INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 12/8 axa 25-28
  • Victoria Ta Afrika Nutotroeme Tsi Gbana La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Victoria Ta Afrika Nutotroeme Tsi Gbana La
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nile ƒe Dzɔtsoƒe
  • Agbenɔnɔ le Ta la Dzi
  • Tsia Me Kple Goa Ŋu Lãwo
  • Tsia Ðo Afɔku Me
  • Titina Amerika Ƒe Ta Gãtɔ Kekeake Me Kesinɔnuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nu Kae Nye ‘Dzota’ La? Eya Kee Nye Dzo Mavɔ Alo Gehena?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Nyɔ!—1998
g98 12/8 axa 25-28

Victoria Ta Afrika Nutotroeme Tsi Gbana La

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Kenya gbɔ

LE ƑE 1858 me la, England-ŋutsu aɖe zɔ to gbe aɖe si ŋu amewo menya nu tsoe o me le Afrika ƒe nutotroe aɖe me. Afrikatɔ agbatsɔla ʋee aɖewo nɔ mɔa zɔm kplii eye togbɔ be enɔ dɔ lém, ɖeɖi te eŋu, eye eƒe susu nɔ wɔwɔm eveve hã la, eganɔ dzi dem ƒo na eƒe amewo be yewoayi ŋgɔ. John Hanning Speke nɔ nu vevi si kpɔkpɔ sesẽ la dim—enye Nile-tɔsisi ƒe dzɔtsoƒe.

Ŋutinya siwo wogblɔna be tsi gã aɖe le anyigba ƒe nutotroeme, si Arabiatɔ kluvisitsalawo yɔna be Ukerewe lae nɔ dzo dem lãme na Speke ale be wònɔ gbe dzem to gbe si wɔ abe seɖoƒe meli na o ene me. Mlɔeba le afɔzɔzɔ ŋkeke 25 megbe la, mɔzɔha sue la va ke ɖe nu dzeani aɖe ŋu. Kasia ko, anyigba nutotroeme tsi gã aɖee nye si le wo ŋgɔ gbanaa. Emegbe Speke ŋlɔ be: “Ðikeke aɖeke megale menye o be ta sia si nu metɔ ɖoe dzi tɔsisi lédziname ma si ƒe dzɔƒe ŋuti amewo gblɔa nya vovovo le, eye eya yomee nuyeyedila geɖe ti.” Eda England-fianyɔnu si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi ƒe ŋkɔ—Victoria—ɖe nusia si ŋu wòke ɖo dzi tsɔ de bubu eŋui.

Nile ƒe Dzɔtsoƒe

Egbea la, ta si wotsɔ ŋkɔ ma na xɔ ŋkɔ be enye ta gãtɔwo kekeake ƒe evelia le xexeame—Superior Ta si le Dziehe Amerika koe lolo wui. Victoria Ta la le abe ahuhɔ̃e gã aɖe si le dzo dam le ŋdɔ veve nu ene, edzi le gbadzaa eye eŋkume kɔ, eye wòxɔ teƒe si ƒe lolome nye kilometa 69,484 togodo. Anyigbamemãfli to eƒe dzigbe gome, ele Great Rift Valley ƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gowo dome, eye eƒe akpa gãtɔ le Tanzania kple Uganda eye eɖo Kenya ƒe liƒo dzi.

Tɔsisi si gena ɖe ta la me koŋue nye Kagera Tɔsisi si le Tanzania, si ƒe tsiwo dzɔ tso Rwanda-towo me. Gake tsi akpa gãtɔ si gena ɖe Victoria-ta la me nye tsidzadza si tsana tsoa nutoa me tonyigba gã si keke wu kilometa 200,000 la dzi. Jinja-tɔsisi si le Uganda koe nye tsi si tsana tsoa ta la me. Tso afisiae tsia tsana ɖoa ta dziehe gome va zua White Nile tɔsisi. Togbɔ be menye Victoria Ta la me koe Nile Tɔsisia me tsiwo tsona o hã la, enye tsidzɔƒe gã aɖe si me tsi vivi tsana tsona ɣesiaɣi eye wòléa agbe ɖe te kaka vaseɖe Egypt ke.

Agbenɔnɔ le Ta la Dzi

Akro aɖe si ƒe abala me ya ɖo eye wòɖi kpakpaluʋui ƒe aʋala ɖeka si le te nu la le zɔzɔm le ta la dzi. Ya si ƒona gbesiagbe le nutoa mee tutua akro sue sia ale be wòyia keke ta la titina ke. Le ɣeɖota la, yaƒoƒoa trɔna eye wògakplɔnɛ vaa afisi wòtso. Aleae lãɖela siwo ɖea lã le ta la me yina gagbɔna ƒe akpe geɖe enye sia.

Kɔƒewo kple agblekɔƒe bexɔwo ƒo xlã Victoria-ta la. Tɔmelãe nye Nile-tɔto kɔƒemenɔlawo ƒe nu vevitɔ, eye ta la mee wokpɔa woƒe gbesiagbe nunyiame tsonɛ. Lãɖela dzea eƒe ŋkeke gɔme hafi ɣe dzena. Ŋutsuawo kua tsi le woƒe akro ŋɔŋɔawo me eye wodzea mɔ toa ta si dzi afu do ɖo dzi. Wotsɔa nusɔsɔe nɔa ha dzim eye wokua akroa wòɖoa afisi tsia goglo le hafi wodea woƒe abala vuvuawo. Nyɔnuwo tɔna ɖe ta la to vaseɖe esime womegakpɔa akro sueawo o. Wotrɔna dzona enumake elabena dɔ geɖe li woawɔ.

Nyɔnuwo nyãa nu eye wokua tsinono le ta la me eye ɖeviwo hã nɔa tsi dom na wo nɔewo henɔa fefem le afisiwo megoglo o. Wowua woƒe dɔwɔnawo nu le ta la to mlɔeba. Nyɔnuawo dua tsi ɖe tɔmedezewo me tsɔ ɖoa agbagbɛ, wokpaa wo viwo, eye woléa kusi siwo me woƒe nunyãnyawo le la ɖe alɔ eve hedzea mɔ blewu yia aƒeme. Ne woɖo la, woyia bli kple ayi gble suewo me ɖawɔa dɔ, wofɔa nake, eye woblua nyimi kple dzowɔ tsɔ dzraa woƒe anyixɔwo ɖoe. Le teƒe bubu le taa to la, nyɔnuwo lɔ̃a atagbuikawo wozua ka sesẽwo kple kusi dzeaniwo. Àse fiawo ƒe nudzadza hã ɖaa le nutoa me esi ŋutsu aɖewo le atikpo me ɖem be yewoawɔ akro.

Ne ɣe le tɔtrɔm la, nyɔnuawo gatrɔa ŋku ɖe tɔsisi gã la ŋu ake. Ne wokpɔ abala ɣiawo ƒe tame ɖaa ko la, ke wonya be ŋutsuawo gbɔna. Wokpɔa mɔ na wo vevie, eye wodina vevie be yewoakpɔ lã siwo yewo srɔ̃wo tsɔ gbɔe.

Amedzrowo tsɔa ŋutifafanyawo vana na kɔƒe sue siwo le taa to kple ƒukpowo dzi siaa me nɔlawo. Wozɔa afɔ alo ɖoa akro yia kɔƒe kple agblekɔƒe ɖesiaɖe me. Ameawo nye ɖokuibɔbɔlawo eye wodina vevie be yewoase nya la. Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le woawo ŋutɔ ƒe Nile-tɔto kple Bantu gbewo me xexlẽ nye nusi dzɔa dzi na wo vevie wu.

Tsia Me Kple Goa Ŋu Lãwo

Tɔmelã hamehame 400 ye le Victoria Ta la me, eye wo ƒomevi aɖewo mele xexeame ƒe akpa bubu aɖeke o. Akpa nye eƒomevi si bɔ wu. Wotsɔ ŋkɔ siwo ɖɔa tɔmelã suesue dzeani siawo be dadzodadzo, lãdzĩ, kple Kisumu kpɔkplɔ ƒe nu. Akpa siawo dometɔ aɖewo kpɔa wo viwo ta le mɔ wɔmoya aɖe nu. Ne afɔku gbɔna la, dzilaa kea eƒe nu gã me eye via sueawo gena ɖe nua me. Ne afɔkua to wo ŋu va yi vɔ la, ɖeko wòtua wo doa goe eye wogadzea woƒe nuwɔnawo gɔme.

Tɔto xe dzeani vovovowo le Victoria Ta la to. Tɔkpakpawo kple tsimese ƒomeviwo doa ɖi ɖe tɔa gɔme eye wotsɔa woƒe adɔwo tɔa tɔmelãwo le aɖaŋu me. Aŋɔɣiwo kple tɔkpakpa ƒomevi bubuwo, kpakple damixewo zɔna teƒe siwo megoglo o, eye wotɔa te enumake maʋãmaʋãe henɔ lalam dzigbɔɖitɔe be tɔmelã si menya o la nagogo yewo. Alugewo hã dzona toa yame le ha gãwo me abe yameʋuwo ene. Ne wole tsi ƒum le ha me la, woƒoa xlã tɔmelãwo ƒe ƒuƒoƒowo eye wotsɔa woƒe adɔ gã siwo le abe kusiwo ene la lɔa wo. Hɔ̃ tɔmelãɖula si si aʋala sesẽwo le lae ɖo kpo ɖe yame. Edzona tsoa ati kɔkɔ si le tɔgoa ŋu ƒe alɔ dzi eye wòsaa agba kple du ale be ya ƒona toa eƒe aʋala sesẽawo ŋu, eye wòléa tɔmelã le ta la ŋgɔ bɔbɔe. Ʋlẽ dzeaniwo hã wɔa atɔ ɖe aƒla dodo siwo ƒo xlã ta la me, eye tsakpoli ƒe xɔxlɔ̃ ɖina ɖaa le sangaratiwo dome le ta la to.

Tɔmenyiwo ƒe gbeɖeɖe gã ɖina dea didiƒe le ŋdi kple fiẽ me esime ɖoɖoe zi le ta la to. Womlɔa tsia nu le ɣeɖota, eye woɖia agakpe liti zɔzrɔ̃e siwo mebu ɖe tsia me vɔ o. Ta la ŋu nɔlawo nɔa ŋudzɔ ɖe Nile me lo vɔ̃ɖiawo ŋu. Lã ɖivɔvɔ̃ siawo dometɔ ʋee aɖewo gakpɔtɔ le teƒe saɖagawo le Victoria Ta la to, togbɔ be amegbetɔ tsrɔ̃ akpa gãtɔ vɔ hã.

Tsia Ðo Afɔku Me

Tso esime John Speke ke ɖe Victoria-taa ŋu va ɖo egbe la, Afrikanɔlawo sɔ gbɔ ɖe edzi. Ame miliɔn 30 kple edzivɔ le teƒe siwo ta la ɖo, eye amesiawo ƒe agbenɔnɔ katã nɔ te ɖe tsia dzi fifia. Tsã la, blema mɔnuwo dzie nutoa me lãɖelawo tona ɖea lã. Woɖoa xa vovovo, eye wozãa ƒu kple akplɔ tsɔ ɖea lã si hiã wo. Egbea esi ɖɔ si wohena wòkplɔa tɔgɔme kple aŋeɖɔ siwo woɖona wòdea didiƒe ɖea lã gbogbowo le tɔ goglowo me va le wo si ta la, lãɖeɖe fũ akpa va le nu gblẽm le ta la me nugbagbewo ŋu.

Tɔmelã ƒomevi siwo wotsɔ tso teƒe bubuwo va de tsia me na nɔnɔmeawo megade nugbagbewo dzi o eye ele fu ɖem na lãɖeɖe le nutoa me. Gbe si woyɔna be water hyacinth (alo flo le Eʋegbe me), si nɔa tɔ ŋgɔ eye wòƒoa se hɛ̃ dzeani aɖe nye nusi gagblẽ ta la ƒe nɔnɔme ɖe edzi. Anyiehe Amerika ye wotsɔ gbe sia tsoe eye emiena kabakaba ale gbegbe be exe ta la to kple afisi tsiwo tsana tona vaa ta la me ƒe akpa gãtɔ ale be agbaʋuwo, ametsɔʋuwo, kple nutoa me lãɖelawo ƒe akrowo megate ŋu ɖoa taa to kple ʋudzeƒeawo o. Avewo tsɔtsrɔ̃ le afisiwo tsiwo tsana tsona vaa ta la me, gbeɖuɖɔ kɔkɔ ɖe eme, kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo tutu wɔe be ta la ƒe etsɔme ɖo afɔku me.

Ðe Victoria Ta la agakpɔtɔ anɔ anyia? Wole nya hem le biabia sia ŋu, eye ame aɖeke menya alesi woawɔ akpɔ eƒe kuxi gbogboawo gbɔ o. Gake Victoria Ta la nye dzɔdzɔmenu si ate ŋu agakpɔtɔ anɔ anyigba dzi ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va tsrɔ̃ amesiwo “gblẽa anyigba” la vɔ megbe.—Nyaɖeɖefia 11:18.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]

Tɔmelã si le Ta la Mim

Ami le eŋu, eɖua nu tsu, edzina kabakaba, eye ete ŋu didina afɔ ade. Nukae wònye? Eyae nye lates niloticus! Ŋkɔ si wolɔ̃na yɔyɔ nɛ enye Nile me gbolonu, eye tɔmelã gã nutsuɖula sia si wotsɔ va de Victoria Taa me le ƒe 1950 me la va le nu gblẽm le tsia me nugbagbewo ŋu. Le ƒe 40 pɛ me la, ete ŋu ɖu ta la me lã hamehame 400 ƒe afã kloe. Wo tsɔtsrɔ̃ le agbɔsɔsɔ me alea wɔe be nutoa me nɔla siwo léa akpa hamehame siwo le sue wu kple tɔmelã bubu siwo bɔ le afima tsɔ kpɔa woƒe ƒomewo dzii la ƒe nuɖuɖukpɔtsoƒe ɖo afɔku me. Tɔmelã sue siawo hãe ɖua dɔléle aɖewo dzi le ta la me. Wo dometɔ aɖewo ɖua abɔbɔ si naa ʋuɖɔɖɔdɔ si amewo vɔ̃na na la, ale be ewɔe be dɔlélea dzi ɖe kpɔtɔ. Wo dometɔ aɖewo ɖua tɔmenumiemiewo kple esiwo le miemiem fifia eye womele ta kpɔm na o la. Nuwo ƒe miemie nyamanyama alea he nɔnɔme aɖe si me numiemie vovówo megana nugbagbewo kpɔa ya gbɔna o vɛ. Esi afima ƒe tɔmelãwo megabɔ aɖe gbeɖuɖɔ sia ɖa o ta la, “teƒe kukuwo,” si nye teƒe siwo yagbɔgbɔ megale o la dzi ɖe edzi, eye tɔmelã geɖe gakuna. Esi tɔmelã megabɔ Nile me gbolonu nutsuɖula la naɖu o ta la, etrɔ ɖe nuɖuɖu ƒomevi bubu ŋu—si nye eya ŋutɔ ƒe viwo! Tɔmelã si le ta la mim la di be yeami ye ɖokui azɔ!

[Anyigbatata si le axa 25]

UGANDA

KENYA

TANZANIA

VICTORIA TA

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ðaseɖiɖi le Victoria Ta la to

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ʋlẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Alugewo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Aŋɔɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Nile me lo

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Aŋɔɣi le tsitre ɖe tɔmenyi dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe