Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Mawusubɔsubɔ ƒe Ðekawɔwɔ le Srɔ̃ɖeɖe Me—Nusita Wòle Vevie Ðo
ƑOME aɖe nɔ anyi be yewoaɖu fiẽnu. Esi vifofoa nɔ gbe dom ɖa la, vidadaa hã nɔ etɔ dom ɖa le ɖoɖoezizi me na mawu bubu. Le ƒome bubu me la, srɔ̃nyɔnua dea sɔleme, gake srɔ̃aŋutsua ya dea Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Ƒome aɖewo li si me dzila ɖeka fiaa nu ɖeviawo tso Santa Claus ŋu, eye evelia hã ƒoa nu tso Hanukkah ŋu na wo.
Nyitsɔ laa ƒe numekukuwo ɖee fia be nudzɔdzɔ siawo tɔgbe va bɔ esi ame geɖe le srɔ̃ ɖem tso xɔseha bubuwo me. Numekuku aɖe ɖee fia be fifia le United States la, Katolikotɔ alafa memama 21 ɖea amesiwo menye woƒe ha me tɔwo o; le Mormontɔwo dome la, agbɔsɔsɔmea nye alafa memama 30; le Moslemtɔwo dome la, alafa memama 40; eye le Yudatɔwo dome la, ewu ame alafa memama 50. Esi subɔsubɔhawo ƒe fuléle wo nɔewo nɔ anyi ƒe alafa geɖe ta la, ame aɖewo bu xɔseha vovovo me tɔwo ƒe wo nɔewo ɖeɖe be enye mɔmaɖemaɖeɖenuŋu dzi ɖuɖu. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Ele be woakpɔ dzidzɔ ɖe xɔse vovovo me tɔwo ƒe wo nɔewo ɖeɖe ɖesiaɖe ŋu.” Ðe esia sɔ kple Biblia ƒe nukpɔsusua?
Ele be míade dzesii be Biblia meda asi ɖe nazãbubu ɖe amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo na mía tɔ kple gbevovovodolawo ŋu dzi o. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be míaganye ameŋkumekpɔlawo o. Apostolo Petro ƒo nu tso esia ŋu eme kɔ nyuie be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, Biblia fia nu be ele be Yehowa subɔla vavãwo naɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔ la me ko.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Nukatae?
Taɖodzinu si Le Srɔ̃ɖeɖe Ŋu
Ðe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye ƒomedodo tɔxɛ aɖe si me le kplikplikpli. (Mose I, 2:24) Esi Mawu nɔ srɔ̃ɖeɖoɖoa ɖom anyi la, menye hadede kple wo nɔewo koe nye nusi nɔ susu me nɛ o. Esime Yehowa de dɔ asi na atsu kple asi gbãtɔwo be woadzi vi akpɔ wo dzi eye woalé be na woƒe aƒe si nye anyigba la, eɖee fia be ele be woawɔ dɔ aduadu le yeƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ me. (Mose I, 1:28) Ne ŋutsu kple nyɔnu wɔ dɔ ɖekae alea le Mawu subɔsubɔ me la, menye zɔhɛwo ko woanye na wo nɔewo o ke ɖekawɔwɔ kadodo kplikplikpli si anɔ anyi ɖaa hã anɔ wo dome.—Tsɔe sɔ kple Maleaxi 2:14.
Ðekawɔwɔ kadodo siae nɔ susu me na Yesu esime wògblɔ eƒe nya siawo si wonya nyuie la be: “Tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagama eme o.” (Mateo 19:6) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, Yesu tsɔ srɔ̃ɖeɖe sɔ kple kɔkuti si wodea kɔ na agbatetsɔlã eve be woatsɔ ahe agba ɖekae. Kpɔ vevesese si gbegbe wòanye ne lã eve siwo wode kɔkutia kɔ na la le nua hem ɖo ta teƒe vovovo ɖa! Nenema ke amesiwo meɖe srɔ̃ le ha vavãtɔ me o akpɔe be yewole fu kpem ŋutɔ ne wo dometɔ ɖeka le agbagba dzem be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu evɔ nɔvia ya tsi tre ɖe eŋu. Eyata esɔ be Biblia gblɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!”—Korintotɔwo II, 6:14.
Srɔ̃ɖeɖe si Nyo Wu
Ðekawɔwɔ le tadedeagu vavãtɔ me ate ŋu ado ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe ale gbegbe. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ ɖekae nye nu vevi siwo nɔa ƒome nyui kpɔdzidzɔwo me dometɔ ɖeka.” Nyagblɔla 4:9, 10 gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.”
Ne Kristotɔ srɔ̃tɔwo tu woƒe agbenɔnɔ ɖe woƒe tadedeagu dzi la, ɖekawɔwɔ nɔa wo dome menye le ŋutilã me gome ɖeɖeko o ke le gbɔgbɔ me hã. Ne wodoa gbe ɖa ɖekae, srɔ̃a Mawu ƒe Nya ɖekae, kpea ta kple hati Kristotɔ, eye wogblɔa woƒe xɔse ŋu nya na amewo la, enana be gbɔgbɔmeƒomedodo aɖe si doa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea be ɖekawɔwɔ kplikplikpli nanɔ eme la nɔa anyi. Kristotɔ nyɔnu aɖe gblɔ be: “Mɔ si nu wonɔa agbe ɖoe tadedeagu vavãtɔ nye. Nyemenya alesi maɖoe be maɖe amesi mexɔ nusi dzi nye amenyenye kple nɔnɔme nɔ te ɖo la dzi se o.”—Tsɔe sɔ kple Marko 3:35.
Amesiwo ɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me” ate ŋu akpɔ mɔ be yewo srɔ̃wo nasrɔ̃ Yesu ƒe agbenɔnɔ. Ele be Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu abe alesi Yesu wɔ nu ɖe hamea ŋu lɔlɔ̃tɔe ene. Eye ele be Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu le bubu me. (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 5:25, 29, 33) Kristotɔwo wɔa esia menye le wo srɔ̃ ɖeɖeko ŋudzedze ta o ke be woadze Mawu, amesi srɔ̃tɔwo abu akɔnta na le alesi wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋu.—Maleaxi 2:13, 14; Petro I, 3:1-7.
Ne Kristotɔ srɔ̃tɔwo ƒe dzixɔse le ɖeka la, ekpena ɖe wo ŋu hã be wokpɔa masɔmasɔwo gbɔ le ŋutifafa me. Biblia ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be ‘woagakpɔ nusi nye woa ŋutɔwo tɔ ɖeɖeko dzi o, ke boŋ woakpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi.’ (Filipitɔwo 2:4) Togbɔ be nusiwo asɔ na srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe anɔ anyi hã la, srɔ̃tɔ siwo nye ha ɖeka me tɔwo nɔa te ɖe Mawu ƒe Nya dzi kpɔa masɔmasɔ ɖesiaɖe gbɔ. (Timoteo II, 3:16, 17) Esia nana be wowɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be Kristotɔwo ƒe ‘tamesusu nanɔ ɖeka’ la dzi.—Korintotɔwo I, 1:10; Korintotɔwo II, 13:11; Filipitɔwo 4:2.
Amenunyoameŋu Kple Gɔmeɖose Ðeka Tɔgbewo
Nyateƒee, menye ha ɖeka me nɔnɔ koe nye nusi hiã le srɔ̃ɖeɖe me o. Ame nɔewo ƒe nu ƒe ame ŋu nyonyo hã nye nu vevi aɖe. (Hawo ƒe Ha 3:5; 4:7, 9; 5:10) Gake be srɔ̃ɖeɖe nali ke la, gɔmeɖose ɖeka tɔgbe ƒe amesinɔnɔ le vevie ŋutɔ. Agbalẽ si nye Are You the One for Me? (Wòe Wòle Be Maɖea?) gblɔ be “anɔ bɔbɔe na srɔ̃tɔ siwo wɔna ɖe gɔmeɖose ɖeka tɔgbe dzi wu be ƒomedodo si anɔ anyi ɖaa si me dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ le nanɔ wo dome.”
Gake nublanuitɔe la, ete ŋu dzɔna be amesiwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo meƒoa nu tsoa nya vevi siwo me woƒe susu mewɔ ɖeka le o ŋu o vaseɖe esi woɖe wo nɔewo vɔ megbe hafi. Tsɔ esia sɔ kple alesi nàƒle aƒe le esi wònya kpɔ ta. Gake esi nèʋu yi ɖe eme vɔ megbe hafi nèva kpɔe be eƒe gɔmeɖoanyi mesesẽ o. Esi xɔa ƒe gɔmeɖoanyi mesesẽ o ta la, eƒe akpa vovovoawo ƒe anidzedze katã zu dzodzro. Nenema ke amesi le ha bubu me si adze abe eƒe nɔnɔme sɔ na ame ene ƒe nu ate ŋu alé dzi na ame—gake le eɖeɖe vɔ megbe la, nuwo ate ŋu atrɔ bubui le srɔ̃ɖeɖea me kura.
De ŋugble tso kuxi sesẽ aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa emegbe le ha vovovo me tɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me ŋu kpɔ: Afikae ƒomea ade ta agu le? Mawusubɔsubɔ ƒe hehe kae woana ɖeviawo? Ha kae ƒomea ana gakpekpeɖeŋui? Ðe srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka ate tɔ ɖe edzi be yewoawɔ subɔsubɔkɔnu aɖewo alo aɖu ŋkekenyui aɖewo siwo evelia ya bu trɔ̃subɔsubɔea? ( Yesaya 52:11) Srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe bia tso srɔ̃tɔawo dometɔ ɖesiaɖe si be wòawɔ asitɔtrɔ siwo me susu le; gake Mawu meda asi ɖe dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi—be woatsɔ alé srɔ̃ɖeɖe gɔ̃ hã ɖe te—dzi o.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 7:3, 4; Nexemya 13:26, 27.
Srɔ̃tɔ aɖewo léa woawo ŋutɔ ƒe mɔ tsɔna le subɔsubɔnyawo me be ŋutifafa nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me ta. Gake nublanuitɔe la, amesiame ƒe mɔ léle atsɔ le tadedeagu me alea naa nane buna le gbɔgbɔ me le srɔ̃ɖeɖea me. Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe si ɖe ŋutsu aɖe si nye ha bubu me tɔ gblɔ be: “Togbɔ be míeɖe mía nɔewo ƒe 40 sɔŋ ye nye sia hã la, srɔ̃nye menyam tututu o.” Gake srɔ̃ɖeɖe si me srɔ̃tɔ eveawo dea ta agu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” wɔnɛ be Mawu nyea ame vevitɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Abe alesi Biblia gblɔe le hakpanya me ene la, “ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.”—Yohanes 4:23, 24; Nyagblɔla 4:12.
Ke Ðeviawo Hã Ðe?
Ðewohĩ ame aɖewo siwo le eŋu bum be yewoaɖe ha bubu me tɔ asusui be yewoate ŋu afia ha evea siaa ƒe nufiafiawo yewo viwo eye emegbe yewoaɖe mɔ na woawo ŋutɔ be woawɔ woa ŋutɔwo ƒe tiatia. Nyateƒee, gome le dzila evea siaa si le se nu kple agbenyuinɔnɔ gome be woana mawusubɔsubɔ ƒe hehe wo viwo eye mlɔeba la, ɖeviawo ŋutɔ natso nya me na wo ɖokui.a
Biblia xlɔ̃ nu ɖeviwo be woaɖo to dzila evea siaa “le Aƒetɔ la me.” (Efesotɔwo 6:1) Ale Lododowo 6:20 gblɔe enye si: “Vinye dzra fofowò ƒe sedede ɖo, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” Ne dzila eve siwo ƒe dzixɔse le ɖeka nyi ɖeviawo tsɔ wu be woatsɔ dzixɔse vovovowo amlã woe la, ana be woawɔ ɖeka le nusi Biblia yɔ be ‘Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka’ me.—Efesotɔwo 4:5; Mose V, 11:19.
“Le Aƒetɔ la me” Vavã
Ne gɔmeɖose ɖeka tɔgbe ƒe amesinɔnɔ nye nu vevi si ana nuwo nadze edzi le srɔ̃ɖeɖe me la, ke ɖe nunya anɔ eme be woaɖe amesiame si gblɔ be Kristotɔe yenye koa? Biblia ɖo eŋu be: “Amesi ke gblɔ bena, yenɔa [ Yesu me] la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.” ( Yohanes I, 2:6) Eyata Kristotɔ si le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum adi hati Kristotɔ si dzea agbagba nyateƒetɔe be yeadze Yesu yome. Ele be amesia si wòadi be yeaɖe nanye amesi tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Ele be wòasrɔ̃ Yesu ƒe amenyenye nyoameŋu la kple eƒe gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzonɔamemetɔe. Abe Yesu ene la, ele be wòana eƒe agbe nanɔ te ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi.—Mateo 6:33; 16:24; Luka 8:1; Yohanes 18:37.
Ne amesiwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum gbɔ dzi ɖi kpɔ srɔ̃ si sɔ le Mawu ƒe tadeagulawo ƒe ƒomea me la, woanye kpɔɖeŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me gome. Mlɔeba la, esia ana dzidzɔ kple dzidzeme geɖe nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me.—Nyagblɔla 7:8; Yesaya 48:17, 18.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Nyɔ! ƒe nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Ðe Wòle Be Ðeviwo Natia Subɔsubɔha na Wo Ðokuia?” le March 8, 1997, tɔ ƒe axa 24-5. Kpɔ agbalẽ si nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta le ƒe 1995, axa 24-5 hã.
[Aɖaka si le axa 28]
Kpekpeɖeŋu na Aƒe Siwo me Ma le Mawusubɔsubɔ Gome
Le susu vovovowo ta la, srɔ̃tɔ geɖe me ma le mawusubɔsubɔ gome. Anye be ame aɖewo ŋutɔe ɖoe be yewoaɖe srɔ̃ tso ha bubu me. Gake srɔ̃tɔ geɖe nye ha ɖeka me tɔwo gbã eye emegbe hafi wo dome va ma le subɔsubɔnyawo me le esi srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka va ge ɖe ha bubu me ta. Nu bubuwo hã ate ŋu anɔ anyi siwo gbɔ wòatso be ƒomewo me nama le subɔsubɔ gome. Gake eɖanye nuka gbɔe wòtso o, mele be woagblẽ srɔ̃ɖetamkakaa me alo abui nu tsɛe le esi srɔ̃tɔwo meda asi ɖe wo nɔewo ƒe subɔsubɔ dzi ta o. Biblia de bubu srɔ̃ɖeɖe ƒe nu kɔkɔe nyenye kple eƒe anyinɔnɔ ɖaa ŋu, ne srɔ̃tɔawo mele ha ɖeka me o gɔ̃ hã. (Petro I, 3:1, 2) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvi aɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeanɔ egbɔ la, negagbee o.” (Korintotɔwo I, 7:12) Ne srɔ̃tɔwo zã Biblia ƒe gɔmeɖosewo la, ana be woalɔ̃ wo nɔewo, anɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me eye woade bubu wo nɔewo ŋu.—Efesotɔwo 5:28-33; Kolosetɔwo 3:12-14; Tito 2:4, 5; Petro I, 3:7-9.