Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ be Xɔ̃nye Nagaɖo Tɔ Ðe Nunye O?
“Xɔ̃nye wɔa nu abe eƒe nunɔamesie menye ene. Enɔa ŋunye akpa.”—Hollie.
LODODO nyui aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lododowo 18:24) Eye ne xɔ̃wò ƒe susu, nusi ɖia kokoe nɛ, alo eƒe nudidiwo sɔ kple tɔwò la, àdi kokoko be mia kplii mianɔ teƒe ɖeka. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Caroline gblɔ be: “Nusita mía kple ame aɖewo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ le hamea me me sẽ lae nye be míewɔa nu ɖekae.” Yehowa Ðasefoe Caroline nye, ale be etia ɣleti ɖeka aɖe be yeazã gaƒoƒo 60 atsɔ awɔ nyanyuigbɔgblɔdɔae. Xɔ̃awo hã wɔ ɖoɖo be yewoawɔ dɔ sia kplii!
Gake togbɔ be viɖe le nuwɔwɔ ɖekae me hã la, ɣeaɖewoɣi awɔ abe ɖe wòva glo ene. Hollie si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la kpɔe be ye xɔlɔ̃ aɖe le tɔ ɖom ɖe ye nu. Eye menye eya ɖeka koe kpɔnɛ nenema o. Hollie gblɔ be: “Ewɔ abe nu ma dzɔna ɖe sɔhɛ bubuwo hã dzi ene. Wonɔa wo nɔewo ŋu kaka wòva zua dzre. Emegbe womegadoa nu wo nɔewo ŋu o kwasiɖa geɖe.”
Kuxiae nye be, mele bɔbɔe be nàgblɔ na xɔ̃wò be enɔa ye ŋu kplikplikpli akpa ale be yedi be wòana yeavo vie o. Ðewohĩ àsusu be ate ɖe ye xɔlɔ̃a dzi. Ðewohĩ àvɔ̃ hã be yewo dome agblẽ. Gake ne xɔlɔ̃wo na wo nɔewo vona nɔa wo ɖokui si alesi dze la, ana xɔlɔ̃wɔwɔa nanyo wu ke magblẽ o.
Le kpɔɖeŋu me: Eva hiã be woatɔ gakpɔ ɖe ati gã aɖe ŋu le abɔ aɖe si me amehawo dena me le Sydney, Australia. Nukata? Elabena ameha gbogbo siwo vana la le anyigbaa tem ale gbegbe be atia ƒe kewo xaxa. Ne ɖe wometɔ kpɔ ɖe atia ŋu o la, ne eku. Ate ŋu adzɔ le xɔlɔ̃wɔwɔ me hã nenema. Ame nɔewo gbɔ nɔnɔ akpa ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ me. Fia Salomo ŋlɔ be: “Meganɔ afɔ ƒom hawòvi ƒe me, ne wò nu nagati kɔ nɛ, eye wòalé fu wò o.”—Lododowo 25:17.
Ɣeyiɣi si Ame Ŋutɔ Ðeɖe Anɔ Anyi Hiã
Nukatae Salomo gblɔ nya sia? Susu ɖekae nye be ehiã mí katã be míakpɔ ɣeyiɣi míawo ɖeɖe míanɔ anyi. Ehiã Yesu Kristo kura nenema. Togbɔ be enɔa eƒe nusrɔ̃lawo ŋu kplikplikpli hã la, ɣeaɖewoɣi edzona le wo gbɔ eye “eya ɖeka [yina to dzi] be, yeado gbe ɖa.” (Mateo 14:23; Marko 1:35) Isak si nye Mawuvɔ̃la hã di ɣeyiɣi nɔ eɖokui si. (Mose I, 24:63) Ehiã be wò hã nàkpɔ ɣeyiɣi na ɖokuiwò hena nanewo abe sukudɔdasiwo, aƒemedɔwo, kple wò ŋutɔ ɖokuiwòsi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ. Eye ne xɔ̃wòwo mebu ŋuwò o ale be woŋe aɖaba ƒu wò nuhiahiã siawo dzi la, dzi aku wò.
Eyata mègavɔ̃ be yeagblɔ na xɔ̃wòa be yehiã ɣeyiɣi ye ɖeka yeanɔ anyi o. Esi Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ “media ye ŋutɔ tɔ o” ta la, zi geɖe xɔlɔ̃ vavãtɔ adze agbagba ase nu gɔme. (Korintotɔwo I, 13:4, 5; Lododowo 17:17) Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Esime wòsusɔ vie maŋlɔ nye dodokpɔ mamlɛ la, xɔ̃nyewo do alɔm eye wose nu gɔme nam. Esi medi be mavo asrɔ̃ nu la, meɖe fu nam be magblɔ na wo be woadzo o. Ele bɔbɔe be mato nyateƒe na xɔ̃nyewo; wonya be agba le mí katã dzi.”
Le nyateƒe me la, Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Vevitɔ bia be nàbu xɔ̃wòwo ŋu abe alesi wò hã nèdii ene. (Mateo 7:12) Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Tamara ŋlɔ be: “Dɔ gbogbo siwo le dzinye koŋ na mekpɔe dze sii nyuie wu be xɔ̃nyea hiã ɣeyiɣi na eɖokui.” Eye ne dɔwo le Tamara dzi le eƒeme la, exɔlɔ̃wo meƒonɛ ɖe enu be wòawɔ kaba alo be wòaɖe asi le wo ŋu ava wɔ wo emegbe o. Ke boŋ Tamara gblɔ be, “zi geɖe wokpena ɖe ŋunye míewɔa nye dɔwo kple susu be ne míewu wo nu la, ne míava wɔ míaƒe nuwo.” Aleke gbegbe xɔlɔ̃ ɖokuitɔmadila siawo xɔ asii enye si—eye aleke gbegbe wozã ɣeyiɣi si wotsɔ nɔ wo nɔewo gbɔ wòɖe vii enye si!
‘Mikeke Mia Ðokui’
Susu bubu aɖe hã li si ta wòle be xɔlɔ̃wo navo anɔ wo ɖokui si. Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple seselelãmewo katã ɖe xɔlɔ̃ ɖeka ŋu la, ate ŋu awɔe be míaŋe aɖaba aƒu xɔlɔ̃ vevi bubuwo wɔwɔ dzi—abe xɔlɔ̃wɔwɔ kple mía dzilawo kple tɔ ɖeka nɔ ɖeka viwo kpakple Kristotɔ bubuwo ene. Azɔ hã míate ŋu atsi le seselelãme kple gbɔgbɔ me gome nyuie o. Biblia gblɔ be: “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:17) Edze ƒã be ɖeko hadede kple ame ɖeka pɛ ‘anyre’ wò vie ko—vevietɔ ne hatiwòe amea nye.
Eyata Biblia mede dzi ƒo be míadze xɔ̃ amesiwo ƒe susu sɔ kple mía tɔ, ame ʋee aɖewo, alo atia ame aɖewo ko o. Ede dzi ƒo na mí be ‘míakeke mía ɖokui.’ (Korintotɔwo II, 6:13) Agbalẽ si nye Moods and Feelings (Nɔnɔmewo Kple Seselelãmewo) ɖo aɖaŋu be: “Ne tsi metoa mia kple amea dome o hã la, ele vevie be nàdi ɣeyiɣi ayi xɔlɔ̃ bubuwo hã gbɔ.”
Aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Kristotɔ ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Michael gblɔ be: “Mía kple Troy míewɔa nusianu ɖe du, le hamea me kple le hadome. Tsi metoa mía dome o. Emegbe Ðasefo sɔhɛ bubu ʋu va hamea me. Mía kplii míedi be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa ɖekae, eyata mía kplii míeva nɔ mía nɔewo gbɔ yim.” Nukae va dzɔ? Michael gblɔ be: “Troy megadoa nu ŋunye o, eye esi medze agbagba be madzra mía dome ɖo do kpoe la, meva dzudzɔ nuƒoƒo kplii. Nusia yi edzi ƒe ɖeka sɔŋ.” Egblɔ be yewoƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nye “tɔɖoɖo ɖe ame nu ŋuʋaʋãtɔe.”
Gake xɔlɔ̃ nyuiwo metsɔa wo nɔewo abe woƒe nunɔamesiwoe wonye ene o. Eyata ne xɔ̃wòa melɔ̃ be nàkeke wò xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe enu o la, ahiã be miakɔ dzime aƒo nu kple mia nɔewo. Ðewohĩ ɖeko wòhiã be nàna xɔ̃wòa naka ɖe edzi be miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me magblẽ o. Na wòase egɔme be miakpɔtɔ anɔ nu wɔm ɖekae.
Enye nyateƒe be axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi xɔ̃wòa nase nya sia gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Zaneta si xɔ ƒe 16 la va nɔ ŋu ʋãm vivivi esi exɔlɔ̃ vevi dze hadede kple ame bubuwo gɔme. Gake Zaneta gblɔ be yeɖu seselelãme siawo dzi “to gbedodoɖa kple ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ me.” Nusia na woa kple exɔlɔ̃a dome ganɔ kplikplikpli. Michael xɔlɔ̃ Troy hã va ɖe asi le ŋuʋaʋã si ge ɖe eme ŋu eye wogazu xɔlɔ̃ veviwo ake. Ðewohĩ xɔ̃wò hã atrɔ nenema ke. Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃wɔwɔ keke ɖe enu va ɖea vi na xɔlɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe mlɔeba. Debbie si xɔ ƒe 17 la kpɔe be ne ye xɔlɔ̃ dze xɔ̃ yeyewo la, “zi geɖe la, woawo hã zua xɔ̃nyewo.”
Ke ne xɔ̃wòa gbe be yemase egɔme be miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa natrɔ alea o ɖe? Ðewohĩ naneke meli miawɔ wu be miaklã o. Gake hafi nàtso nya me be nusianu natɔ ɖe afima la, nukata màbia dziwòlawo ƒe nukpɔsusu le nya la ŋu o? Ne èbu eŋu la, dzila Mawuvɔ̃lawoe nye xɔ̃wò vevitɔwo kekeake. Eye ɖewohĩ aɖaŋu nyui aɖewo anɔ wo si siwo akpe ɖe ŋuwò be nàlé xɔlɔ̃wɔwɔa ɖe te eye vovo si dim nèle la magbe asiwò susu o.
De Ha Kple Xɔlɔ̃ Nyuitɔwo
Aɖaŋuɖoɖo aɖee nye esi: Xɔlɔ̃wɔwɔ keke ɖe enu mefia be nàdze xɔ̃ amesiame ko o. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu gblɔ be: “Edzɔna be nàva nɔ nu wɔm abe amesiwo nèdea ha kplii ɣesiaɣi la ene. Ɣeaɖewoɣi màkpɔe be nusia le dzɔdzɔm o. Susu ka kee ɖale asiwò o, àva nɔ nu ŋu bum abe hatiwòwo ene ahanɔ nu wɔm abe woawo ene. Hatiwòwo ato mɔ sia dzi ava kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.” Nya sia kee Biblia gblɔ ƒe akpe geɖe enye sia esi wògblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ede ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.
Ne èle suku dem alo dea dɔme la, ahiã be nàde ha kple amesiwo metsɔ ɖeke le Yehowa subɔsubɔ me o. Gake ne àdze xɔlɔ̃ veviwo la, ɖo ŋku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”—Korintotɔwo I, 15:33.
Ðo ŋku edzi hã be xɔlɔ̃wɔwɔ kple mía Wɔla, Yehowa Mawu, le vevie wu xɔlɔ̃dzedze kple amegbetɔ ɖesiaɖe. Xɔlɔ̃ nyui geɖe le Debbie si ƒe nya míegblɔ va yi la si. Gake eƒe aɖaŋuɖoɖoe nye be, “kpɔ egbɔ be Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi.” Nu mae Abraham, blematɔ nuteƒewɔla la wɔ, eye Yehowa yɔe be “xɔ̃nye.” (Yesaya 41:8) Eye bu nusia ŋu kpɔ: Yehowa mebia dzi ne èkpɔ vovo ɖe xɔ̃wòwo, amesiwo hã lɔ̃nɛ ŋu o; le nyateƒe me la, ede dzi ƒo be nàdze xɔ̃ wo. Xɔlɔ̃ nyui ka gbegbee nye si wònye!
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Xɔlɔ̃ vavãwo dzea sii be ele be yewo tɔwo nakpɔ vovo ɖe wo ɖokui ŋu