Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Ga Gbegblẽ ɖe Atikevɔ̃ɖiwo Zazã Ŋu
United States dziɖuɖua ka nya ta be wobui be Amerikatɔwo zã dɔlar biliɔn 57.3 le ƒe 1995 me ɖe atike manɔsenuwo ŋu. Ne womã atike siwo wodzra ɖe akpa etɔ̃ la, cocaine lɔ akpa eve, eye heroin, marijuana, kple atike manɔsenu bubuwo lɔ mamlɛa. Associated Press ƒe nyatakaka gblɔ be Dziɖuɖua ƒe Mɔxexe Ðe Dukɔa ƒe Atikevɔ̃ɖiwo Nu Dɔwɔƒe ƒe tatɔ Barry McCaffrey gblɔ be ga home si wozãna ɖe atike siawo ŋu ate ŋu akpe ɖe ame miliɔn ɖeka ŋu woade kɔledzi ƒe ene alo aƒle nyinotsi lita biliɔn 83 na vidzĩ siwo womekpɔa nuɖuɖu nyui na o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, womebu ga si wozã ɖe nusiwo wògblẽna le amewo ŋu, abe nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi, ame ŋutɔ kple ƒomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ, kple dɔlélewo abe aklãdɔ kple AIDS ene ƒe kaka de eme o.
Se si Woŋlɔ Be
Biblia me Se Ewoawo dometɔ nenie nàte ŋu ayɔ ɖe ɖoɖo nu? Wokpɔ le numekuku aɖe si wowɔ le Rio de Janeiro me be Braziltɔ 1 le 4 ɖesiaɖe me mate ŋu ayɔ wo dometɔ aɖeke o! Veja ka nya ta be le amesiwo nya seawo dometɔ ɖeka ya teti gome la, ame 42 le alafa me yɔ “Megawu ame o” alo “Megafi fi o.” Bubuwo ɖo ŋku esiawo dzi, “Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃ ŋu o” (38 le alafa me), “Bu fofowò kple dawò” (22 le alafa me), “Megaɖi aʋatsoɖase o” (14 le alafa me). Amesiwo wobia gbee dometɔ 13 le alafa me koe ɖo ŋku se etɔ̃lia be, “Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o” dzi.
Ðeviwo ƒe Nunyanya Dodokpɔ Kaba
Modern Maturity ka nya ta be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ ŋu xɔe se fifia be tso vidzĩ ƒe dziɣi va ɖo eƒe ƒe etɔ̃ xɔxɔ mee nye ɣeyiɣi si me eƒe ahɔhɔ̃ te ŋu tsina le wu kabakaba. Wogasusui hã be ne wona wòwɔ eƒe susu ŋudɔ la, enaa kadodo siwo nɔa anyi ɖaa va ɖo eƒe tsitsime ɖoa eƒe ahɔhɔ̃mekawo me. Eyata dzila aɖewo dze wo viwo ƒe susu dodokpɔ gɔme ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na woƒe abɔdzokpo suku gɔmedzedze be wòakpe ɖe wo ŋu woanya nu wu wo tɔwo. Gake Ðk. Barry Zuckerman si le Boston Yunivɛsiti ƒe Atikesrɔ̃suku ƒe dɔwɔƒe si kpɔa ɖeviwo ƒe dɔlélewo gbɔ ƒe zimenɔla fa konyi ɖe dzila siwo wòwɔna na be “ezu dzizizi na yewo be ‘yewoanɔ dzo dem’ yewo vi vidzĩ ‘ƒe susu ŋudɔwɔwɔ me’ ɣesiaɣi” be wòava zu “vidzĩ si nya nu wu vidzĩ bubu ɖesiaɖe” la nu. Richard Weinberg si nye ɖeviwo ƒe susuŋununyalagã hã gblɔ kpee be: “Zi geɖe ne wodze ɖeviwo dzizizi gɔme kaba akpa be woadze le wo tɔwo ŋu la, ehea wo ɖe megbe boŋ. Mina mia viwo nase vivi na woƒe ɖevimenɔnɔ.”
Nugbugbɔgaŋlɔla Ðɔŋuɖowo
Ðk. Barbara Aland si nye Nubabla Yeyea Ŋuti Numekudɔwɔƒe ƒe amegã le Münster, Germany gblɔ be wogbugbɔ ŋlɔ Biblia ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe kpukpuiwo kple ŋuɖɔɖɔɖo blibo eye wokpɔ eta wòva tu mí le beléle gã aɖe me. Westfälische Nachrichten ka nya ta be: “Ƒã hafi nàke ɖe vodada alo tɔtrɔ siwo wobua wɔ le mawunyamenufiafiawo ta gɔ̃ hã ŋu le eme.” Tso ƒe 1959 me ke la, dɔwɔƒea dzro asinuŋɔŋlɔ siwo li tso keke Titinaɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ nɛ sã la dometɔ siwo wu 5,000 me. Wolé asinuŋɔŋlɔgbalẽawo ƒe 90 le alafa me ɖe ka dzi. Nukatae Biblia gagbugbɔŋlɔlawo ɖɔ ŋu ɖo ale gbegbe be yewomawɔ vodada o? Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be esi “wobu wo ɖokui be ‘nugbugbɔgaŋlɔlawoe’ yewonye ke menye ‘nua ŋlɔlawo o’” tae.
Kɔfi si me Caffeine Mele O Ye Nyateƒea?
Amesiwo kɔfi me nunyiame si nye caffeine menyo na o la noa kɔfi siwo me woɖe caffeine le ɖe eteƒe. Gake ɖe wònye nyateƒe be nàte ŋu akpɔ kɔfi si me woɖe caffeine le ne èbiaa? The New York Times gblɔ be le ame 3 ɖesiaɖe me la, ame 1 koe te ŋu kpɔnɛ. United States ƒe Nuɖuɖu Kple Atikenyawo Dzikpɔƒe gblɔ be ne wobe woɖe caffeine le kɔfi me la, efia be caffeine kpekpeme si nye miligram eve va ɖo atɔ̃ koe le eme. Gake kɔfiɖoƒe 18 le New York City me ƒe kɔfi siwo wotsɔ sɔ kple wo nɔewo tɔ ɖee fia be caffeine si nɔa kɔfikplu ɖeka me to vovo tso wo nɔewo gbɔ ŋutɔ, tso caffeine miligram 2.3 va ɖo caffeine miligram 114! Dukɔa me Kɔfidɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be caffeine miligram 60 va ɖo 180 ye nɔa kɔfikplu akpa gãtɔ me.
Avewo Ƒoƒo le Xexeame Godoo
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Jornal da Tarde ka nya ta be: “Ne womã anyigba la ƒe avewo ɖe akpa etɔ̃ la, woƒo akpa eve vɔ xoxo.” Le avenyigba si ƒe lolome nye kilometa milɔn 80 le dzogoe ene me si le anyigba dzi me la, kilometa milɔn 30 le dzogoe ene me koe kpɔtɔ. Xexeame Habɔbɔ ƒe Ga Hena Lãwo Takpɔkpɔ ƒe dɔwɔha de dzesii be Asia ye nye anyigba si dzi woƒo avewo le wu, woƒo woƒe ave si nɔ wo si tsã ƒe akpa 88 le alafa me vɔ. Agbɔsɔsɔ si woƒo le Europa ye nye 62 le alafa me, 45 le alafa me le Afrika, 41 le alafa me le Latin Amerika, eye 39 le alafa me le Dziehe Amerika. Amazonia, afisi anyigbaxɔdzodzivetsu siwo naa tsi dzana ƒe ave siwo kpɔtɔ la nye lolome si nɔ wo si ƒe 85 le alafa me kple edzivɔ. O Estado de S. Paulo yɔ nya tso nya si Lãwo Takpɔha la ƒe amegã Garo Batmanian gblɔ me be: “Mɔnukpɔkpɔ le Brazil si be wòatsri vodada siwo wowɔ le ave bubuwo me la wɔwɔ.”
Kesinɔnuwo Fifi
World Press Review gblɔ be woka nya ta nyitsɔ sia le nyadzɔdzɔwo me le Canada be “le Persia Ƒukɔme ʋa si wowɔ le ƒe 1991 me si wɔe be Mesopotamia kesinɔnuwo fifi va le bɔbɔe ta la, dukɔwo dome nuvlowɔhawo le nugbe ɖom ɖe wo ŋu.” Le ƒe 1996 me la, fiafiwo dze kpɔ ge ɖe Babylon Blemanudzraɖoƒe le ŋdɔ nu eye wolɔ anyikpememe lɔbɔ kple anyikpememe gbadza siwo dzi blemanuŋɔŋlɔ le. Wosusui be blemanu mawo siwo mebɔ o siwo dometɔ aɖewo nɔ anyi tso Nebukadnezar II ŋɔli ke la ate ŋu axɔ wu $735,000 le dukɔwo dome ɖaŋunuwo dzraƒe. Teƒe bubu si fiafiawo tɔ ŋkui ye nye blemadu si nye Al-Hadhr. Magazine la gblɔ be dziɖuɖua ɖo gli tsɔ xe dua ƒe agbowo kpakple mɔ siwo ge ɖe dua me nui be woatsɔ akpɔ kesinɔnu siwo susɔ la tae.
Katolikoha la Le Tsɔtsɔke Biam
France ƒe Roma Katolikoha la ta “Dzimetɔtrɔmeʋunyawo” si dzi ha la da asi ɖo si me wole tsɔtsɔke biam Mawu kple Yudatɔwo ɖe Katolikoha la ƒe “ɖekematsɔmatsɔ le” Yudatɔwo yometiti “me” esime dziɖuŋusẽa nɔ Vichy le France ƒe aʋaŋɔli la ta. Tso ƒe 1940 va ɖo 1944 me la, wolé Yudatɔ siwo wu 75,000 eye wokplɔ wo dzoe le France tsɔ yi Nazitɔwo ƒe ametsrɔ̃saɖawo me. Franse nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde ka nya ta be Bisiɔpgã Olivier de Berranger gblɔ le nyati aɖe si wòxlẽ me be sɔlemeha la lɔ̃ ɖe edzi be yeɖe mɔ nusi ade ye ŋutɔ ye dzi “vu tsyɔ Biblia ƒe se matrɔmatrɔ si nye be woade bubu amegbetɔ ɖesiaɖe si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ŋu la dzi.” Togbɔ be Franse nunɔla ʋee aɖewo ƒo nu tsɔ de Yudatɔwo dzi hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ de Vichy dziɖuɖua kple eƒe ɖoɖowo dzi. Nyameʋuʋua ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Ele be sɔlemeha la nalɔ̃ ɖe edzi be le Yudatɔwo yometiti, vevietɔ se siwo Vichy dziɖuɖumegãwo wɔ tsɔ tsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu, me la, nusiwo me woɖe ɖekematsɔleme fia le sɔ gbɔ sã wu esiwo me wobi dzi ɖe nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ŋu le. Nusi bɔ wue nye nya aɖeke magblɔmagblɔ le eŋu, eye ƒã hafi ame aɖe ƒoa nu tsɔ dea amesiwo ŋu wole nu gblẽm le dzii. . . . Míele eme ʋum egbe be vodada wònye míewɔ be míezi kpi. Míelɔ̃ ɖe edzi hã be ha la do kpo eƒe nyanyuikakadɔ si nye be wòanye amewo ƒe dzitsinya ƒe hehenala la wɔwɔ le France.”
Nudzodzoevi Gblẽnuwo
Esi nudzodzoevi dzẽ si gblẽa ayedewo va ɖo Arabia Ƒukpoafã dzi mede ƒe 20 haɖe o la, eɖe do ɖe ayede akpe nanewo me hegblẽ nu geɖe. The Economist ka nya ta be: “Wole vɔvɔ̃m gɔ̃ hã be ayedewo—Arabia ƒe ‘atikutsetse si ŋu wònɔa agbe ɖo’ ƒe 5,000 sɔŋ enye esia—ava tsrɔ̃ ɖa kura.” Nudzodzoevia si didi sentimeta 5 ko ɖea do ɖe ayedea me fũ, eye ʋeʋeʋe la, ewua ayedea. Nudzodzoewutikewo mete ŋu wɔa nu boo aɖeke le nudzodzoevia ŋu o, eye wòle dzidzim kabakaba ɖe nutoa katã me.
Viɖe si Le Dɔwɔla Siwo Tsi ɖe Dɔ me Ŋu
London ƒe The Times ka nya ta be dɔwɔla siwo tsi xɔ wu ƒe 47 la te ŋu nɔa ŋudzɔ eye woléa fɔ ɖe dɔ ŋu le ŋdi me wu wo tɔ siwo metsi ɖo afima o. Esi nɔnɔme sia trɔna emegbe le ŋkekea me ta la, Tom Reilly si le dɔ wɔm le John Moores Yunivɛsiti le Liverpool do susu ɖa be dɔtɔwo nawɔ ɖoɖo be dɔwɔla siwo tsi ɖe dɔ me wu nawɔ dɔ le ŋdi kpa dzi eye esiwo metsi boo o nava wɔe le ŋdɔ kple fiẽwo me. Amesiwo va ƒo nu le Britaintɔwo ƒe Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ ƒe takpekpe si wowɔ le tsitsi ŋu hã gblɔ be fiase gãwo kple fiase siwo me ame ŋutɔ kɔa adzɔnuwo va xea fea na gadzikpɔla hã lɔ̃a ame tsitsiwo xɔxɔ be woawɔ dɔ na yewo. Nukatae? Elabena wotsɔa ɖe le eme na nuƒlelawo wu eye wozãa susu le nusiwo me womeŋlɔ naneke ɖi le alesi woawɔ nuwo ŋui tẽ o me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be wowɔna ɖe “nudzeamewɔwɔse siwo ɖewohĩ dɔwɔƒea megabuna o” la hã dzi.