INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 1/8 axa 23-25
  • Akabasisi Nigeriatɔwo ƒe ‘Dzesidenu’ si Le Bubum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akabasisi Nigeriatɔwo ƒe ‘Dzesidenu’ si Le Bubum
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme Siwo Mele Ðeka O
  • Tenɔnɔ Ðe Fewuɖuɖu Nu
  • Kɔnu si Le Bubum
  • Aɖaŋuɖoɖo Aɖe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ðe Fuléle Gbebubudolawo Sɔa?
    Nyɔ!—2003
  • Nu Kae Nye Ame Ƒomevi Vovovowo Dome Fuléle Gbɔkpɔnu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 1/8 axa 23-25

Akabasisi Nigeriatɔwo ƒe ‘Dzesidenu’ si Le Bubum

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

LE ƑE 1960 ƒe ƒeawo nuwuwu ƒe ŋdi aɖe la, Danjuma si xɔ ƒe ade la te ɖe fofoa ŋu hete tɔ ɖe edzi be wòasi Ingalatɔwo ƒe akaba si dzi wodana ɖo la na ye. Danjuma se le eɖokui me be yemagate ŋu ado fewu si yeƒe sukuhatiwo ɖuna le ye ŋu be womesi akaba ɖe mo na ye o ta la ƒe dzi azɔ o. Togbɔ be vi fẽ siwo mate ŋu avɔ̃ na nusisia o lae Igala-viwo nyena le akabaa siɣi hã la, ŋutsuviawo bunɛ kalẽwɔwɔ ƒe dzesii. Wobua amesiwo womesii na o la abe klenɔ siwo vɔ̃na na hɛ ene.

Vaseɖe ɣemaɣi la, Danjuma fofo melɔ̃ be woasi akaba na ye via o hafi. Gake ŋdi ma la, alesi via ƒoe ɖe enui be yeatsɔ aɖe yeƒe kalẽwɔwɔ afiae la wɔe be wòtsɔ hɛ hesi akaba etɔ̃ siwo de to nyuie ɖe ŋutsuvia ƒe mo akpa evea, ɖe eƒe alɔgowo dzi.

Danjuma fofo nya be menye dzinɔameƒo ƒe dzesiwoe esiawo fia ŋutɔŋutɔ o. Ðe eteƒe la, abiawo aku azu abikukuteƒe si woatsɔ ade dzesii. Woazu ‘dzesidenu’ si atsi anyi tegbee si mate ŋu abu alo woawɔ eƒe ameflutɔ o. Dzesiawo awɔe be yeƒe ƒometɔwo ate ŋu akpɔ ye via adze sii enumake eye ana be wòadze hena gomekpɔkpɔ le Igalatɔwo ƒe gomenɔamesiwo kple mɔnukpɔkpɔwo me. Gake akabawo ade dzesii le gbe vovovo siwo wu 250 le Nigeria la dolawo dome.

Togbɔ be menye Afrika ɖeɖekoe nusisi flɛflɛflɛ kple esiwo de to le amewo ŋu le o hã la, ele anyigbagã sia dzi tso keke gbaɖegbe ke. Herodutus si nye Hela ŋutinyaŋlɔla ŋlɔ tso Kariatɔ siwo nɔ Egipte le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ŋuti be: ‘Wotsɔa hɛ sia ŋgonui be yewoatsɔ aɖee afia be amedzrowoe yewonye ke menye Egiptetɔwoe yewonye o.” Akabasisi ɖe mo ƒe atsiã aɖe, si ame aɖewo bu be gbe aɖe dolawo ƒe dzesiwoe wonye la, nɔ Nigeria ƒe du si nye Ife me le ƒe alafa adre siwo va yi me. Akabawo dze le Nigeriatɔwo ƒe blema Benin fiaɖuƒea ƒe nukpakpɛwo hã ŋuti.

Menye dzesidede gbegbɔgblɔ aɖe dolawo ta koe wosia akabawo katã ɖo o. Wosi ɖewo eye wogakpɔtɔ sinɛ fifia hã le gbɔgbɔyɔyɔ alo subɔsubɔ nuwɔnawo ta. Bubuwo hã ɖea nɔƒe si le ame si le ame detɔwo dome fiana. Eye bubuwo hã nye ‘ɖeka alo tugbe dzedze ƒe dzesi.’

Esi amesiwo bi ɖe akabawo sisi mee sinɛ le nutoa me ta la, dzesiawo toa vovo tso wo nɔewo gbɔ sasasã. Esi wosia ɖewo dzaa ko la, bubuwo ya dea to eye wotsɔa asibide kea wo mee. Ɣeaɖewoɣi la, wodea tí abiawo me be akaba la nade ama. Atsiã tɔxɛ aɖe le esisi ŋu na tokɔ ɖesiaɖe me tɔwo. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa akaba si wosi ɖekaɖeka, wòdzɔ ka ɖe alɔgo eveawo dzi la dzea si Ondo ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Akaba etɔ̃etɔ̃ si wosi wòtso ga ɖe alɔgo eveawo dzi la dea dzesi Oyotɔwo. Ne amesiwo nya akabasisi me kpɔ ame aɖe ƒe mo la, eya ɖeɖe su be woanya tokɔ, du, alo ƒome si me wòtso kura gɔ̃ hã.

Nɔnɔme Siwo Mele Ðeka O

Alesi akabawo kple susu siwo ta wosia wo ɖo to vovo ŋutɔ tso wo nɔewo gbɔe la, nenema tututue nye amewo ƒe seselelãme ɖe wo ŋu. Dzesi siawo nye dada na ame aɖewo. Nigeria ƒe Daily Times nuŋɔŋlɔmetola aɖe gblɔ be: “Ame aɖewo bua akabaawo abe dulɔlɔ̃ ƒe dzesi ene. Enaa wosena le wo ɖokui me be yewo tɔgbuiwo ƒe dzidzimevi akuakuawoe yewonye.”

Esia nye Nigeria-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jimoh ƒe nukpɔsusu be, ‘Oyotɔwo ƒe akabawo mekpe ŋu nam gbeɖegbeɖe kpɔ o elabena efia be Yoruba-vidzidzi ŋutɔŋutɔ si tso Alafin ye menye.’ Eyi edzi gblɔ alesi akabaawo xɔe ɖe agbee le Nigeriatɔwo ƒe Dukɔmeviʋa si wowɔ le ƒe 1967 me be: ‘Wodze aƒe si me menɔ la dzi eye wowu amesiame. Amewulaawo meka asi ŋunye o le akaba si le mo nam ta.’

Nusisi kua dzi na ame bubuwo ya helĩhelĩ. Tajudeen gblɔ tso akaba siwo le mo nɛ ŋu ale: “Metsri, eye meƒo fi de gbesigbe wosii nam.” Eye nyɔnuvi ƒewuivi aɖe kafua dadaa le esi meɖe mɔ be wosi nu nɛ le ɖevime o ta. Egblɔ be: “Nenye ɖe wosii nam la, ɖeko mawu ɖokuinye.”

Tenɔnɔ Ðe Fewuɖuɖu Nu

Woɖu fewu le Danjuma, amesi míeyɔ le nyatia ƒe ŋgɔdonya me, ŋu le akabamasimasi ta. Zi geɖe la, menye aleae wònɔna o. Ƒe 45 kple edzivɔwo enye sia la, G. T. Basden ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Niger Ibos me be: “Akabasisi kple dzesidede ŋutilã le tsigãdzinuwo zum. Ðekakpui geɖe akpɔ dzidzɔ ne ɖe woate ŋu atutu [woƒe akabawo] ɖa. Nusi wobuna dadanui ne wole ame detɔwo dome la zua vlodoamenu le alesi dukɔa ƒe akpa bubu tɔwo ɖua fewu heɖia gbɔ woe ta.”

Vavãe, nya siawo nye nyateƒe egbea. Ajai, amesi xɔ susuŋutinunya ƒe yunivɛsiti nuwuwu ƒe dzeside le Lagos Yunivɛsiti la srɔ̃ nu tso akabawo ŋuti le Nigeria nyitsɔ laa. Egblɔ be: “Le ŋkeke siawo me la, amesiwo ƒe mo akabawo le la megabɔ o, vevietɔ le dugãwo abe Lagos ene me, eye wodoa go amesiwo ɖua fewu le wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enye nusi bɔ be woase be amewo le ame aɖe yɔm be aʋakplɔla, (colonel) evɔ kaka nàkpɔ la, amea menye asrafo o, gake akaba siwo le alɔgo dzi nɛ ƒe xexlẽme sɔ kple ka siwo le asrafowo ƒe aʋakplɔla ƒe awu dzi. Woyɔa ame aɖewo be kpɔ̃wo le woƒe alɔgodzifliwo ta alo woyɔa ɖewo be aɖatsi mavɔ. . . . Tsɔ susu kpɔ ŋusẽ si esia akpɔ ɖe alesi ame mawo abu wo ɖokuii dzi ɖa.”

Ðewohĩ sukuwo mee wodoa go kuxia sesẽtɔwo kekeake le. Samuel ƒe mo koe akaba le le woƒe sukuxɔ me. Egblɔ be: “Woɖua fewu le ŋunye ale gbegbe le suku. Hatinye sukuviwo yɔam be ‘ketekegakpo’ kple ‘ŋutsuvi si ƒe mo ketekegakpoa to.’ Wokoam ɣesiaɣi eye wodoa asibide etɔ̃ ɖe dzi. Ewɔe be mesena le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o.”

Aleke wòwɔ nɔ te ɖe enu? Samuel yi edzi be: “Gbeɖeka, kokoa nu sẽ ale gbegbe be meyi ɖe míaƒe nugbagbeŋutinunyafiala gbɔ va biae be woate ŋu atutu akabawo ɖa hã. Egblɔ nam be woate ŋu akpa ŋutilãa ƒe akpa aɖe atsɔ atre woe, gake megaɖe fu nam o elabena ame akpe geɖe si akaba le Nigeria. Egblɔ be esi hatinyewo metsi o tae wonɔa koyem ɖo ke ne wotsi la, fewuɖuɖua katã atɔ. Egblɔ nam hã be nusisia meɖe amesi tututu menye alo amesi tututu mava nye la fia o.

“Esia na be nye dzi dze eme vie, eye nusisia megavea dɔme nam o. Fifia la, ƒã hafi amewo ƒoa nu le nye nusisia ŋuti. Ne wogblɔ nya aɖe le eŋu kura hã la, alɔgbɔnu koe mekona. Mía kple ame bubuwo dome ƒomedodo me megblẽ o. Amewo dea bubu ŋunye le amesi menye ta, menye le nu si mesi ta o.”

Kɔnu si Le Bubum

Esi wònye ɖeviwoe wolɔ̃a nusisi na ta naneke meli Nigeriatɔ siwo ƒe mo du aɖe me tɔ ƒe akaba le la awɔ o. Gake ne wotsi va zu dzilawo la, woatso nya me ne woasi nu na wo viwo.

Ame aɖewo tso nya me be yewoasii. Lagos ƒe Times International gblɔ be, susu geɖe li si tae wotsoa nya me alea. Magazine la gblɔ be: “Ame aɖewo gakpɔtɔ bunɛ be edzea ame. Ame bubuwo susui be akabawo ate ŋu awɔe be woanya du si me tɔ amesi ŋu wòle la nye kple susu be woate ŋu ave enu. Bubu hãe nye be wonɔa te ɖe edzi nyana ne du aɖe me tɔ ŋutɔŋutɔe ɖeviwo nye.”

Ke hã, le dzila gbogbotɔ siwo li egbea gome la, nusiawo megakpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o. Le amesiwo dana ɖe woƒe akabawo dzi dome kura gɔ̃ hã la, ame ʋee aɖewo koe ɖea mɔ na akabasilawo be woade hɛ mo na yewo viwo. Ebɔ vevietɔ le dugãwo me. Veve si ɖevia ase kple alesi wòate ŋu axɔ dɔléle bɔbɔe tsɔ kpe ɖe koko kple vovototodedeameme si wòava dze ŋgɔe emegbe le agbe me la katãe nye nusiwo tae dzilawo gbea akabasisi na wo viwo.

Edze ƒã be alesi akabasisi dzɔa dzi na amewoe tsã kple alesi woda asi ɖe edzii la le bubum kabakaba ŋutɔ. Ele dzedzem abe le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna la, Nigeriatɔwo ƒe ‘dzesidenu’ anye agbalẽ si amewo ade kotoku me, menye esi woakpɔ le woƒe mo o.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Akabasisi dea dzesi gbevovovodolawo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Akabasisi nye dekɔnu si le bubum

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe