Tameɖoɖo Kae Le Mawu Si?
AME geɖe siwo kea ɖi le Mawu ŋusẽkatãtɔ si lɔ̃a ame ƒe anyinɔnɔ ŋu la biana be: Ne Mawu li ɖe, ke nukatae wòɖe mɔ ɖe fukpekpe kple vɔ̃ɖinyenye siawo gbegbe ŋu le ŋutinya katã me ɖo? Nukatae wòɖe mɔ ɖe nublanuinya siwo dzɔna míekpɔna egbea ŋu? Nukatae mewɔ naneke tsɔ tsi aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, ahedada, kpakple nu wɔnublanui bubu siwo le dzidzim ɖe edzi ŋɔdzitɔe le anyigba dzi dukɔ gbogbo aɖe me nu o?
Ame aɖewo gblɔna be Mawue wɔ xexeame, eye wòda amegbetɔwo ɖe Anyigba dzi, eye wògblẽe ɖe wo si me be woa ŋutɔwo woakpɔ woƒe nyawo gbɔ. Le amesiawo ƒe nukpɔsusu nu la, menye Mawu gbɔe wòtso be xaxa kple nublanuinya siwo amewo hena vaa wo ɖokui dzi le woƒe ŋukeklẽ kple nuwo mazãmazã ɖe ɖoɖo nu ta la li o.
Gake ame aɖewo mexɔ nya sia o. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋusẽŋununyafiala Conyers Herring, amesi gblɔ be yexɔ Mawu dzi se, gblɔ be: “Nyemeda asi ɖe susu si nye be Mawue wɔ nuwo eye wòna wodze dɔwɔwɔ gɔme abe alesi gaƒoɖokui gã aɖe wɔa dɔe ene eye le ema megbe ko wòva bɔbɔ nɔ anyi ɖo asi glã esime ameƒomea le ta gbãm le kuxiawo ŋu la dzi o. Nusiwo tae nyemeda asi ɖe edzi o ƒe ɖee nye be le nusi menya le dzɔdzɔmeŋutinunya me nu la, naneke meli si ana maxɔ edzi ase be ‘nane si wɔa dɔ abe gaƒoɖokui ene’ li nye kpɔɖeŋu na xexeame si woate ŋu agblɔ mlɔeba be eyae nye nya mamlɛtɔ si sɔ o. Míaƒe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nufiafiawo . . . ayi edzi anɔ asi trɔm le nuwo ŋu be woanɔ nyonyom ɖe edzi ɣesiaɣi, gake meka ɖe edzi be míake ɖe esi de blibo keŋkeŋ ŋu ɣeaɖekeɣi o. Mesusu be asɔ wu be míaxɔ ŋusẽ si me agbe le si naa míete ŋu trɔa asi le nuwo ŋu alea la dzi ase.”
Tameɖoɖo Vavã aɖe Le Mawu Si
Tameɖoɖo si le Mawu si na Anyigba la le gɔmedzedzea mee nye be ame dzɔdzɔe siwo de blibo nanɔ edzi. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi.”—Yesaya 45:18.
Le esi wòanye be Mawu nawɔ amegbetɔwo ɖekaɖekae ne woayɔ anyigba dzi teƒe la, eɖoe be yeana amewo nayɔ anyigbaa dzi to vidzidzi me. Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu la, megblẽ tameɖoɖo sia me o, gake ena be wòhiã be woawɔ asitɔtrɔ le nanewo ŋu hafi tameɖoɖo si le esi na amegbetɔwo kple anyigba la nava eme.
Le ɣeyiɣi sia ƒe ƒe siwo anɔ 6,000 gbãtɔawo me la, Mawu ɖe mɔ na ameƒomea be woawɔ nusi dze wo ŋu yeƒe mɔfiafia manɔmee. Nenemae mía dzila gbãtɔwo ŋutɔ tiae. (Mose I, 3:17-19; Mose V, 32:4, 5) Esi Mawu ɖe mɔ na amegbetɔwo be woawɔ nu yeƒe mɔfiafia manɔmee eye emegbe be woaɖu wo ɖokui dzi le esi yeaɖu wo dzi teƒe la, aɖe alesi amegbetɔ mate ŋu afia mɔ eya ŋutɔ ƒe afɔɖeɖee o eye mate ŋu aɖu ehavi amegbetɔ dzi wòadze edzi o la afia.
Gake Yehowa nyae do ŋgɔ be nusiae ado tso eme. Eʋã Biblia-ŋlɔlawo be woaŋlɔ nya siawo ɖi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.
Nunyala Salomo ƒo nu tso afɔku siwo dzɔna ne amegbetɔwo dze agbagba be yewoaɖu yewo havi amegbetɔwo dzi, abe alesi wòdzɔe le ƒe alafawo mee ene, ŋu. “Nusiawo katã mekpɔ, eye metsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.”—Nyagblɔla 8:9.
Gake le esi wòanye be ɖeko Mawu Ŋusẽkatãtɔ la “ɖo asi glã esime ameƒomea le ta gbãm le kuxia ŋu” teƒe la, susu nyui aɖe le esi si tae wòɖe mɔ be ƒe akpe siawo nava yi siwo me made nu ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ ƒe nyawo me o.
Eɖe Vi Ŋutɔ
Ne míetsɔ amegbetɔ ƒe ƒe 6,000 ŋutinya siwo va yi sɔ kple míaƒe agbenɔƒe si le mamã dedie nu medea ƒe 100 o la, adze ɣeyiɣi didi aɖee. Gake le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖowɔɖi dzi kple alesi wòbua ɣeyiɣi ƒe didimee nu la, ƒe akpe siawo le abe ŋkeke ade ene—mede kwasiɖa ɖeka o! Apostolo Petro ɖe nu me be: “Lɔlɔ̃tɔwo, nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, le Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.”—Petro II, 3:8.
Petro yi edzi ɖee fia be menye ɖe Mawu metsɔ ɖeke le eme alo le hehem ɖe megbe o, esi wògblɔ kpee be: “Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.”—Petro II, 3:9.
Eyata ne ɣeyiɣi si ŋu Wɔla la ɖe mɔ ɖo wu enu la, aɖe nusi gblẽm wole le míaƒe anyigba nyui sia ŋu la ava nuwuwui. Va ɖo ɣemaɣi la, ɣeyiɣi si ŋu wòɖe mɔ ɖo na amegbetɔ la asɔ gbɔ be wòaɖo kpe edzi be mate ŋu aɖu nɔvia amegbetɔ dzi alo aɖe aʋawɔwɔ, ŋutasesẽnuwɔwɔ, ahedada, dɔléle, kple nu bubu siwo hea fukpekpe vɛ ɖa o. Esia anye nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ si aɖo kpe nusi Mawu gblɔ na amegbetɔwo le gɔmedzedzea me ke la dzi—be ele be woawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi hafi nu nadze edzi na wo.—Mose I, 2:15-17.
Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava fia be fifia míele nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia ƒe ‘ŋkeke mamlɛwo’ me. (Timoteo II, 3:1-5, 13; Mateo 24:3-14) Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ŋu eƒe mɔfiafia manɔmee kpakple ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu gbɔna nu wu ge kpuie. (Daniel 2:44) Eteƒe madidi o xaxa si nye gãtɔ kekeake si adzɔ ɖe xexe sia dzi ava mía dzi eye wòawu enu ɖe “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si nye Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Aʋa sia si me Mawu ƒe asi anɔ la magblẽ Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ si nye anyigba la o, ke boŋ “[atsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Mawu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu La
Ame miliɔn geɖe atsi agbe le anyigba dzi ne Harmagedon-ʋa la ke. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Ɣemaɣi nyagblɔɖi si le Lododowo 2:21, 22 ava eme, si nye: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le dzi.”
Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe si ƒe didime nye ƒe akpe ɖeka nakplɔ Harmagedon-ʋa dzɔdzɔe la ɖo. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Esiae anye Mawu Vi Kristo Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si me wòanye Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia le. (Mateo 6:10) Le Fiaɖuƒea ƒe anyigba dziɖuɣi dodzidzɔname sia me la, woafɔ ame miliɔn gbogbo aɖewo ɖe tsitre le alɔ̃ si dɔm wole le ku me me be woava kpe ɖe ame miliɔn geɖe siwo atsi agbe le Harmagedon me ŋu. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Woakpe ɖe wo katã ŋu be woaɖo blibodede gbɔ, eye le ema megbe—le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu—la, ŋutsu kple nyɔnu deblibo siwo katã nye Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ayɔ anyigba la dzi mlɔeba. Ekema Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme le ŋutikɔkɔe me.
Ẽ, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be “[yeatutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye!” (Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Eteƒe madidi o tame ma si Mawu ɖo la ava eme godoo.—Yesaya 14:24, 27.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amewo anɔ agbe tegbee le dzidzɔ me