Mɔ Atɔ̃ Siwo Dzi Nàto Ana Wò Agbenɔnɔ Naka Ðe Eme
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CENTRAL AFRICAN REPUBLIC GBƆ
NUWO ƒe asixɔxɔ, dɔléle, nunyuimakpɔɖui, hiãkame—kuxi siawo bɔ ɖe dukɔ madeŋgɔwo me. Eye le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, naneke meli si ava kpɔ wo gbɔ kaba o. Ne dukɔ madeŋgɔ mee nèle la, ɖe nane li nàte ŋu awɔ be wò agbenɔnɔ naka ɖe emea? Ẽ, nane li nàwɔ! Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ aɖewoe nye esiwo gbɔna siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò eye wo dzi anya wɔ.
Gbãtɔ: Tso Abɔ
Biblia gblɔ le Lododowo 28:19 be: “Amesi de eƒe agble la, nuɖuɖu abɔ ɖe esi.” Le nyateƒe me la, nusiwo woate ŋu aŋe tso agble sue aɖe me la awɔ nuku na wò. Agbalẽŋlɔla Henk Waayenberg gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Le jardin potager sous les tropiques (Anyigba Xɔdzo Dzi Detsiƒonubɔ) me be, woate ŋu akpɔ detsiƒonu siwo asu na ƒome si me ame ade le tso anyigba si lolo de meta 50 va ɖo 100 togodo dzi!
Nukatae nàgblẽ wò ga ɖe nusiwo ƒe agble nàte ŋu ade ŋu? Le alesi anyigbaa le kple alesi tsi dzana eye ŋdɔkutsu ʋunae nu la, àte ŋu aƒa fetri, ado atadi, gboma, ademɛ, tiigbe, sabala, agbeli, aŋanyi, anagotee, foŋfoŋ, tomatos, dzamatre kple bli ɖe wò xɔ xa tututu. Ne mede ɖekeɖeke o hã la, wò ƒomea ate ŋu akpɔ nuɖuɖu aɖewo tso abɔ ma me, eye ɖewohĩ àte ŋu aŋe nu sɔ gbɔ kura akpɔ ɖe adzra.
Ne wò anyigba lolo la, àte ŋu ado atikutsetse hamehame hã. Le go aɖewo me la, atikutsetseti ɖeka ate ŋu atse ku wu wò ƒomea ƒe ɖuɖu. Ne èsrɔ̃ aɖuwɔwɔ—asitɔtrɔ le gbeɖuɖɔ vovowo ŋu azã abe anyigbanyronu ene—la, ana wò nukuwo nawɔ nyuie wu. Menye nuɖuɖu kple ga koe wò ƒomea ate ŋu akpɔ tso atiwo me o. Ati siwo wodo wo dome ka nyuie ate ŋu ana vɔvɔli, aɖe ɖi le yaƒoƒo me, eye woana wò aƒe gbɔ nadze ani ahana dzidzeme.
Ke ne mènya nu boo le abɔwɔwɔ ŋu o ɖe? Ðe xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, alo amenyanyɛ aɖewo le asiwò siwo nya eŋua? Ekema nukata màbia wo bene woakpe ɖe ŋuwò alo aɖo aɖaŋu na wò o? Ðewohĩ anya wɔ hã be nàƒle agbalẽ siwo fia abɔwɔwɔ alo nàɣe wo.—Kpɔ nyati si nye “Nukata Màwɔ Detsiƒonubɔ O?” si le May 22, 1974 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
Evelia: Ƒle Nu le Agbɔsɔsɔ Me
Ðe nèƒlea nuwo abe abolowɔ, mɔli, kple ami suesuea? Ne nenemae la, ke èle wò ga akpa gã aɖe dome gblẽm. Ke boŋ ne anyo la, dze agbagba nàƒle nuɖuɖu mawo le agbɔsɔsɔ me, eye mia kple ƒome ɖeka, eve, etɔ̃, alo esi wu nenema miamã eƒlega axe. Ne èƒlea nu le agbɔsɔsɔ me la, ana ga natsi kotoku me na wò ne atikutsetse alo detsiƒonu aɖewo do. Le go aɖewo me la, àte ŋu aƒle nu le asi si dzi ƒlekaƒletɔwo ƒlenɛ ɖo.
Etɔ̃lia: Srɔ̃ Nuɖuɖu Dzadzraɖo ƒe Aɖaŋu
Nuƒeƒle le agbɔsɔsɔ me ana woabu alesi woakpɔ nusiwo te ŋu gblẽna ta ŋu. Nuɖuɖu siasia nye mɔnu si bɔ eye wònya wɔna. Afrika-nyɔnu geɖe te ŋu kpɔa ga tsoa atikutsetsewo, fetri, ayi, aŋanyi ƒe kuwo, kple amagbewo siasia me tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii. Mɔ̃ tɔxɛ aɖeke mehiã hafi woasia nu o. Woate ŋu asia nua ɖe nu gbadzɛ aɖe si le dzadzɛ dzi alo woakui ɖe nu ŋu, eye ɖewohĩ woatsɔ avɔ falɛfalɛ aɖe atsyɔe be tagbatsuwo nagabɔe o. Yaƒoƒo kple ŋdɔkutsu akpɔ egbɔ.—Kpɔ nyati si nye “Ðe Nàte Ŋu Anɔ Agbe Ðe Ga Sue Ŋua?” si le August 8, 1975 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
Enelia: Te Lãnyinyi Kpɔ
Ðe wò ŋutɔ àte ŋu anyi koklo, gbɔ̃wo, ahɔ̃nɛwo, alo lã bubuwoa? Lã zu gatɔwo ƒe nu le teƒe geɖe. Gake ne ame bubuwo kpe ɖe ŋuwò vie ko la, àte ŋu anya alesi nànyi lãha sue aɖee. Ðe tɔmelã vivia nuwòa? Ke tee kpɔ be yeate ŋu asrɔ̃ tɔmelãta wɔwɔ hã. Ŋutilãtuɖonu siwo nye iron, calcium, vitamins, minerals, kple protein—siwo hiã na wò ƒomea ƒe lãmesẽ—le lã, koklozi, kple tɔmelã me.
Atɔ̃lia: Lé Fɔ Ðe Dzadzɛnyenye Ŋu Nyuie
Dzadzɛnyenye hã le vevie hena wò ƒomea ƒe lãmesẽ. Alegeliwo, tagbatsuwo, kple gbagbladzawo—siwo naa dɔléle ƒomeviwo katã—lɔ̃a teƒe makɔmakɔwo nɔnɔ. Fɔléle ɖe dzadzɛnyenye ŋu nyuie axɔ ɣeyiɣi eye ebia agbagbadzedze. Gake nusi nàzã ɖe dzadzɛnyenye ŋu made esi nàgblẽ ɖe atike kple kɔdzifewo xexe nu o. Amesiame kple eƒe dzadzɛnyenye dzidzenuwo eye ate ŋu ato vovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Gake gɔmeɖose ʋee aɖewo li siwo asɔ na amesiame le afisiafi.
Bu kpɔɖeŋu ɖeka si nye afɔdzideƒewo ŋu kpɔ. Woɖea mɔ le kɔƒenutowo me teƒe siawo nyɔa ŋu eye nuwo gblẽna eye woawoe naa lãmegbegblẽ kple dɔléle geɖe. Ðewohĩ lãmesẽgbɔkpɔla siwo le nutoa me ate ŋu ana mɔfiamewo wò le afɔdzido ɖeɖe alo afɔdzixɔ si le dzadzɛ tutu ŋu si maxɔ ga boo o.
Ke wò aƒeme ŋutɔ ya ɖe? Ðe aƒea me kɔ eye nuwo le ɖoɖo nua? Ðe wòʋẽna lililia? Ke wò dzodoƒe ɖe? Ðe nuwo le ɖoɖo nu hele dzadzɛa? Ne lãme asẽ la, ele be nuɖuɖu nanɔ dzadzɛ eye woaɖae nyuie. Dɔlékuiwo kple lãviwo bɔna ɖe tsi ƒoɖiwo me. Eyata tsyɔ tsi alo nàɖae hafi azã. Tsɔ tsi dzodzoe kpala nuɖanuwo, eye nàklɔ asi nyuie hafi aka asi nuɖuɖu ŋu. Du tsi ɖe nusiwo le dzadzɛ eye nutunu le wo nu me.
Mele be woana avũwo, dadiwo, koklowo, kple gbɔ̃wo nanɔ tsatsam le dzodoƒe o—ne èdi be nuwo nanɔ dzadzɛ ko. Eye mele be woaɖe mɔ alegeliwo kple afiwo nazɔ nuɖazewo kple nuɖagbawo me ade aɖi nuɖuɖu me o. Afimɔ̃e ɖagbui aɖe ko akpɔ kuxia gbɔ.—Kpɔ “Dzadzɛnyenye ƒe Kuxia Dzi Ðuɖu,” si le September 22, 1988 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu ava kpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ keŋkeŋ mlɔeba. (Mateo 6:9, 10) Gake vaseɖe ɣemaɣi la, aɖaŋuɖoɖo bɔbɔe siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàna wò agbenɔnɔ naka ɖe eme.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]
Tso abɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Ƒle nu le agbɔsɔsɔ me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Srɔ̃ nuɖuɖu dzadzraɖo ƒe aɖaŋu
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Te lãnyinyi kpɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Lé fɔ ɖe dzadzɛnyenye ŋu nyuie