INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 3
  • Nuklia Ƒe Ŋɔdzidonamea Wu Enu Nyateƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuklia Ƒe Ŋɔdzidonamea Wu Enu Nyateƒea?
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom?
    Nyɔ!—2004
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
  • Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?
    Nyɔ!—2004
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 3

Nuklia Ƒe Ŋɔdzidonamea Wu Enu Nyateƒea?

AMEƑOMEA nɔ nuklia nutsɔtsrɔ̃ ƒe ŋɔdzi me wu ƒe 40. Emegbe le ƒe 1989 me la, Berlin Glia mu​—eyae ʋu mɔ na Soviet ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua ƒe anyidzedze. Eteƒe medidi o, dukɔ sesẽawo lɔ̃ be yewoadzudzɔ aʋawɔtu siwo gblẽa nu le adzɔge ɖoɖo yewo nɔewo dzi. Esi wòdze abe ɖe wotsi nuklia ƒe “Harmagedon” la nu alo be wolé enu vie ene ta la, gbɔdzɔe si wonɔ mɔ kpɔm na xoxoxo la ƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo le xexeame.

Gake eŋununyala geɖe bui be wotso ɖe aseyetsotsoa ŋu kaba akpa. Le ƒe 1998 me la, wote The Bulletin of the Atomic Scientists ƒe tsɔtsrɔ̃gaƒoɖokui xɔŋkɔ la yi ŋgɔ aɖabaƒoƒo atɔ̃ wòva ɖo aɖabaƒoƒo asieke hafi zã ga wuieve naƒo​—si nye kpeɖodzi si me kɔ ƒã be nukliaŋɔdzia nu meyi o.a Nyateƒee wònye be xexeame ƒe nɔnɔme trɔ. Dukɔ gã eve siwo si nukliaʋawɔnuwo le aɖeke megale nukliaho ʋlim kple wo nɔewo o. Fifia nukliaʋawɔnuwo wɔwɔ ƒe ŋutetewo le dukɔ geɖewo si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eŋununyalawo le vɔvɔ̃m be eteƒe madidi o ŋɔdzidonamelawo ava ke ɖe aɖinuwo ŋu awɔ atɔmbɔmb aɖewo ƒomevi.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be woɖe aʋawɔnuwo dzi kpɔtɔ ale gbegbe hã la, nukliaʋawɔnu dziŋɔwo gakpɔtɔ le United States kple Russia si. Numekuha si woyɔna be Nuklia Ŋuti Ðoɖowɔha gblɔ be fifi laa la, nukliaʋawɔnu siwo ade 5,000 le klalo woate ŋu ada ne nu sue aɖe dzɔ. Woƒe nyatakaka gblɔ be: “Eyata ne woɖe gbe be woada wo le fifi ƒe nɔnɔmewo nu la, aʋawɔtu [si ƒua du le eɖokui si yia anyigbagã bubu dzi] 4,000 sɔŋ anɔ du dzi ɖo ta afisi wodzidze wo ɖo (2,000 atso akpa evea dometɔ ɖesiaɖe gbɔ) le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me eye aʋawɔtu [si ƒua du le eɖokui si si ƒugɔmeʋawɔʋu da] 1000 bubu aɖo afisi woɖo wo ɖo le ema megbe kpuie.”

Aʋawɔtuawo ƒe anyinɔnɔ wɔe be ele bɔbɔe be aʋa nate ŋu adzɔ le vome alo woaɖoe koŋ awɔ. Russiatɔ Vladimir Belous, si nye aɖaŋuwɔla bibi xlɔ̃ nu be: “Afɔku si adzɔ le vome ate ŋu ade xexeame afɔku si nye nukliakpodzo gblẽnu aɖe me, si ato vovo na dunyahelagãwo ƒe mɔkpɔkpɔ.” Eyata togbɔ be Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia anya wu enu hã la, nuklia ƒe tsɔtrɔ̃ ƒe ŋɔdzidonamea nu meyi keŋkeŋ o. Gake aleke gbegbee ŋɔdzi ma loloe? Ðe woate ŋu aɖe nukliaʋawɔnuwo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzia? Nyati siwo kplɔ esia ɖo adzro nya siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Tsɔtsrɔ̃gaƒoɖokui si dze le agbalẽ si nye The Bulletin of the Atomic Scientists ƒe akpa dzi nye kpɔɖeŋu na alesi gbegbe wobui be xexeame gogo ‘gaƒoƒo’ si nukliaʋa adzɔ. Le ƒe bla nane siwo va yi me la, wotea gaƒoɖokuia ƒe alɔ si fiaa aɖabaƒoƒo tsɔ ɖea tɔtrɔ siwo va xexeame ƒe dunyahenyawo me fiana.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Bɔmbwo ƒe wowó le axa 2 kple 3: U.S. National Archives ƒe foto

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe