INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 8/8 axa 29-30
  • Nye Avu Sea Nu Nam!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nye Avu Sea Nu Nam!
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Twinkie ƒe Dɔ
  • Hehenana Aɖaŋutɔe
  • Ðekawɔwɔ si me Dzidzɔ Le
  • Lãwo—Wonye Nunana tso Mawu Gbɔ
    Nyɔ!—2004
  • Avu Ƒe Nuʋeʋẽse
    Ðe Wowɔea?
  • ‘Nusi Nye Dzi Di La’ Va Eme Nam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 8/8 axa 29-30

Nye Avu Sea Nu Nam!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRITAIN GBƆ

“NYEMENYA aleke wòanɔ nam avuvi sia manɔmee o!” Nenemae Dorothy gblɔ esi wònɔ Jack Russell si nye avuvi ɣi si biã vie si avu ƒomevi eve dzi si tsyɔ akɔ ɖe eƒe ablegɔ te dziɖeɖitɔe la kpɔm lɔlɔ̃tɔe. “Wotsɔ Twinkie nam ɣleti ʋɛ aɖewo koe nye esia, gake ena alesi menɔa agbee va nyo ɖe edzi wu!”

Esi melé ŋku ɖe eŋu nyuie la, mekpɔ be Twinkie do sɔkpa si nye aŋutiɖiɖi si dzi woŋlɔ nu ɖo wòɖe yibɔɔ be, “AVU SI SEA NU NA TOKUNƆWO.” ‘Lã tɔxɛ kae nye esi!’ Meɖo ŋku edzi be menɔ nya sia ŋu bum. ‘Nukae wòate ŋu awɔ?’

Dzɔgbenyuitɔe la, míedo go le ame 44,000 siwo va “Mawu ƒe Agbemɔ” Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le ƒe si va yi ƒe July me le London, England me. Esi Dorothy nɔ anyi ɖe gbeɖiɖimɔ̃ aɖe gbɔ tututu ta la, ete ŋu se nuƒoawo, ke nukata wògahiã avu si sea nu na ame? Esi míenɔ anyi ɖekae nɔ dze ɖom le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi la, Dorothy ɖe nyaa me nam.

Twinkie ƒe Dɔ

Dorothy ƒe numasemase kura tso ƒunukpeƒe ŋudza aɖe si wòlé esi wòxɔ ƒe etɔ̃ la gbɔ. Esi Dorothy srɔ̃ ku ƒe 23 enye esia ta eya ɖeka koe nɔ anyi, gake egblɔ be esi yenɔ tsitsim la, yeva hiã nu geɖe wu hadede dzro ko. Egblɔ be: “Tokunɔ siwo tsi abe nye ene te ŋu sena le wo ɖokui me be yewomele dedie kura o. Mexɔ ƒe 74 eye mele aƒe si me wokpɔa ame tsitsiwo dzi le, gake ne amesi kpɔa dzinye va be yeava kpɔ gbɔnye la, nyemete ŋu sea agbonuga la ƒe ɖiɖi o. Ɣeaɖewoɣi ne ebui be anye nye lãmee gblẽ la, egena ɖe xɔa me le nye manyamanya me; eye esia na mevɔ̃na ŋutɔ. Gake fifia Twinkie sea ga la ƒe ɖiɖi, eye wòva ɖoa afɔ nye afɔta hekplɔam yia agboa nu. Nenema ke ne Twinkie se ga ƒe ɖiɖi le nye abolokpo si meɖo game na ŋu la, eƒua du vaa gbɔnye eye mekplɔnɛ ɖo. Ne dzudzɔ alo dzobibi ƒe ga le ɖiɖim la, wona hehe Twinkie be wòahe nye susu va edzi eye wòamlɔ anyigba atsɔ afia be afɔku gã aɖe di be yeadzɔ. Ɣesiaɣi si wòakpe ɖe ŋunye la, meɖoa eteƒe nɛ kple nuɖuɖu vivi sue aɖe.”

Hehenana Aɖaŋutɔe

Nyaa sese nɔ vivim nam. Mebiae be: “Aleke nèwɔ kpɔ avu sia, eye amekae na hehee?” Nyabiase sia ʋu mɔ ɖi na Dorothy be wòaƒo nu nam tso Avu Siwo Sea Nu na Tokunɔwo, si nye dɔmenyohabɔbɔ si ƒe taɖodzinu enye be yeakpe ɖe tokunɔwo ŋu le Britain be ablɔɖe geɖe wu nasu wo si eye wòana woƒe agbenɔnɔ nagaka ɖe eme wu ŋu. Tso ƒe 1982 vaseɖe fifia la, wona avu alafa geɖewo tokunɔ siwo le Britain. Ne wona hehe avua keŋkeŋ vɔ la, woɖonɛ ɖe nutɔ yeyea be wòanɔ egbɔ femaxee.

Zi geɖe la, avu siwo wotiana nyea avu siwo bú siwo wova xɔna tsoa avu búbuwo dzikpɔƒewo le dukɔa me godoo, togbɔ be wo nyilawo naa ɖewo hã. Hehenana avu xɔna vaseɖe ɣleti 12. Zi geɖe la, amesiwo le megbe na ɖoɖoa ye kpɔa gazazãwo gbɔ, eye ete ŋu nyea adzɔha loo alo amewo ƒe ƒuƒoƒo siwo dzɔa ga vivivi tsɔ ƒoa ƒui. Dorothy gblɔ nam be habɔbɔ aɖe si kpena ɖe amewo ŋu be woɖea woƒe lolome dzi kpɔtɔna ye na ga dɔmenyotɔe wotsɔ na hehe Twinkie.

Ne wotia avu si ate ŋu ase nu tso esiwo xɔ kwasiɖa adre vaseɖe ƒe etɔ̃ dome vɔ ko la, wonaa hehee be woawɔ nu ɖe gbeɖiɖi aɖewo nu. Gake le gɔmedzedzea me la, wotsɔa avu siawo naa ame aɖe si lɔ̃ faa be wòade ha kplii, eye amesia kplɔa avua yia aƒeme ɣleti eve vaseɖe enyi, le avua ƒe tsitsime kple nuteƒekpɔkpɔ nu. Hadede kple lã la ƒe akpa aɖe ate ŋu anye be woana hehee le alesi wòanɔ agbee le aƒeme, gake taɖodzinu vevitɔe nye be amehawo kple ʋu siwo ame geɖe ɖona me nɔnɔ namãe eye woana wòanya alesi wòanɔ anyi kple amesiwo xɔ ƒe vovovowo, tsɔ kpe ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ŋu le nɔnɔme vovovowo me. Taɖodzinua enye be woana hehe avua be wòanya alesi wòawɔ nu ɖe ɖoɖo nu ale be woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu le nɔnɔme ɖesiaɖe si me wòava nɔ mlɔeba me.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mese be habɔbɔ bubuwo zãa avuwo tsɔ naa kpekpeɖeŋu tɔxɛ amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le. Hekpe ɖe hehe si wonaa avu siawo be woase nya siwo wogblɔ na wo gɔme ŋu la, wofiaa alesi woade dzesi nu tɔxɛ aɖewo ƒe dzedzeme kple ʋeʋẽe. Wona hehe avu siawo dometɔ ɖeka si le nyɔnu aɖe si le bunɔwo ƒe keke me dzi kpɔm be wòatsɔ eƒe telefon kple lɛtawo nɛ eye wòatu posugagbalẽvi lɛtakotokuwo dzi hena wo ɖoɖo ɖe duta! Avu bubu te ŋu wɔna ɖe nya vovovo 120 siwo woagblɔ nɛ dzi, eye ete ŋu fɔa nugoe kple agbalẽkotoku siwo me nuɖuɖuwo le le fiase gãwo ƒe kplɔ̃wo dzi. Avua tɔ si nye nuwɔametɔ la sia akaɖi ɖe nusiwo wòdi be yeaƒle dzi, eye avua va tsɔnɛ nɛ.

Ðekawɔwɔ si me Dzidzɔ Le

Mebiae be: “Ðe amesiame kpɔa ŋudzedze ɖe asixɔxɔ si le Twinkie ŋu la ŋua?” Dorothy ɖo eŋu be: “Fiasedzikpɔla aɖe gbe be nye avua megage ɖe yeƒe fiasea me o. Mesusui be esi wòɖo nuɖuɖu aɖewo ɖe eƒe fiasea me tae, gake le nyateƒe me la, eƒe nuwɔna sia mebɔ o, le esi mese nusita mehiã na Twinkie gɔme o tae.”

Fifia mese avu siwo sea nu na ame ƒe vevienyenye le aƒeme gɔme, gake magabia nya ɖekae. Viɖe kae nɔa Twinkie ŋu ne Dorothy le ha dem kple nɔvia Kristotɔ geɖeawo dzidzɔtɔe? Dorothy gblɔ be: “Mete ŋu léa ŋku ɖe amewo ƒe nuyiwo ŋu nyuie tsɔ sea nya si gblɔm wole la gɔme, eye mɔ̃ si medea tome tsɔ sea nya wɔe be mete ŋu ɖoa dze kple amewo, eye ne amewo kpɔ Twinkie ƒe sɔkpawu aŋutiɖiɖia ko la, wonyana enumake be tokunɔe menye. Esia na woƒoa nu nam tẽ eme kɔna alesi woate ŋui. Eyata megahiã be maɖe nu me na amewo tso nye nuwɔametɔnyenye ŋu o, eye esia na agbenɔnɔ ganɔa bɔbɔe nam wu.”

Esusɔ vie takpekpea nagadze egɔme eye ehiã be woakplɔ Twinkie aɖi tsa vie hafi woagava nɔ anyi na ŋdɔ me kpekpea. Hafi madzo le wo gbɔ la, mebɔbɔ helili asi eŋu. Twinkie ʋu eƒe ŋku si dzi kɔ la eye wòkpɔ Dorothy ƒe mo heʋuʋu asikɛ. Xɔlɔ̃ sue toɖola si nye dɔwɔnu nyui ka gbegbee nye esi​—eye ƒomedodo nyui aɖe hã le wo dome!

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Twinkie naa kpekpeɖeŋu vevi geɖe le takpekpewo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe