Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Nukae Nye Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔea?
‘Eye esi wonyrɔ dukɔ la katã la, wonyrɔ yesu hã, eye esi wòle gbe dom ɖa la, dziƒo ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe eyama dzi, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: “wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔ ŋudzedze le.” ’—Luka 3:21, 22, “NW.”
ESI apostolo Paulo nɔ nu ƒom na xexemenunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le blema Hela la, eyɔ Mawu be: “dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ.” Paulo gblɔ be Mawu siae “wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme” eye eyae “na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame.” (Dɔwɔwɔwo 17:24-28) Mɔ ka dzie Mawu to wɔ nusiawo katã? Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, la dzie.
Biblia gblɔ hã be “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” le Mawu si. ( Yesaya 40:26) Ẽ, Mawue wɔ xexe blibo la katã eye esia ɖe eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la fia.
Ŋusẽ si Le Dɔ Dzi
Manye nusi asɔ tututu o be woagblɔe gbadzaa be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye Mawu ƒe ŋusẽ dzro ko o. Nusitae enye be ŋusẽ ate ŋu anye nusi be ɖe ame aɖe alo nane me, si li kpoo dɔmawɔmawɔe, abe batri si me wode ŋusẽe gake womele zazãm o la ene. Gake Ŋɔŋlɔawo ƒoa nu tso Mawu ƒe gbɔgbɔ la ŋu le nya siwo fia be enye nusi le dɔ dzi, abe elektrikŋusẽ si tsoa batri si zãm wole me, ene. (Mose I, 1:2) Le esia ta, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye eƒe ŋusẽ si le dɔ dzi, eƒe dɔwɔŋusẽ.
Biblia ƒoa nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu ɣeaɖewoɣi abe nusi le dɔ aɖe wɔm alo nusi le teƒe bubu aɖe tso Mawu gbɔ ene. (Mateo 28:19, 20; Luka 3:21, 22; Dɔwɔwɔwo 8:39; 13:4; 15:28, 29) Amesiwo xlẽ kpukpui siawo la dometɔ aɖewo bunɛ be gbɔgbɔ kɔkɔe la le eɖokui si si ɖe ɖe aga tso Mawu ŋu. Nukatae Ŋɔŋlɔawo gblɔe alea? Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea nye ame le eɖokui si si ɖe ɖe aga tso Mawu ŋua?
Nɔnɔme si me Mawu Ŋusẽkatãtɔ le la to vovo sasasã na eƒe ŋutilãmenuwɔwɔwo. Enye gbɔgbɔ eye míate ŋu atsɔ míaƒe ŋku siwo mede ŋgɔ o la akpɔe o. ( Yohanes 4:24) Biblia gblɔ be dziƒoe nye Yehowa Mawu nɔƒe eye afimae wòléa ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tsonae. (Psalmo 33:13, 14; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 6:16.) Nya sia me kɔ. Ele be Wɔla la nade ŋgɔ wu nusiwo wòtsɔ wɔa dɔe. Enye aƒetɔ ɖe wo dzi, zãa wo, ewɔa wo, hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.—Mose I, 1:1.
Mawu ate ŋu anɔ enɔƒe si ŋku mekpɔna o la ana nuwo nadzɔ ɣesiaɣi si wòlɔ̃ kple le afisiafi si dze eŋu. Le esia ta mehiã be wòanɔ teƒe si eƒe dɔwɔŋusẽa le dɔa wɔm le la o. Ate ŋu adɔ eƒe gbɔgbɔa ɖa be wòawɔ dɔ aɖe. (Psalmo 104:30) Esia gɔmesese anɔ bɔbɔe na míaƒe ɣeyiɣia me tɔ siwo si mɔ̃ sue aɖe si wotsɔ sia woƒe mɔ̃woe tso adzɔge (remote control) le la. Egbea míelɔ̃na ɖe ŋusẽ makpɔmakpɔwo abe elektrikŋusẽ alo keklẽ si wotsɔ ɖea foto dɔlékuiwoe ƒe ŋusẽ ƒe anyinɔnɔ dzi. Nenema ke Mawu ate ŋu anɔ teƒe ɖeka atsɔ eƒe ŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋku mekpɔna o la awɔ nusianu si wòɖo be yeawɔ lae.—Yesaya 55:11.
Nusia gɔmesese manɔ bɔbɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me o. Ðikeke mele eme o be gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖɔɖɔ abe ŋusẽ si le vovo ene la akpe ɖe nuxlẽlawo ŋu be woase alesi Mawu wɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔe togbɔ be eya ŋutɔ mele teƒe si wòle dɔa wɔm le ŋutɔŋutɔ o hã la gɔme. Ne Biblia gblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe lae wɔ esi alo ekemɛ la, nusi fiam wòle ye nye be Mawu ŋutɔe zã eƒe ŋusẽ alo dee ame aɖewo alo nanewo me be nusi nye yeƒe lɔlɔ̃nu la nava eme.
Gbɔgbɔ Kɔkɔea ƒe Dɔwɔwɔ Vovovowo
Yehowa zã gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ wɔ nusiwo me agbe le kple nusiwo me agbe mele o. (Psalmo 33:6) Mawu zãe tsɔ he tsɔtsrɔ̃ hã va ameƒomea ƒe dzidzime sẽŋuta matrɔdzime aɖe dzii le tsiɖɔɖɔ aɖe me. (Mose I, 6:1-22) Dɔwɔŋusẽ sia ke Mawu zã tsɔ trɔ Via ƒe agbe xɔasi la de Yuda-ɖetugbi nɔaƒe Maria ƒe vidzidɔ me.—Luka 1:35.
Ɣeaɖewoɣi la, gbɔgbɔa doa ŋusẽ amewo be woatsɔ dzideƒo kple kalẽwɔwɔ agblɔ nyateƒea afia le futɔwo ŋkume, togbɔ be esia wɔwɔ dea woƒe agbe afɔku me zi geɖe hã. (Mixa 3:8) Eye kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me, vevietɔ le nyagblɔɖiwo gome, siwo me wona sidzedze deŋgɔ alo nugɔmesese tɔxɛ ŋutsuwo kple nyɔnuwo to ŋusẽ sia dzi. Esi ame aɖeke mate ŋu agblɔ nusi adzɔ le etsɔme ɖi wòasɔ pɛpɛpɛ o ta la, esia nye gbɔgbɔa ƒe dɔwɔna tɔxɛ.—Petro II, 1:20, 21.
Gbɔgbɔ la ate ŋu ana nukunuwɔŋusẽ ame aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, Yesu te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi, da dɔ, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre to ŋusẽ sia dzi. (Luka 4:18-21; 8:22-26, 49-56; 9:11) Gbɔgbɔa wɔ akpa vevi aɖe le Kristotɔ gbãtɔwo nuƒoƒoƒu kple ŋusẽdodo wo me be woanye Mawu ƒe ɖasefowo na xexeame bliboa katã.—Dɔwɔwɔwo 1:8; 2:1-47; Romatɔwo 15:18, 19; Korintotɔwo I, 12:4-11.
Mawu ƒe Ŋusẽ si Wòzãna na Mí
Ðe wòanya wɔ be Mawu subɔla siwo li egbea siwo nye amegbetɔwo nate ŋu axɔ ŋusẽ sia si ƒo ɖesiaɖe ta la ƒe ɖea? Ẽ! Mawu naa gbɔgbɔ kɔkɔea agbɔsɔsɔme aɖe eƒe amewo be wòakpe ɖe wo ŋu woase nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu gɔme eye woawɔ edzi. Enaa eƒe gbɔgbɔa amesiwo bianɛ anukwaretɔe le gbedodoɖa me, amesiwo ƒe nuwɔnawo dzi nyui ʋãna, eye wonɔa agbe ɖe eƒe nudidiwo nu. (Korintotɔwo I, 2:10-16) Gbɔgbɔ ma ate ŋu ana ‘ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ’ amegbetɔ madeblibowo, si ana be woate ŋu asubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be woado go mɔxenuwo hã. Eyata nyateƒee wònye be enye Mawu vɔ̃lawo katã ƒe didi be yewoaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la eye be wòanɔ yewo dzi ɖaa.—Korintotɔwo II, 4:7; Luka 11:13; Dɔwɔwɔwo 15:8; Efesotɔwo 4:30.
Eteƒe madidi o Mawu azã eƒe ŋusẽ wɔdɔ sia akɔ eƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la ŋu atsɔ ahe madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe siwo le xexe vɔ̃ɖi sia me ava nuwuwui, eye esia akɔ eƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la ŋu. Gbɔgbɔ kɔkɔea akpɔ ŋusẽ ɖe xexe bliboa katã dzi tegbee, eye eƒe kutsetsewo adze amesiame nakpɔ, si anye ŋutikɔkɔe na Amesi gbɔ wòdzɔ tso.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.