INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 10/8 axa 31
  • Nusita Ame Geɖe Mele Ʋu Xɔm O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Ame Geɖe Mele Ʋu Xɔm O
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Aids Dɔlékui Ate Ŋu Anɔ Ʋu Si Wodo Kpɔ Mea?
    Nyɔ!—2008
  • Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe
    Nyɔ!—2000
Nyɔ!—1998
g98 10/8 axa 31

Nusita Ame Geɖe Mele Ʋu Xɔm O

LE NUSI wotsɔ ŋkɔ na be nyametsotso si he tɔtrɔ vɛ me la, Ontario ʋɔnudrɔ̃ƒe bu fɔ Canada Atitsoga Dzĩ habɔbɔa be wo gbɔe wòtso be ame eve siwo wodo ʋu na xɔ HIV-dɔlékuia—wo ame evea siaa xɔ ʋu si me dɔlekuia le tso ame ɖeka ma gbɔ. Ʋɔnudrɔ̃la Stephen Borins gblɔ be: “Ne nu dziŋɔ abe ʋu si me dɔléle le ene de exɔlawo ƒe agbe afɔku me la, ke ele be woatso ɖe eŋu kpata.”

Le ƒe 1980 ƒeawo me la, Canadatɔ siwo ade 1,200 xɔ HIV, eye ame 12,000 bubuwo hã xɔ aklãdɔléle sesẽtɔ—wo katã xɔe tso ʋu kple ʋumenu siwo me wonɔ me. Be woaɖe dɔxɔleameŋu ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ ta la, wole ŋku lém ɖe ʋuɖelawo ŋuti nyuie wu. Gake menye ʋuɖelawo katãe toa nyateƒe le woƒe gbɔdɔnyawo me o. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le United States ɖee fia be ʋuɖela 1 le 50 dome megblɔa nusiwo ate ŋu ahe afɔkuwo vɛ abe ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ alo gbolowo gbɔdɔdɔ ene o.

Nusi na kuxia sesẽ ɖe edzie nye nyateƒe si wònye be kakaɖedzi blibo meli be woate ŋu ado ʋu akpɔ vodadamanɔmee o. New Scientist magazine gblɔ be, “ne ame aɖe xɔ HIV eye mede kwasiɖa etɔ̃ hafi wòɖe ʋu na o la, womete ŋu kpɔa dɔlékuiawo le dodokpɔ siwo wowɔna fifia me o. Le aklãdɔléle gome la, ‘nuwo makpɔɣi’ sia te ŋu xɔa wu dzinu eve.”

Le ƒe siawo me la, Canadatɔ siwo le didim be yewoaɖe ʋu na—alo ado ʋu—ƒe xexlẽme ɖiɖi ŋutɔ. Nyadzɔdzɔŋlɔla Paul Schratz ŋlɔe bena: “Esi amewo megadi be yewoaɖe ʋu na o, eye amesiwo mate ŋu aɖee na o ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ta la, míeda akpe na Mawu be Yehowa Ðasefowo xɔ ŋgɔ le numekuku wɔm le ʋuteƒeɖonuwo ŋu.”

Nukutɔe la, The Toronto Star ka nya ta be le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa dometɔ ɖeka me la, amesiwo ade 40 “yi Canadatɔwo ƒe dɔnɔkɔdziwo eye woda alakpa gblɔ be Yehowa Ðasefowoe yewonye le esi womedi be woado ʋu na yewo o ta.” Numekukuwo ɖee fia be Canadatɔ siwo ade ame 90 le alafa me adi be woawɔ atike bubu na yewo tsɔ wu be woaxɔ ʋu si amewo ɖe. Eyata meganye mawusubɔsubɔ ƒe nya dzro koe ʋuzazã nye o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe