Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ŋutasesẽ le Lãwo Ŋu—Nu Gbegblẽe Wònyea?
LE TITINA Amerika ƒe kamedefefewɔƒe aɖe la, amewo katã fɔ ŋku ɖe koklotsu eve, dzẽ ɖeka kple ɣi ɖeka, dzi vevie. Ameha la nɔ ɣli dom sesĩe esi koklotsu dzẽ la, si ƒe afɔwo ŋu wobla lãnu ɖaɖɛ ɖo, ƒo ɣitɔa. Koklovuwɔwɔa dzikpɔla va lé koklo eveawo. Wɔna vɔ le ɣitɔa ŋu, eku, eye ʋu le ɖuɖum le eŋu. Kokloawo ƒe avuwɔwɔa wu enu.
Le anyiehe Philippines la, wodea dzre sɔtsu eve dome. Nukpɔlawo ke ŋku ɖe nukpɔkpɔ dziŋɔa ŋu esime sɔawo nɔ to, kɔ, ŋɔti, kple teƒe bubuwo ɖum na wo nɔewo. Togbɔ be sɔawo ado le toa me agbagbe hã la, wo dometɔ ɖeka ya teti azu lãnuwɔe alo lãŋkuagbã alo axɔ abi siwo ava wui emegbe.
Avu eve le vu wɔm kple wo nɔewo le Russia. Kasia, wogbã ŋku na wo nɔewo eye woɖu to na wo nɔewo, wole abu tɔm le afɔ ŋeŋewo dzi, ʋu le dodom le abi gã siwo woxɔ me.
Ƒe alafawoe nye sia si amegbetɔwo le dzre dem lãwo dome le eyɔm be kamedefefe, eye zi geɖe la, tsatsadadae nɔa megbe nɛ. Esiwo gakpe ɖe esiawo ŋue nye avuwɔwɔ kple nyitsuwo, abeiléle, kpakple avuwɔwɔ kple yiyi gãwo gɔ̃ hã. Gakpe ɖe eŋu la, wowɔa fu lã geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋkɔ me. Azɔ hã, eɖanye ɖe lãnyilawo ɖoe alo womeɖoe o, woŋea aɖaba ƒua lã gbogbo aɖewo dzi wokpea fu.
Le dukɔ aɖewo me la, wode sewo le alesi woawɔ nu ɖe lãwo ŋui ŋuti eye ɖewo tsri ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu. Massachusetts Bay Nutoa de “Ablɔɖesewo” le keke ƒe 1641 me ke be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ Ŋlɔminu alo Ŋutasẽnu le Lã siwo ŋudɔ amegbetɔ wɔna dometɔ aɖeke ŋu o.” Tso ɣemaɣi ko la, wode sewo eye woɖo habɔbɔwo be woaxe mɔ ɖe ŋutasẽnu wɔwɔ ɖe lãwo ŋu ŋuti.
Ke hã ame geɖe siwo nɔa megbe na avuwɔwɔ ƒe fefe siwo míeyɔ ɖe etame la mebui be yewo le eme wole ŋuta sẽm le lãwo ŋu o. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be yewolɔ̃ lã siwo yewona wosea veve vɔ̃ɖivɔ̃ɖi alo kuna la. Amesiwo lɔ̃a koklowo ƒe avuwɔwɔ gblɔ be yewoƒe koklowo nɔa agbe didi wu koklo siwo wonyina hena ɖuɖu—nya ma mede dzi ƒo o ɖe!
Nukatae Ŋutasesẽ Nye Nu Gbegblẽ?
Mawu ɖe mɔ be míakpɔ viɖe tso lãwo ŋu. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖe mɔ be míawu lãwo aɖu eye míakpɔ nudodowo tso wo me alo awu wo be woagawɔ nuvevi mí o. (Mose I, 3:21; 9:3; Mose II, 21:28) Ke hã agbe nye nu kɔkɔe na Mawu. Ele be míawɔ ŋusẽ si le mía si ɖe lãwo dzi ŋudɔ wòada asɔ eye wòafia be míedea bubu agbe ŋu. Biblia ƒo nu gbegblẽ tso ŋutsu aɖe si woyɔna be Nimrod, amesi wua lãwo kple ɖewohĩ amegbetɔwo hã tsɔ doa dzidzɔ na eɖokui ko ŋuti.—Mose I, 10:9.
Yesu gblɔ alesi Mawu tsɔ ɖe le eme na lãwo ale: “Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o.” (Luka 12:6) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Mawu nɔ susu trɔm be yemagatsrɔ̃ du aɖe si me nɔlawo nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo gake wova trɔ dzime o la, eya ŋutɔ gblɔ be: “Ðe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, . . . hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?” (Yona 4:11) Edze ƒã be mebu lãwo abe nusiwo woate ŋu aɖe ɖa atsɔ aƒu gbe dzro ko ene o.
Mawu fia Israel-viwo alesi woakpɔ lãwo dzi nyuie esi wònɔ se dem na wo. Ebia tso wo si be woakplɔ lã si tra mɔ ayi na enyila eye woakpe ɖe lã siwo ɖo xaxa me ŋu. (Mose II, 23:4, 5) Wodi tso lãwo si be woaɖi ɖe eme le Sabat dzi, abe amegbetɔwo ke ene. (Mose II, 23:12) Sewo nɔ anyi ku ɖe alesi woawɔ nu ɖe lã siwo wozãna le agbledzi ŋu la ŋuti. (Mose V, 22:10; 25:4) Eme kɔ be ɖe wòle be woalé be na lãwo ahakpɔ wo ta, menye be woawɔ ŋlɔmi le wo ŋu o.
Lododowo 12:10 gblɔ Mawu ƒe nukpɔsusu eme kɔ be: “Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃ɖiwo.” Biblia-meɖegbalẽ aɖe ɖe kpukpui sia gɔme ale: “Ame dzɔdzɔe nyoa dɔme na lã maƒonuwo ke hã, ke ame vɔ̃ɖi sẽa ŋuta, ne esusui be yele dɔme nyom ale gbegbe gɔ̃ hã.”—Believer’s Bible Commentary, si William MacDonald ŋlɔ.
Ame dzɔdzɔe wɔa nu ɖe lãwo ŋu le dɔmenyo me eye edzea agbagba be yeanya woƒe nuhiahiãwo. Ame vɔ̃ɖi ate ŋu agblɔ kple nu be yelɔ̃ lãwo, gake ŋutasesẽ vɔ̃ɖivɔ̃ɖie eƒe ‘nublanuikpɔkpɔ’ kekeake nye. Eƒe nuwɔnawo ɖea ɖokuitɔdidi ƒe susu si le tame nɛ fiana. Aleke gbegbe nya sia nye nyateƒe le amesiwo dea dzre lãwo dome kple susu be yewoakpɔ ga enye si!
Gbɔdzɔe na Lãwo
Nyateƒee, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoe nye be ame “[naɖu] ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (Mose I, 1:28) Ŋutasesẽ le lãwo ŋuti menɔ tameɖoɖo ma me o. Ŋlɔmiwɔwɔ le lãwo ŋu alea mayi edzi tegbee o. Kakaɖedzi blibo le mía si be Mawu atsi fukpekpe madzemadzewo katã nu. Gake aleke wòawɔe?
Edo ŋugbe be yeaɖe ame vɔ̃ɖiwo kple ŋutasẽlawo ɖa. (Lododowo 2:22) Hosea 2:20 gblɔ le lãwo ŋu be: “Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, . . . eye mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.” Aleke gbegbe wòanyoe nye si be míanɔ anyi ɣemaɣi, esi manye ame dzɔdzɔewo ɖeɖekoe anɔ ŋutifafa me o ke lãwo hã ŋuti afa!
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
“Avuwɔwɔ Kple Nyitsu le Kɔƒe aɖe Me,” si Francisco Goya ta