Ŋkuléle Ðe Kluvinyenye ƒe Ŋutinya Wɔnublanui la Ŋu
ÎLE DE GORÉE medidi tso Afrika-dukɔ si nye Senegal ƒe ƒuta kple eƒe dugã si nye Dakar la gbɔ kura o. Vaseɖe ƒe 1848 me la, ƒukpo sia nye amesitsaƒe vevi aɖe si wodzra ame gbogbo aɖe ŋutɔ le ƒe 312 sɔŋ. Blemanuŋlɔɖi siwo ŋu woke ɖo le Franseawo ƒe melidzeƒe si le Nantes la fia be le ƒe 1763 kple 1775 ɖeɖe dome la, wodzra kluvi 103,000 kple edzivɔwo le Gorée wotsɔ to Nantes melidzeƒeae.
Egbea amedzro 200 le mamã dedie nu ye ɖia tsa va kpɔa Maison des Esclaves, Kluviwo ƒe Aƒe ƒe blemanudzraɖoƒe la gbesiagbe. Joseph Ndiaye, amesi kplɔa amewo ɖia tsae gblɔ nu dziŋɔ siwo me ame wɔnamanɔŋuitɔ siawo to la be: “Wolé mía tɔgbuiwo dzoe, womã woƒe ƒomewo me, wotu ga dzodzo woƒe ŋutigbalẽ dzi abe nyi ene be woatsɔ ade dzesi woe.” Wodea kɔsɔkɔsɔ ƒome blibowo kplɔna vɛ. Amesi kplɔa tsaɖilawo tsanae la gblɔ be “Ðeviawo dada ate ŋu ayi Amerika, wo fofo ayi Brazil, eye ɖeviawo ayi Antilles.”
Ndiaye ɖe nu me be, “ne woda ameawo le nudanu dzi vɔ la, wodoa asi ɖe wo ŋu ɖe ƒe si woxɔ kple afisi wotso la nu eye gbe aɖewo dolawo koŋ xɔa asi ŋutɔ le alesi wosẽe alo wosusui be wodzinae ta. Le kpɔɖeŋu me, wodoa asi gã ɖe Yorubatɔwo ŋu be wosẽ abe ‘sɔtsuwo’ ene.”
Wonaa nuɖuɖu amesiwo wolé evɔ womele kpekpem o be woalolo abe yevukpakpaxewo ene hafi woadzra. Amesitsalawo tia ɖetugbiviwo na gbɔdɔdɔ zã sia zã. Wodea ka akɔta na kluvi dzeaglãwo ɖe edede kɔ na wo teƒe be woakpe fu eteƒe nadidi.
Le ƒe 1992 me la, Papa John Paul II ɖi tsa de Gorée. The New York Times ka nya ta be “eɖe kuku ɖe kluvisitsatsa la ta hebia tsɔtsɔke na amesiwo katã kpɔ gome le eme, tsɔ kpe ɖe Katolikotɔ mawunyadɔgbedela siwo da asi ɖe Afrikatɔwo ƒe kluvinyenye dzi be esɔ la hã ŋu.”
Gake menye amesiamee di be yealɔ̃ ɖe nusiwo dzɔ la dzi o. Ƒe eve kple afã hafi woake ɖe Nantes ƒe nuŋlɔɖiawo ŋu la, Franse Yesutɔ aɖe gblɔ kple kakaɖedzi be kluvi 200 vaseɖe 500 koe wodzrana le Gorée ƒe sia ƒe. Vaseɖe fifia la, Aƒetɔ Ndiaye gblɔ be, “Xexeame mele lɔlɔ̃m ɖe nu vɔ̃ɖi sia ƒe kpekpeme dzi o.”
[Picture Credit Lines on page 30]
Gianni Dagli Orti/Corbis▸
Yann Arthus-Bertrand/Corbis▼
Reproduced from DESPOTISM—A Pictorial History of Tyranny