INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 16-18
  • Ðe Mate Ŋu Adze Agbagba Ðe Edzi Wu le Sukua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mate Ŋu Adze Agbagba Ðe Edzi Wu le Sukua?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusitae Wo Dometɔ Aɖewo Medzea Agbagba O
  • Nana be Didia Nanɔ Mewò
  • Nusɔsrɔ̃ ƒe Numame Nyuiwo
  • Lé Nɔnɔme Nyui Me Ðe Asi
  • Ŋgɔyiyi Togbɔ Be Kuxiwo Li Hã
  • Nu Vevi Siwo Hiã na Hehe Nyui Xɔxɔ
    Nyɔ!—1996
  • Nu Kae Mawɔ Ne Sukudede Medzɔa Dzi Nam O?
    Sɔhɛwo Biana Be
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 16-18

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Mate Ŋu Adze Agbagba Ðe Edzi Wu le Sukua?

“Dzesiwo le vevie na dzinyelawo ŋutɔ. ‘Dzeside kae nèxɔ le wò akɔnta dodokpɔ me? Dzeside kae nèxɔ le wò Eŋlisigbe me dodokpɔ me?’ Nyemedina be mase nya ma kpɔ gbeɖe o!”—Ƒe 13 vi Sam.

MENYE Sam ɖeɖee le fu sia kpem o. Le nyateƒe me, agbalẽ si nye “Could Do Better” (Ate Ŋu Adze Agbagba Wu) ŋlɔlawo ŋlɔe be: “Míekpɔ dzila aɖeke si bunɛ be yewo vi le agbagba dzem alesi wòate ŋui le suku kpɔ haɖe o.” Gake sɔhɛ geɖe abe Sam ene susui be yewo dzilawo le eƒom ɖe yewo nu fũ akpa be yewoadze agbagba le sukudɔwɔnawo me—ɖewohĩ axɔ ŋgɔ na ame bubu ɖesiaɖe kura gɔ̃ hã. Woagate ŋu ado go ʋuyɔɖeamenu bubu le sukuxɔ me. Ƒewuivi aɖe fa konyi be: “Nufialawo megbɔa dzi ɖi vie teti o.” Wodi be nàɖo ŋku nuwo dzi enumake, eye ne mète ŋui o la, ame tsibome ko nàzu le wo gbɔ. Eyata nyemetenɛ kpɔna gɔ̃ hã o.”

Zi geɖe la, woyɔa ɖevi siwo mete ŋu ɖo wo dzilawo kple woƒe nufialawo ƒe nudidiwo gbɔ o be ɖevi madzeagbagbawo. Eye le nanewo me sukuviawo katã kloe nyea amesiwo mete ŋu dzea agbagba o. Nukatae? Nukutɔe la, menye kuviawɔwɔ alo numateŋusrɔ̃ koe nye nusi gbɔ wòtsona ɣesiaɣi o.a

Nusitae Wo Dometɔ Aɖewo Medzea Agbagba O

Ele eme be ne eɖo sukudɔwo dzi la, ɖevi aɖewo li siwo medina be yewoaku kutri ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu o. Ƒe 15 vi aɖe si ŋkɔe nye Herman ʋu nya me be: “Ne mate ŋu awɔ sue aɖe wòanyo la, eya koe mewɔna.” Le nyateƒe me la, menye ɖevi siawo katãe metsia dzi ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu ya o. Ate ŋu anye be sukunusɔsrɔ̃ aɖe koe medo dzidzɔ na wo o. Eye ɖewo hã li siwo wòsesẽna na be woakpɔ viɖe si le nusi srɔ̃m wole la ŋu adze sii. Ale ƒe 17 vi aɖe si ŋkɔe nye Reuben gblɔe enye si: “Nusɔsrɔ̃ aɖewo li si menya nyuie be ne medo le suku vɔ megbe la nyemagazã akpɔ o.” Esi naneke meli si aʋã wo alo ana nu ma sɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na wo o ta ele bɔbɔe be woava zu agbagbamadzelawo.

Nu bubuwo gali siwo gbɔ wòtsona. Le kpɔɖeŋu me, ne alesi nufiala aɖe fiaa nui tsɔna akpa na wò la, ate ŋu aɖe dzi le ƒowò. Ne egale gblɔdɔɔ akpa hã, ati wò. Sukuhatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi nèdzea agbagbae le suku dzi. Agbalẽ si nye Kids Who Underachieve (Ðevi Siwo Medzea Agbagba O) ɖe nu me be: “Ne ɖevi si agbalẽnyanya ɖe na di be ye hati siwo medzea agbagba le suku o nalɔ̃ yeƒe nya la, awɔ nɛ be ye hã yemagadze agbagba o.” Le kpɔɖeŋu me, ƒewuivi aɖe gblɔ be esi yedze suku gɔme la, yewo tɔwo biãa ŋu ɖe yeƒe agbagbadzedze ta eye yezu nukokoe na wo. Ẽ, gɔmeɖose si dze le Lododowo 14:17 si gblɔ be, ‘Woléa fu amesi zãa eƒe susu’ ate ŋu anye nyateƒe le sɔhɛ gome.

Ɣeaɖewoɣi la, nusiwo gbɔ agbagbamadzemadzea tsona la yi ŋgɔ wu ema. Nublanuitɔe la, esusu be yewomate ŋu adze agbagba o tsia sɔhɛ aɖewo si wotsina kplii. Esia ate ŋu adzɔ ne woyɔa megbeŋkɔ madedziƒoname vovovo abe ame dale, ame ƒoaka, alo kuviatɔ ene na ɖeviae. Nublanuitɔe la, megbeŋkɔ mawo ate ŋu aɖi wo ŋu. Abe alesi ɖɔkta aɖe gblɔe ene la, “ne wogblɔ na wò be bometsilae nènye eye nèxɔe se la, àva nɔ nu wɔm nenema.”

Zi geɖe la, susu nyuiwo tae dzilawo kple nufialawo yɔa ʋu ɖe ɖeviawo nu be woadze agbagba ɖo. Gake le ema hã me, ɖeviwo abu be wole nu geɖe fũ akpa biam tso yewo si. Ne nenemae wòle le gowòme la, lé dzi ɖe ƒo elabena menye ɖe dziwòlawo kple wò nufialawo di be yewoayɔ ʋu ɖe nuwò dzodzro o. Ðewohĩ ɖeko wodi be nàzã wò ŋutete bliboe. Ke hã ne èle woƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo ŋu bum la, ate ŋu ana nàdi be yeana ta. Gake lé dzi ɖe ƒo: Àte ŋu adze agbagba wu le suku.

Nana be Didia Nanɔ Mewò

Nu gbãtɔ si nàwɔe nye nàna didia nanɔ mewò! Be wòanɔ mewò la, ele be nànya viɖe si le nusi srɔ̃m nèle la ŋu. Biblia gblɔ be: “Amesi ŋlɔa nu la, naŋlɔe le mɔkpɔkpɔ me; eye amesi tugua mɔli la, natugui le mɔkpɔkpɔ me, bena wòakpɔ gome le eme!” (Korintotɔwo I, 9:10) Menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be nàkpɔ vevienyenye si le nusɔsrɔ̃ aɖewo siwo me wòle be “nàdzobo” me adze sii o. Le kpɔɖeŋu me, àgblɔ be, ‘Medi be manye kɔmpiutanuŋlɔɖoɖowo ŋlɔla. Ke nukatae wòle be masrɔ̃ ŋutinya?’

Enye nyateƒe baa be menye nusianu si le wò sukunusɔsrɔ̃wo mee adze nusi ŋu viɖe anɔ o—ne adze kura hã menye fifia o. Gake dze agbagba nàkpɔe kple etsɔmeŋku. Nu vovovo sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu anya nu geɖe tso nusiwo ƒo xlã wò la ŋu nyuie. Sɔhɛ geɖe siwo le Yehowa Ðasefowo dome de dzesii be nusɔsrɔ̃ le nu geɖe ŋu kpe ɖe yewo ŋu be ‘yewova zu nusianu na amewo katã,’ esi kpe ɖe wo ŋu wote ŋu trɔ bɔbɔe ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe si wodo goe ŋu be woate ŋu agblɔ Fiaɖuƒe gbedasia na amesiame ƒomevi. (Korintotɔwo I, 9:22) Ne nane sɔsrɔ̃ dze abe ɖe viɖe boo aɖeke manɔ esɔsrɔ̃ me o ene hã la, aɖe vi na wò ne ènyae. Àdzi wò ‘tamebubu ŋutete ya teti ɖe edzi,’ eye nusia ava ɖe vi geɖe na wò.—Lododowo 1:1-4.

Sukudede agate ŋu aɖe wò ŋutete siwo le ɣaɣla ɖe go. Apostolo Paulo ŋlɔ na Timoteo be: ‘De dzo Mawu ƒe amenuvevenunana si le mewò la me.’ (Timoteo II, 1:6) Edze ƒã be woɖo Timoteo na subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ le Kristo-hamea me. Gake ele be wòatu ŋutete—‘nunana’—si Mawu nae la ɖo, bene magatsi anyi azu vlo o. Enye nyateƒe be Mawu mede wò agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe ŋutete mewò abe alesi wòle le Timoteo ƒe nunanaa gome ene ya o. Ke hã ŋutete siwo le mewò—eɖanye nutata, hadzidzi, akɔnta, dzɔdzɔmeŋutinunya, alo nu bubu aɖee o—wonye nu tɔxɛwo na wò, eye sukudede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàva dze sii be nunana mawo le ye me eye nàtu wo ɖo.

Nusɔsrɔ̃ ƒe Numame Nyuiwo

Gake be suku naɖe vi gbogbotɔ kekeake na wò la, ele be nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔwɔ nyui nanɔ asiwò. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 3:16.) Wɔ ɖoɖo nàdi ɣeyiɣi si ade na nu geɖe sɔsrɔ̃, gake gbɔ ɖe eme ɣeaɖewoɣi bena nàte ŋu agakpɔ ŋusẽ yeye. Ne nuxexlẽ le wò nusɔsrɔ̃a me la, ke lé ŋku ɖe nyati bliboa ŋu gbã be nànya nusi ŋu nyati bliboa ku ɖo. Eyome bia nya siwo nàtu ɖe tawo ƒe tanya alo tanya gãwo dzi. Emegbe xlẽ nua, eye nàdi wò nyabiabiawo ƒe ŋuɖoɖo ne èle exlẽm. Mlɔeba kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo ŋku nusi nèsrɔ̃ dzi agblɔ agbalẽa dzi makpɔmakpɔe hã.

Tsɔ nusi nèsrɔ̃ la sɔ kple esiwo nènya xoxo. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Mawu ƒe ‘nɔnɔme makpɔmakpɔ siwo adze na wò kɔte.’ (Romatɔwo 1:20) Ŋutinya sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò ŋutɔ nàkpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye, be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ sime wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ne èlé fɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu la, anɔ eme be nàva kpɔe be nusɔsrɔ̃ megasesẽ boo o—eye wòavivi nuwò gɔ̃ hã! Salomo de dzesii be: “Sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.”—Lododowo 14:6.

Lé Nɔnɔme Nyui Me Ðe Asi

Gake ɣeaɖewoɣi la, agbagbamadzemadze tsoa amesiwo nètia xɔ̃wòwoe gbɔ. Ðe xɔ̃wòwo dea dzidzedzekpɔkpɔ ƒe dzi ƒoa, alo woawo ŋutɔ nye agbagbamadzelawo? Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Eyata nya alesi nàtia amesiwo nàde ha kplii. De ha kple amesiwo si susu nyui le ɖe sukudede ŋu. Mègagbe wò taɖodzinu be yeadzi yeƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi gbɔgblɔ na wò nufiala o. Ðikeke mele eŋu o be wò nufiala adze agbagba geɖe be yeakpe ɖe ŋuwò le ewɔwɔ me.

Ne ewɔ na wò be ŋutete mele ŋuwò o la, ke de ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Esi amewo nɔ vodada dim le eƒe nuƒoƒoŋutete ŋu la, egblɔ na wo be: “Ne menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyee le sidzedze me o.” (Korintotɔwo II, 10:10; 11:6) Ẽ, Paulo ƒe susu nɔa eƒe ŋutetewo ŋu wu eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Nukawo mee nète ŋu dzea agbagba le? Ne màte ŋu ade dzesi wo o la, nukatae màgblɔe na ame tsitsi aɖe si akpe ɖe ŋuwò o? Xɔlɔ̃ ma tɔgbe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nusiwo me nèdzea agbagba le eye be nàna woaɖe vi gbogbotɔ na wò.

Ŋgɔyiyi Togbɔ Be Kuxiwo Li Hã

“Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.” (Timoteo I, 4:15) Abe alesi vifofo ƒoa nu na via ene la, Paulo de dzi ƒo na Timoteo si kpɔ dzidzedze xoxo la be wòagawɔ ŋgɔyiyi le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Helagbe me dɔwɔnya si nye “woayi ŋgɔ” fia le nyagbɔgblɔa ŋutɔŋutɔ nu be “woanɔ mɔ ɖem ayi ŋgɔ,” eye esia he ame ƒe susu yi ame aɖe si le mɔ ɖem le gbe me dzi. Ɣeaɖewoɣi la, sukudede adze nenema. Sukudede anɔ bɔbɔe wu ne èbui be viɖe le nusi yeava kpɔ tso eme ŋu.

Agbagbadzedze, ŋusẽdoame, kple nusɔsrɔ̃e zɔna aduadu. Le kpɔɖeŋu me: Bu ame aɖe si ƒoa haƒonu aɖe ŋu kpɔ. Ne ele enu vivim la, eyia eƒoƒo dzi. Eƒoƒo manɛ ne eƒonɛ edziedzi eye esia gadzia eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi. Ne míesrɔ̃a nu ɣesiaɣi la, nusɔsrɔ̃ va nɔa bɔbɔe wu. Eyata wò sukudɔwo megaɖe dzi le ƒowò o. Do vevie nu, eye nàde ha kple amesiwo akpe ɖe ŋuwò be nàbi, eye nàɖo ŋku Azarya ƒe nya si wògblɔ na blemafia Asa dzi, be: “Miaƒe asi megado agblɔ o; elabena fetu li na miaƒe dɔwɔwɔ la!”—Kronika II, 15:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ðevi siwo ŋu mɔxenu siwo naa nu menya srɔ̃na na wo o le la ado go kuxi sesẽwo le nya sia me. Kpɔ Nyɔ!, July 8, 1996, axa 23-25 na nyatakaka bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mègagbe wò taɖodzinu be yeadzi yeƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi gbɔgblɔ na wò nufiala o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ne nane sɔsrɔ̃ dze abe ɖe viɖe boo aɖeke manɔ esɔsrɔ̃ me o ene hã la, aɖe vi na wò ne ènyae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe