Mawue Nye Míaƒe Xɔnametɔ
ABE ALESI FRANCISCO COANA GBLƆE ENE
Fonye gblɔ nam be: “Ne ègbe toɖoɖo dziɖuɖumegãwo la, woawu wò!”
Meɖo eŋu nɛ be: “Ema anyo kura wu nɔnɔme dziŋɔ siawo me nɔnɔ.”
EMAE nye nya siwo mía kple fonye míegblɔ na mía nɔewo le September 1975 me. Etsɔ nuɖuɖu vɛ nam esi menɔ gaxɔ me le Maputo (si woyɔna ɣemaɣi be Lourenço Marques), le anyiehe Mozambique. Wotege mí amesiwo wu 180, si ƒe akpa gãtɔ nye Yehowa Ðasefowo, ɖe xɔ sue aɖe me. Fonyea do dziku ɖe ŋutinye ale gbegbe be megblẽ nuɖuɖu si wòtsɔ vɛ nam la ɖi kura gɔ̃ hã o!
Be nàte ŋu ase míaƒe gododo wɔdɔɖeamedzi sia gɔme la, na madze egɔme aɖe nusi kplɔm de gaxɔa me la me.
Mawusubɔsubɔ ƒe Hehexɔxɔ
Wodzim le ƒe 1955 me ɖe Presbiteriatɔwo ƒe ƒome aɖe me le kɔƒe si nye Calanga me le Manica Nutome. Afisia gbɔ medidi fũ tso Maputo si nye du gã gbɔ o. Togbɔ be Papa medea sɔleme o hã la, Dada ya dena, eye ekplɔa vi atɔ̃ siwo le esi la yia sɔleme Kwasiɖagbewo. Esi míenye ɖevi suewo la, efia Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa mí, eye megblɔnɛ edziedzi. (Mateo 6:9-12) Esi menye ŋutsuvi dzaa la, mebiaa Dada nya siawo ƒomevi be, “Nukata míekuna?” kple, “Ðe amewo ayi edzi anɔ kukum ɖaa?”
Dada gblɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖee ku nye—be vɔ̃wɔlawo ayi dzomavɔ me eye nyuiwɔlawo ayi dziƒo. Togbɔ be nyemeke nu ɖo eŋu nɛ o hã la, eƒe ŋuɖoɖoa na blanui lém. Alesi ku na wosea veve la ɖe fu nam, vevietɔ esi mía fofo lɔlɔ̃a ku esime mexɔ ƒe ewo pɛ ko. Emegbe edzrom vevie be manya nɔnɔme si me ame kukuwo le kple nenye be mɔkpɔkpɔ aɖe li na wo.
Nyateƒea Sɔsrɔ̃ Kple Edziwɔwɔ
Le Papa ƒe ku megbe kpuie la, míaƒe suku nufialawo dometɔ ɖeka zã agbalẽ si nye Tso Paradiso Si Bu me Yi Paradiso si Wogakpɔ Me tsɔ fia nu míaƒe klass. Agbalẽ sia si Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ ta la nɔ Zulu si nye South Africa-gbe me. Nufiala la ɣee nam, eye togbɔ be nyemese Zulugbe nyuie o hã la, nusiwo mesrɔ̃ tso Biblia kpukpui siwo woyɔ me la dzɔ dzi nam.
Esime mexɔ ƒe 16 la, wohe fonye si nɔ ƒomea dzi kpɔm de asrafodɔ me. Ɣemaɣie mete dɔwɔwɔ le amiʋeʋĩ ɖaƒe aɖe le Maputo eye medea mɔɖaŋununyasrɔ̃suku le zã me. Le ŋdɔnuɖuɣiwo le dɔme la, mede dzesi nane le Teófilo Chiulele si nye Yehowa Ðasefo ŋu—enɔa Biblia xlẽm ɣesiaɣi. Esi Teófilo kpɔ be metsɔ ɖe le eme la, eva te dzeɖoɖo kplim.
Emegbe Ðasefo bubu si ŋkɔe nye Luis Bila dze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplim gɔme. Mevo le ɖokuinye me esi meva nya be ame kukuwo meganya naneke o eye be mɔkpɔkpɔ li be woagbɔ agbe wo le tsitretsitsi me. (Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 5:28, 29) Enumake meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Dada eye metsɔ Biblia ƒe ŋuɖoɖowo ɖo nya siwo mebiae evɔ mete ŋu ɖo wo ŋu o la nɛ. Edzɔ dzi nɛ be meke ɖe ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu mlɔeba.
Esi nusiwo srɔ̃m menɔ de dzo lãme nam ta la, medzra ɖo be magblɔ nusiawo na ame bubuwo. Woɖe mɔ nam meƒoa Biblia me nuƒowo le suku gake menye le sɔleme o. Eteƒe medidi o, womegadi be yewoakpɔm le sɔleme o. Nye ŋutɔ ƒonyemetɔwo gɔ̃ hã va te yonyemetiti, togbɔ be nye dzixɔse yeyeawo dze Dada ya ŋu hã. Fonye ƒom vevie. Ƒometɔwo va te alɔmeɖeɖe le ŋunye esi tsitretsiɖeŋuawo medze edzi o, vevietɔ ne wokpɔm mele gbe dom ɖa le nuɖuɣiwo. Eyata medoa gbe ɖa le tsileƒe hafi va nɔa kplɔ̃ ŋu ɖua nu. Mese le ɖokuinye me be ‘Mawue nye nye xɔnametɔ.’—Psalmo 54:6.
Emegbe wogbe na Luis be wòagava srɔ̃ Biblia kplim le míaƒe aƒeme o. Eyata, míesrɔ̃a nua le eƒeme. Esi medze hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me gɔme la, kaka magbɔ ko wodo míaƒe aƒe ƒe agbowo ɖe nunye. Ewɔe be metsia Ðasefo vovovowo gbɔ dɔna.
Mlɔeba metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi le May 13, 1973 dzi. Ɣemaɣi la, Mozambique nɔ Portugal ƒe dziɖuɖu te, eye exe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Portugal kple dutanyigba siwo katã nɔ ete me. Le October 1, 1974 dzi la, mezu mɔɖela, si nye alesi Yehowa Ðasefowo yɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo. Esi nye taɖodzinue nye be mazu dutanyanyuigblɔla ta la, medze Eŋlisigbe sɔsrɔ̃ gɔme ale be mate ŋu adze ade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si woɖo ɖe United States na dutanyanyuigblɔlawo hehe.
Aɖaŋu Zazã le Gbeƒãɖeɖedɔa Me
Le mɔxeɖenuɣi mawo me la, Portugal dziɖuɖua ƒe kpovitɔ siwo woyɔna be PIDE de Ðasefo geɖe gaxɔ me le gbeƒãɖeɖe ta. Eyata be woagalé mí o la, míezãa aɖaŋumɔnuwo. Le kpɔɖeŋu me, míeɖea gbeƒã le aƒe ɖeka me gayia bubu me le nuto bubu me. Azɔ hã, mí ame eve míeyia dugã ƒe tsaɖibɔ me le míaƒe ŋdɔnuɖuɣi alo le fiẽ me. Mía dometɔ ɖeka nɔa ame aɖe xa dzea nyadzɔdzɔgbalẽ xexlẽ gɔme. Medidina o ke mía dometɔ evelia nɔa anyi léa ŋku ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me gblɔa nya sia tɔgbe be: “Alele, kpɔ ame gbogbo siwo wowu ɖa! Gake ènya be nusiawo magadzɔ gbeɖe le Mawu ƒe dziɖuɖu te oa?”
Dzeɖoɖo kplɔnɛ ɖo ale be amesi nɔ nyadzɔdzɔgbalẽa xlẽm la abia nya si ame kemɛa gblɔ ƒe kpeɖodzi tso Biblia me. Emegbe míewɔa ɖoɖo be míagado go le ŋufɔke ayi dzeɖoɖoa dzi. Míeto mɔ sia dzi he amesiwo nɔ mía xa de míaƒe dzeɖoɖo siwo ku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu me zi geɖe, eye míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Míeda akpe na Mawu be ekpe ɖe mía ŋu.
Dodokpɔɣi Sesẽ Aɖe
Le April 25, 1974 dzi la, dzizizidziɖuɖu si nɔ Portugal wu enu, eye dunyahehe ƒe tɔtrɔ geɖe va anyigba siwo dzi ɖum Portugal nɔ la me. Le Mozambique la, woɖe asi le gamenɔla siwo wolé le dunyahehe ta, kpakple Ðasefo siwo wode gaxɔ me le woƒe akpa aɖeke dzi mademade le dunyahenyawo me ta hã ŋu. Gake le dzinu 14 pɛ ko megbe, le June 25, 1975 dzi la, Mozambique ɖe gbeƒãe be yexɔ ɖokuisinɔnɔ tso Portugal si. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Ðasefowo yometiti yeye dze egɔme. Woƒo aƒelikawo nu ƒu be woalé Ðasefo siwo katã ŋu woake ɖo. Wogblɔ be míenye “ŋkutsala siwo Portugal Dutanyigbadziɖuɖua gblẽ ɖe megbe.”
Le September me la, wozi dzinye mede aƒelikawo ƒe takpekpe aɖe. Esi meɖo la, mekpɔ be amesiwo katã le nye Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒoa me la nɔ afima. Woɖe gbe na mí be míado ɣli agblɔ dunyahenya siwo ado dunyaheha si nɔ dzi ɖum la ɖe dzi. Esi míegbe bubutɔe la, wokplɔ mí yi gaxɔ me hede mí xɔvi si me wotege amewo ɖo si ƒe nya megblɔ le gɔmedzedzea me la me.
Míesɔ gbɔ le xɔvia me ale gbegbe be míete ŋu zɔna o. Ele be mía dometɔ aɖewo nanɔ anyi alo atsi tre be ame ʋɛ aɖewo nate ŋu akpɔ mɔ amlɔ anyigba. Nugododeƒe ɖeka koe nɔ teƒea, eye eyɔna edziedzi ale gbegbe be egbagbana henɔa ʋeʋẽm kũ. Míaƒe nuɖuɖu nyea spaghetti si ƒo ami si me tɔmelãƒuwo sɔa gbɔ ɖo eye tagbatsu gãwo nɔa zi nyem le edzi wòle be míatsɔ asi ƒoɖiwo aɖui. Mí ame 180 kple edzivɔ míedo dzi le nɔnɔme dziŋɔ sia me ŋkeke 19 sɔŋ. Emegbe woɖe mí yi teƒe aɖe si wode Ðasefowo ɖeɖee, ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo nɔ eme. Le dzinu ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, ɖevi geɖe ku le gaxɔa me ƒe nɔnɔme dziŋɔwo ta.
Mlɔeba la, dziɖuɖua tso nya me be yealɔ Ðasefoawo aɖakɔ ɖe Carico si nye saɖaga nuto aɖe si le dziehe la me. Taɖodzinuae nye be yewoaɖe mí ɖe aga. Ɣemaɣi la, Ðasefo siwo ade 7,000, siwo dometɔ akpa gãtɔ xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1974 kple 1975 mee nɔ Mozambique. Esi mekpɔe be Biblia-srɔ̃gbalẽwo ahiã mí ne woɖe mí ɖe aga ta la, mebia mɔ be magbugbɔ ayi aƒeme aɖatsɔ nuɖuɖu kple nunɔamesi aɖewo hena mɔa zɔzɔ. Esi amegã si kplɔm ɖo menɔ gbɔnye kpɔm o la, meɖe akpɔnɔ vivi siwo nɔ agbalẽgo aɖewo me kɔ ɖe anyi eye melɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo de agbalẽgoawo gɔme. Le ɣeyiɣi mawo me la, vɔvɔ̃ meɖo mí o. Míeka ɖe Mawu dzi be akpe ɖe mía ŋu.—Hebritɔwo 13:6.
Agbenɔnɔ le Asaɖaa Me
Míeɖo Carico le January 1976 me eye míekpɔ Ðasefo geɖe siwo tso Malawi si ɖe liƒo kpli mí la be wole asaɖa siwo woawo ŋutɔ tu me. Tso ƒe 1972 vaseɖe 1975 me la, ame 30,000 kple edzivɔ, siwo dome ɖeviwo le la si le subɔsubɔhawo yometiti nu le Malawi. Woɖe mɔ na wo be woage ɖe Mozambique ƒe dziehe abe sitsoƒedilawo ene, eye esi míeɖo la, woxɔ mí ɖe woƒe aƒewo me eye woma nunɔamesi sue siwo nɔ wo si la kpli mí.
Esi xɔtuɖaŋu mele mía dometɔ akpa gãtɔ si o ta la, mía nɔvi Malawitɔwo fia alesi míame anyikpewo atsɔ atu míaƒe xɔwoe ahatsɔ bè agbae la mí. Wofia agbledede kple nu bubu siwo míawɔ atsɔ akpe ɖe mía ɖokui ŋu hã mí. Alea wɔ mesrɔ̃ atikpakpa, agbledede, kple nutɔtɔ. Emegbe esi míetrɔ gbɔ va du siwo me míetso la, asinudɔ siawo siwo míesrɔ̃ la va ɖe vi na mía dometɔ geɖe.
Nusi nɔ vevie na míe nye míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me léle ɖe asi, eye magblɔ kakaɖedzitɔe be gbɔgbɔmenuɖuɖu metsi mía ŋu o. Aleke míewɔe? Abe alesi míekpɔe xoxo la, esi wokplɔ mí de gbe la, mía dometɔ geɖe zã aɖaŋu tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi kpe ɖe nuzazã bubuwo ŋu. Azɔ hã, Yehowa Ðasefo siwo le South Africa taa Gbetakpɔxɔ wonɔa suesue. Esia na wònɔ bɔbɔe be woatsɔ wo age ɖe asaɖaawo me.
Le kukuɖeɖe geɖe megbe la, woɖe mɔ be woawɔ srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ le asaɖaa me le December 1, 1978 dzi. Gbemagbee meɖe Alita Chilaule, amesi fofo nɔ ame gbãtɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le Maputo le ƒe 1958 me la dome. Esi míedzi mía vi siwo ƒe ŋkɔwoe nye Dorcas kple Samuel la, míefia wo be woalɔ̃ Yehowa, eye míekplɔa wo ɖe asi yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi. Emegbe míedzi vi bubu si míena ŋkɔ be Jaimito.
Alesi Míeɖea Gbeƒãe
Woɖe mɔ na Ðasefoawo be woado le asaɖaa me aɖadzra nu, siwo ƒe ɖewo nye agblemenu siwo ƒe agble wode. Mía dometɔ geɖe wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ tsɔ ɖe gbeƒãe. Le nyateƒe me la, meɖonɛ koŋ doa asi gã ɖe dze ŋu ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu aƒlee o. Ke hã ame ʋɛ siwo medo goe la ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu, eye medze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple wo dometɔ aɖewo.
Nye Biblia-nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka ƒo nu kple adzɔha aɖe si le Milange si te ɖe mía ŋu ƒe dɔdzikpɔla, amesi tsɔ ɖe le Biblia me. Esi woka esia ta nam la, meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dɔdzikpɔla la. Eɖo eŋu eye wòkpem be mava srã ye kpɔ. Eyata meɣla Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe awu me hedze mɔ, hewɔ abe zikpui kple kplɔ̃ siwo mekpa la dzra ge meyina nɛ ene.
Esi meɖo la, mekpɔ be asrafowo nɔ aƒea ŋu dzɔm; eye vɔvɔ̃ ɖom. Gake ŋutsua do va gblɔ na asrafoawo be yemedi be woaɖe fu na ye o. Míedze míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃a gɔme le fiẽ ga atɔ̃ me, eye wòɖe ɖetsɔleme fia ale gbegbe be míeyi edzi vaseɖe fɔfɔme gã atɔ̃! Emegbe ebia be yeaxɔ yeƒe agbalẽwo tso Portugal, le esi se aɖeke mebla nusiwo wòxɔna to posu me o ta. Emegbe etsɔa agbalẽa naam, eye metsɔnɛ vaa asaɖaa mee.
Enye nyateƒe be wokpɔa mía dometɔ aɖewo heléa mí zi geɖe ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Ke hã esi ame geɖe xɔ Fiaɖuƒegbedasia ta la, kakaɖedzi nɔ mía si be Mawu nɔ kpekpem ɖe mía ŋu, abe alesi wòkpe ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋui ene.—Dɔwɔwɔwo, ta 3-5.
Asiɖeɖe le Mía Ŋu, Kple Tɔtrɔ va Maputo
Le ŋugbledede le nɔnɔmeawo ŋu kple gbedodoɖa megbe la, míetso nya me le September 1985 me be míawɔ ɖoɖo azɔ le ha gã me adzo le asaɖaa me. Togbɔ be ame aɖewo tsi asaɖaawo me le Carico eye wosa ɖe aga tso Yehowa Ðasefo mamlɛawo gbɔ ƒe adre sɔŋ hã la, bubuwo si yi Malawi kple Zambia. Mía kple srɔ̃nye míetso nya me be míakplɔ mía viwo ayi ɖe Milange-du si te ɖe mía ŋu la me. Mekpɔ dɔ kple nɔƒe le afima, eye míeyi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi. Mlɔeba míetrɔ gbɔ va Maputo le ƒe si kplɔe ɖo me.
Gbã la, míenɔ ƒometɔwo gbɔ. Dɔkpɔkpɔ sesẽ, gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, mekpɔ dɔ. Alita dzra azitɔtɔe be yeatsɔ akpe asi ɖe ga sue si míekpɔna ŋu. Esi Eŋlisigbe si mese la nyo ɖe edzi ta la, meŋlɔ dɔbiagbalẽ yi ɖe Britain-Medɔdɔwo ƒe Dɔwɔƒe. Mekpɔ dzidzedze le dodokpɔ siwo wowɔ nam me eye woxɔm hexea fetu si sɔ gbɔ zi gbɔ zi 20 wu esi mexɔna tsã! Mese le ɖokuinye me be Yehowae kpe ɖe ŋunye, eye meda akpe nɛ le gbedodoɖa me.
Agbanɔamedziwo Tsɔtsɔ
Mlɔeba la, Mozambique dziɖuɖua va da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu le February 11, 1991 dzi. Enye ŋkeke si míaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o! Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wokpem be mava nye kɔmiti si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Mozambique la me tɔ. Ɣemaɣi la, mía viwo xɔ ƒe 12, 9, kple 6 ko. Medo gbe ɖa zã bliboa katã nɔ Yehowa biam be wòana nunyam be mawɔ nyametsotso si afia dadasɔ le ƒomea kple habɔbɔa ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ gome.
Míete ŋu ƒle agbatsɔʋu sue aɖe si míetsɔ wɔa míaƒe asitsadɔe. Míexɔ mɔɖela aɖewo wonɔ yevubolo si me wode nuwoe mem nɔ dzadzram, eye dɔa kpɔ dzidzedze. Esia wɔe be ɣeyiɣi nɔ asinye mekpɔa hakpɔkplɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ yeye siwo su asinye la gbɔ. Aƒe hã hiã mí elabena meganya wɔ be míanɔ aƒe si me míenɔ ƒe xɔhayafe xem o. Eyata meŋlɔ agbalẽ na dziɖuɖumegãwo na wonya nɔnɔme si me nye ƒomea nɔ. Eteƒe medidi o, woda asi ɖe edzi na mí be míate ŋu aƒle aƒe. Esia ɖi hoo, esi wònye nyee nye Mozambiquetɔ gbãtɔ si ƒle aƒe le dziɖuɖua si ta.
Woyra mía kple Alita be míedzi vi siwo wɔ ɖe gbɔgbɔmenufiame ƒe ɖoɖo si le mía si la dzi. (Mose V, 6:6-9) Enye numame na mí be míadzro ŋkekea ƒe Biblia kpukpuia me le ŋdi ga 5:40 me, eye emegbe míaxlẽ Biblia ɖekae. Esi wòhiã be mía viawo naɖo suku kaba ta la, ŋdikanya ƒe ɖoɖowɔɖi sia ma wo. Míewɔa míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ le Fiɖa fiẽ ga 6:00, si me ɖeviawo dzroa Biblia me nyati siwo ŋu wowɔ numekuku le kpli mí le. Ɣeyiɣi siae míetoa gbeadzi dzeɖonyawo hã me.
Mía viawo katã xɔ nyɔnyrɔ. Le nyateƒe me la, Dorcas kple Samuel le mɔɖeɖedɔa wɔm tso ƒe 1994 me ke, eye Jaimito hã le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm tso esime wòxɔ nyɔnyrɔ. Ðeviawo gakpɔtɔ le suku, eye enye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu be yeadzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi emegbe. Alita zãa eƒe ɣeyiɣi ɖe mɔɖeɖedɔa kple míaƒe aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu. Mele mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe geɖe enye sia, eye ƒe siwo me menɔ gakpɔwo me hã le eme. Gake tso ƒe 1993 me la, mewɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea le ŋkeke me.
Mawu Gakpɔtɔ le Mía Yram
Le ƒe 1997 me la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su asinye be mede dzinu eve ƒe suku si woɖo na Yehowa Ðasefowo ƒe Alɔdzekɔmiti me tɔwo. Wowɔ sukua le United States le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea le Patterson, New York. Eyata agbagba si medze be masrɔ̃ Eŋlisigbe gaɖe vi nam ake. Esi metrɔ gbɔna aƒe la, mete ŋu srã Yehowa subɔla siwo le dukɔ bubuwo me kpɔ, eye aleke gbegbe esia na ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ŋu yɔ nye dzime fũ enye si!
Lɔlɔ̃ sia tututu si le Kristotɔ vavãwo dome hã nye nusi le dzianukwaretɔ akpe geɖe hem wova le ɖeka wɔm kple Yehowa Ðasefowo le Mozambique. ( Yohanes 13:35) Tso ame 7,000 lɔƒo siwo nɔ gbeƒã ɖem esime wokplɔ mí de gbe yi gakpɔwo me dzi la, ame 29,000 kple edzivɔe le mía si fifia le gbaƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le Mozambique katã. Amesiawo le hame siwo wu 665 me, evɔ hame 4 ye nɔ anyi le ƒe 1958 me.
Le ƒe 1993 me la, woda asi ɖe ɖoɖowo dzi be míatu alɔdzedɔwɔƒe si me dɔwɔla siwo wu 75 anɔ eye woakpɔ alesi tadeagu vavãtɔ le ta kekem ɖe edzi nukutɔe gbɔ le Mozambique. Le ƒe ene megbe la, wowu etutu nu. Emegbe le December 19, 1998 dzi la, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔa gba go esi ame 1,098 tso dukɔ geɖe me va teƒe dzeani sia nu ʋuƒe. Le wɔnaa me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mebia gbe amesiwo nɔ aboyome ƒe geɖe le Carico. Mebia be amesiwo wokplɔ yi aboyome nado asi ɖe dzi, eye ewɔ dɔ ɖe nyaselawo dzi esi wokpɔ asi alafa geɖe le dzi.
Le ŋkeke eveagbe la, ameha si ƒe xexlẽme nye 8,525 la nɔ Matola Takpexɔa me na xɔŋukɔkɔwɔnawo, nyatakaka dedziƒoname siwo tso dukɔ bubuwo me sese, kple nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi si amedzrowo siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, va ƒo la sese.
Nyateƒee, tso esime Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze su asinye le nye ƒewuiwo me la, meto ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, ku ƒe ŋɔdzidodonamewo, kple yometiti dziŋɔ siwo na mesusunɛ ɣeaɖewoɣi be ku nyo wu agbenɔnɔ me. Ke hã dzi le dzɔyem elabena nusiawo me toto gadzra mía kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo. Ẽ, abe alesi Biblia me hakpala gblɔe ene la, “Mawue nye xɔnametɔ, Aƒetɔ la lé nye luʋɔ ɖe asi.” (Psalmo 54:6) Enye mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o na mía kple nye ƒomea be míele Yehowa subɔm aduadu kple esubɔlawo ƒe xexeame katã ƒe ƒomea.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Ðasefowo le Fiaɖuƒe Akpata si wotu esime wonɔ aboyome la ŋgɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Míele ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Amesiwo nɔ asaɖaawo me le Carico la do asi ɖe dzi