Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Li Ŋutɔŋutɔa?
LE ƑE alafa 17 lia kple 18 lia me la, woho aʋa gã aɖe ɖe adzetɔwo ŋu le Europa-dukɔ akpa gãtɔ me. Wowɔ funyafunya ame geɖe siwo wobu be wonye adzetɔwo vevie. Ame aɖewo siwo si woda alakpa ɖo be wowɔa adze la lɔ̃ ɖe edzi le alesi woawɔ woadzudzɔ funyafunyawɔwɔ wo ko ta. Wowu ame gbogbo aɖe le nusi amewo susu le wo ŋu alo wobewobe ta ko.
Ðikekemanɔmee la, alesi wotsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo ŋkume ho aʋa ɖe adzewɔwɔ si nye gbɔgbɔvɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe ŋu ɣemaɣi la gbɔ eme akpa. Womede funyafunyawɔwɔ adzetɔwo alo gbɔgbɔyɔla bubuwo ƒomevi alo wo wuwu asi na Kristotɔwo o. (Romatɔwo 12:19) Aleke ame geɖe buna le eŋu egbea?
Etsɔtsɔ Nu Tsɛe
Ame akpa gãtɔ le Kristodukɔa me egbea mebua gbɔgbɔyɔyɔnuwɔna mawo nu gbegblẽ boo aɖekee o. Le numemekpɔkpɔ ta la, ame aɖewo adi be yewoanya nusi ɣletivimefakaka, akunyawɔwɔ, afakaka, kple adzewɔwɔ nye, gake womebua vivimenuwɔna siawo gbɔgbɔvɔ̃subɔsubɔe o. Ɣeaɖewoɣi la, fefewɔlawo, kamedefefewɔlawo, kple dunyahelawo lɔ̃na ɖe edzi le gaglãgbe be yewoƒoa yewo ɖokui ɖe vivimenuwɔnawo me. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be agbalẽ kple sinima aɖewo wɔnɛ adzetɔwo kple dzotɔwo dzena “ame nyui siwo to vovo vie ko, amesiwo ƒe ŋusẽdɔwɔnawo megblẽa naneke le ame aɖeke ŋu o.” Vivimenuwɔna ŋu nyawo ate ŋu anɔ wɔna aɖewo siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ aɖe modzakae na ɖeviwo ahafia nu wo la me.
Gbɔgbɔvɔ̃nuwɔnawo tsɔtsɔ nu tsɛe kple ebubu nusi ŋu vɔvɔ̃ mele o ate ŋu awɔe amewo maxɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe anyinɔnɔ dzi ase o. Èxɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo li eye woƒe ŋku biã ɖe mía ŋu be yewoagblẽ nu le mía ŋua? Ame akpa gãtɔ kura gɔ̃ hã agblɔ egbea be kadodo aɖeke menɔ yewo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo dome kpɔ alo yewokpɔ woƒe nuwɔƒe kpɔ o. Ðe gbɔgbɔ vɔ̃wo li vavãa?
Dzimaxɔse Naa Wotsia Vedomesi
Amesiwo gblɔna be yewoxɔ Biblia dzi se gake kea ɖi gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe anyinɔnɔ tsiaa vedomesi. Ne womexɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo li o la, ke womele Biblia hã dzi xɔm le sesem tututu o. Nukatae? Elabena Mawu ƒe Nya Biblia fia nu be gbɔgbɔ vɔ̃wo li eye ŋusẽ si tri akɔ wu amegbetɔwo tɔ le wo si.
Eƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ alesi nuwɔwɔ nyanu aɖe to da dzi ble Xawa eye wòna wòdze aglã ɖe Mawu ŋui la ŋu nya. (Mose I, 3:1-5) Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ si nye Nyaɖeɖefia yɔ “da xoxo,” ameflula vɔ̃ɖi sia be eyae nye ‘amesi woyɔna be Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Satana te ŋu ble mawudɔla bubuwo hã nu wova zu aglãdzelawo. (Yuda 6) Woyɔ mawudɔla mawɔnuteƒe siawo be gbɔgbɔ vɔ̃wo le Biblia me. Wole anyigba la ƒe nutowo me, eye dzi le wo kum vevie ɖe Mawu kple amesiwo subɔnɛ ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:12.
Ŋusẽ le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo si si dzi wotona kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi, gblẽa wo dome, eye woƒoa nu kple amegbetɔwo. (Luka 8:27-33) Ƒe akpe nanewoe nye esia wotsɔ srɔ̃ nu tso amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu. Wonya alesi woato amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi alé woe. Biblia ka nya ta tso alesi wowɔ fu ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo alo kpɔ ŋusẽ blibo ɖe wo dzii ŋu. (Mateo 15:22; Marko 5:2) Woate ŋu ahe dɔléle aƒu ame alo agblẽ ame ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe abe ŋkugbagbã na ame ene. (Hiob 2:6, 7; Mateo 9:32, 33; 12:22; 17:14-18) Woagate ŋu axe amewo ƒe susuwo me hã. (Korintotɔwo II, 4:4) Gbɔgbɔ vɔ̃awo le dɔ dzi ɣesiaɣi abe woƒe ŋgɔnɔla Satana si le abe “dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe anyinɔnɔ ŋuti nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me. Ne èxɔ Biblia dzi se la, ekema èxɔ nuwɔwɔ vɔ̃ɖi makpɔmakpɔwo ƒe anyinɔnɔ hã dzi se.
Ameblela Vɔ̃ɖiwo
Gake aleke gbɔgbɔ vɔ̃ ŋusẽtɔwo anɔ anyi egbea gake ŋɔdzi malé xexeame ɣesiaɣi o? Nukatae woƒe anyinɔnɔ kple nuwɔnawo medzena míekpɔna tututu o? Biblia ɖo eŋu be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Ameblelae Abosam nye. Zi geɖe la, gbɔgbɔ vɔ̃wo trɔa woƒe nuwɔna bubui abe nane si ŋu afɔku aɖeke mele o alo nusi nyo kura gɔ̃ hã ene. Eyata ekpɔkpɔ dze sii mele bɔbɔe o.
Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo gale fuwɔwɔ amewo dzi le mɔ vovovowo nu abe alesi wowɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo mee ene. Ame aɖewo siwo va zu Kristotɔ vavãwo egbea la ƒo wo ɖokui ɖe vivimenuwɔnawo me kpɔ va yi; woate ŋu aɖi ɖase le alesi gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedzewo dzi ŋɔe ŋu. Egbea la, gbɔgbɔ vɔ̃wo le woƒe ŋusẽ si tri akɔ wu amegbetɔwo tɔ zãm tsɔ le amewo blem de vivimenuwɔnawo me, ɖewohĩ le mɔ siwo lolo wu tsã tɔwo nu. Mele be míabu woƒe ŋusẽ nu tsɛe o. Gake woblea ame nu tsɔ hea amewo ɖa le Mawu ŋu wu to ŋɔdzidodo na wo dzi. Biblia gblɔ be Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo le ‘xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Woɖoe kplikpaa be yewoato ayemɔ dzi agblẽ nu le gbɔgbɔmenyenye ŋu le míaƒe manyamanya me.
Gbɔgbɔ vɔ̃wo li ŋutɔŋutɔ. Ne menye nenema o la, nuka gbɔe ʋukɔkɔɖi kple nu gbegblẽ gbogbo siwo bɔ egbea alea gbegbe agate ŋu atso? Amegbetɔwo ƒe didi le dzɔdzɔme nue nye be yewoanɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me. Gake gbɔgbɔ vɔ̃awo doa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe ŋgɔ eye ŋusẽ le wo si woagblẽ amegbetɔwo ƒe susu eye woakpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
Ke hã Mawu ŋusẽkatãtɔe Yehowa nye—eƒe ŋusẽ tri akɔ wu gbɔgbɔ vɔ̃awo tɔ. Edoa ŋusẽ mí eye wokpɔa mía ta tso “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo” me. (Efesotɔwo 6:11-18) Mele be míana gbɔgbɔ vɔ̃wo nadzi ŋɔ na mí o, elabena Mawu do ŋugbe na mí be: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]
Sipa Icono