye be dukɔ bubuwo me tɔwo to vo alo wole tsɛ wu. Gake zi geɖe la, sɔhɛwo kpɔnɛ be ƒã hafi yewo dzilawo kple amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vo na wo tɔ awɔ nane kple wo nɔewo. Esia hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe woƒe tamebubu dzi. Numekukuwo fia be togbɔ be ƒewuiviwo ƒe susu mesɔna kple wo dzilawo tɔ o le awudodo alo hadzidzi gome o hã la, sɔhɛ akpa gãtɔ ƒe susu sɔna kple wo dzilawo tɔ le ŋutigbalẽnyawo ya me.
Ameteteɖeanyi kple numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe amewo ŋu hã ate ŋu ana ame ƒe nɔnɔme ɖe ameƒomevi aɖewo ŋu masɔ o. (Nyagblɔla 7:7) Le kpɔɖeŋu me, hehenalawo de dzesii be ame hatsotso siwo womebuna o ƒe viwo mebua wo ɖokui be asixɔxɔ le yewo ŋu o. Be woaɖɔ nɔnɔme siawo ɖo la, hehenala aɖewo to sukunusɔsrɔ̃ siwo fiaa woƒe ameƒomevinyenye ƒe ŋutinya ɖeviwo la vɛ. Enyo be míade dzesii be numedzrolawo gblɔ be ɖeko nuƒoƒo fũ tso dada ɖe ŋutigbalẽ ta ŋu alea hea vovototodedeameme vɛ.
Nusiwo dzɔ ɖe ame ŋutɔ dzi hã ate ŋu ana ame ƒe susu natro le nuwɔwɔ ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu me. Ne afi aɖe tɔ aɖe wɔ nu gbegblẽ ɖe mía ŋu la, míate ŋu atsɔe be afima tɔwo katã ye vɔ̃ɖi alo menyo o. Seselelãme masɔmasɔwo ate ŋu age ɖe ame me ne nyakakadɔwɔlawo ƒoa nu fũ akpa tso ameƒomevi vovovo dome ʋawo, kpovitɔwo ƒe ŋutasesẽnuwɔwɔwo, kple tsitretsiɖenuŋulawo ƒe kpekpewo ŋu alo ne womeƒoa nu nyui tsoa gbebubudolawo ŋu o.
Ameƒomevinyenye ƒe Ðokuidodoɖedzisusu Gbɔlo La
Ke nya si ame aɖewo gblɔna be esɔ be yewo tɔwo nabui be yewonyo wu dukɔ bubuwo hã ɖe? Nya ku ɖe esusu be woate ŋu amã amewo me ɖe ameƒomevi ƒe hatsotso siwo to vo na wo nɔewo ŋutɔŋutɔ me ŋu gbã gbɔ. Newsweek me nyati aɖe ka nya ta be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ku nu me le nya la ŋu gblɔ be ŋutigbalẽ ƒe vovototo dzixɔse la nye dzixɔse si ŋu kakaɖedzi aɖeke kura mele o si womekpɔa ta na le agbagba akuaku ɖesiaɖe si wodze le eŋu me o.” Ele eme baa be “vovototo [anɔ] ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, ɖa ƒe nɔnɔme kple ame ƒe ŋku alo ŋɔti ƒe dzedzeme” ŋu ya. Gake Newsweek gblɔ be “ŋutilã la ŋu koe vovototo siawo dzena le—eye agbagba ka ke dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze o, womete ŋu kpɔ vovototo gobi aɖeke si na ŋutigbalẽ aɖe ƒe amewo to vo na bubuwo o. . . . Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tso nusiawo ŋu ƒe akpa gãtɔ kpɔe be nya la koŋ ye nye be ŋutigbalẽ ƒe vovototo nye ‘amewo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu’ ko—enye nazãbubu, aʋatsodzixɔse kple nyakpakpa ƒe gbɔɖiamenu si tsaka.”
Ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu ade vovototo ŋutigbalẽ vovovoawo me hã la, ebubu be ameƒomevi aɖewo li si “bubu aɖeke metsaka kple o” la nye nuŋububu dada. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Ameƒomevi aɖeke meli si bubuwo metsaka o; ameƒomevi vovovo siwo li fifia tsaka kple wo nɔewo ale gbegbe.” Aleke ke wòle o, Mawu “[wɔ] amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) Aleke ke ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, eƒe ɖa, alo ŋkume ƒe dzedzeme le o, le nyateƒe me la, ameƒomevi ɖeka koe li—eyae nye amegbetɔƒomea. Amegbetɔwo katã do ƒome kple wo nɔewo to mía tɔgbui Adam dzi.
Blema Yudatɔwo nyae nyuie be teƒe ɖekae ameƒomeviwo katã dzɔ tso. Ke hã le woƒe Kristotɔwo zuzu vɔ megbe la, wo dometɔ aɖewo galé dzixɔse si nye be yewode ŋgɔ wu amesiwo menye Yudatɔwo o la me ɖe asi sesĩe—ɖe woƒe haxɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o hã ŋu! Apostolo Paulo te fli ɖe esusu be ameƒomevi aɖe de ŋgɔ wu bubuwo me le nya si wògblɔ woŋlɔ ɖe Romatɔwo 3:9 be: “Yudatɔwo kple Helatɔwo . . . wo katã wole nuvɔ̃a te.” Eyata amewo ƒe hatsotso aɖeke mate ŋu aƒo adegbe be tenɔnɔ tɔxɛ aɖe le yewo si le Mawu gbɔ o. Le nyateƒe me la, Yesu Kristo dzixɔxɔse me koe woate ŋu ato ƒomedodo naɖo ame kple Mawu dome. (Yohanes 17:3) Eye enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ‘woaxɔ ameƒomevi ɖesiaɖe bene woava nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ me.’—Timoteo I, 2:4.
Lɔlɔ̃ ɖe edzi be ameƒomeviwo katã sɔ le Mawu ŋkume ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi nèbua ɖokuiwò kple ame bubuwoe dzi. Ate ŋu ana nàde bubu kple asixɔxɔ ame bubuwo ŋu, nàkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye nusiwo me woto vovo le nalé dzi na wò. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbivi Melissa si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ mekpena ɖe eƒe sukuhatiwo ŋu wokoa ɖevi bubu siwo ƒe nuƒoƒo fia be gbebubudolawoe wonye o. Egblɔ be: “Mebua amesiwo te ŋu doa gbe eve be wonya nu ŋutɔ. Togbɔ be gbe bubu dodo dzroam hã la, ɖeka ko mese.”
Gaɖo ŋku edzi be togbɔ be nu geɖe li siwo dzi amesiwo ƒe ŋutigbalẽ le abe mia tɔ ene kple mia detɔwo ada ɖo hã la, nenema ke wòle ameƒomevi bubuwo hã sii. Eye togbɔ be asɔ be nàda ɖe alesi mia detɔwo ƒe agbenɔnɔ le kple nusiwo mia tɔgbuiwo te ŋu wɔ dzi hã la, enyo wu sã be nàda ɖe nusi wò ŋutɔ nète ŋu to wò agbagbadzedze kple dɔsesẽwɔwɔ me wɔ dzi! (Nyagblɔla 2:24) Le nyateƒe me, nane li si dzi Biblia de dzi ƒo na mí be míada ɖo nenye be míete ŋu wɔe. Abe alesi wogblɔe ɖe Yeremya 9:23 ene la, Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Amesi ke be yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa.” Àte ŋu aƒo adegbe nenemaa?
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Sidzedze Mawu ƒe nukpɔsusu le ameƒomeviwo katã ŋu kpena ɖe mía ŋu míesea vivi na anyinɔnɔ kple ameƒomevi bubuwo