INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 9-11
  • Etsɔme si Le Dedie Ava Mlɔeba!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Etsɔme si Le Dedie Ava Mlɔeba!
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Koŋ Gbɔ Wòtso
  • Xexeame Godoo ƒe Nuwɔwɔ Aduadu le Xexemedziɖuɖu aɖe Te
  • “Gbɔdzɔe Kple Dziɖeɖi”
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?
    Nyati Bubuwo
  • Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom?
    Nyɔ!—2004
  • Nukliaʋa—Woate Ŋu Aƒo Asa Nɛa?
    Nyɔ!—2004
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 9-11

Etsɔme si Le Dedie Ava Mlɔeba!

“Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, [amewo] de asi aseyetsotso me.”​—YESAYA 14:⁠7.

“MÍAƑE xexeame de ŋgɔ le nuklianu klitsuwo wɔwɔ me eye míenye vidzĩwo le agbe nyui nɔnɔ gome. Míenya nu geɖe tso aʋawɔwɔ ŋu wu esi míenya tso ŋutifafa ŋu, míenya nu geɖe tso amewuwu ŋu wu esi míenya tso agbe nɔnɔ ŋu.” Nya mawo si United States ƒe Asrafomegã gblɔ le ƒe 1948 me la, ɖo ŋku nya si Biblia gblɔ dzi na mí be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:⁠9) Ne nukliaʋawɔnuwo su amegbetɔwo si la, woate ŋu agblẽ nu wòagbɔ eme wu abidede wo haviwo ŋu ko; woate ŋu atsrɔ̃ wo ɖa kura!

Gake ameƒomea gbe asiɖeɖe le nukliaʋawɔnuwo ŋu. Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be nukliaʋawɔnuwo ƒe amesinɔnɔ kple wo zazã nye nusi mesɔ le agbenyuinɔnɔ gome o. Le kpɔɖeŋu me, George Lee Butler si nye United States Yamesrafomegã si xɔ dzudzɔ gblɔ be: “Ne nukliaʋawɔnu le ame ɖeka aɖe si le eƒe aʋawɔnuwo dzraɖoƒe teti gɔ̃ hã la, ke eɖee fia kokoko be míate ŋu akpɔe be nɔnɔme aɖe ate ŋu ado mo ɖa . . . wòawɔ na mí le mɔ aɖe nu be míazã aʋawɔnu ma. Esia mesɔ kura o.”

Ke hã Britaintɔ nyadzɔdzɔŋlɔla Martin Woollacott gblɔ be: “Nuka kee nukliaʋawɔnuwo ŋutinunyalawo kple agbenɔnɔŋutinunyalawo gblɔ le woƒe yakanunyenye kple afɔkununyenye ŋu o, wogadzroa ame kokoko. Dziɖuɖuwo bui be wohiã yewo le dedienɔnɔ ƒe susuwo ta; azɔ hã wogbe asiɖeɖe le wo ŋu elabena ɖikeke mele eme o be nukliaʋawɔnuwo le abe gbesa sẽŋu aɖe ene na dunyahelawo kple asrafowo eye wodi be woanɔ yewo si.”

Enye nyateƒe be le ƒe blaatɔ̃ siwo va yi me la, amegbetɔwo xe mɔ ɖe nukliaʋa wɔwɔ nu vaseɖe afi aɖe ya. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wozã aʋawɔnu siwo bɔ tsɔ wu ame akpe gbogbo aɖewo. Le ŋkuléle ɖe amegbetɔ ƒe ŋutinya ŋu me la, enye nusi me susu le be míate ŋu abui be woava zã nukliaʋawɔnu klitsu siawo ɣeaɖeɣi.

Nusiwo Koŋ Gbɔ Wòtso

Ðe woate ŋu atrɔ alesi amegbetɔ lɔ̃a aʋawɔwɔea? Ame aɖewo hea nya be amewo wɔa aʋa le bometsitsi, ɖokuitɔdidi, kple sesẽnuwɔwɔ ƒe seselelãme si dzi womete ŋu ɖu o ta. Agbalẽnyala Kenneth Waltz gblɔ be: “Ne nusiawoe nye nu vevi siwo gbɔ aʋawɔwɔ tsona la, ke woate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu ne woɖɔ amewo ɖo eye woʋu susu na wo.”

Ame bubuwo gblɔ be alesi dunyahenyawo le le dukɔwo dome gbɔe aʋawɔwɔ tso. Esi wònye dukɔ ɖesiaɖe dia eya ŋutɔ ƒe nyonyo ta la, dzre ɖoa wo dome godoo. Esi mɔnu ɖeka si ŋu kakaɖedzi le aɖeke meli woatsɔ aɖɔ masɔmasɔwo ɖo o ta la, aʋa dzɔna ɖe wo dome. William E. Burrows kple Robert Windrem ŋlɔ le woƒe agbalẽ si nye Critical Mass me be: “Dunyahehe ƒe kuxiae sẽ wu. Mɔxexe ɖe aʋawɔnu klitsuwo ƒe dzidziɖedzi nu mawɔ dɔ ne dziɖuɖuwo meɖoe kplikpaa be yewodzudzɔ wo wɔwɔ atrɔe awɔ nu bubuwo gɔ̃ hã o.”

De ŋugble tso numedzodzro siwo wɔm wole be Mɔxexe Ðe Aʋawɔnuwo Dodokpɔ le Afisiafi Nu ƒe Nubablaa nawɔ dɔ ŋu kpɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Guardian Weekly ɖɔ wo be wonye “glãka sesẽ heɣi le dukɔ sesẽ siwo wɔa nukliaʋawɔnuwo kple dukɔ siwo si nukliaʋawɔnuwo le le adzame alo esiwo si wòate ŋu ava nɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me la dome.” Nyati ma ke gblɔ be: “[Hatsotso] evea dometɔ aɖeke mebu asiɖeɖe le woƒe aʋawɔnuwo alo mɔ siwo dzi wotona wɔa wo, alo mɔnu siwo le wo si be woagana woanyo ɖe edzi la ŋu hã o.”

Edze ƒã be ehiã be dukɔwo nawɔ nu aduadu hafi ate ŋu atsi nukliaŋɔdzidonamewo katã nu. Agbalẽ si nye Critical Mass gblɔ be: “Eyata ele be kaka ɖe ame nɔewo dzi naxɔ ɖe ame nɔewo tsɔtsrɔ̃ si dzi woka ɖo teƒe le afisiafi, . . . ne menye nenema o la, afɔku aɖe adzɔ kpuie.” Nublanuitɔe la, zi geɖe dukɔwo dome ƒomedodowo kple numedzodzrowo egbea le abe nusi nyagblɔɖila Daniel gblɔ ƒe alafa 26 sɔŋ enye esia ene be: ‘Wogblɔa alakpanyawo le kplɔ̃ ɖeka ŋu.’​—Daniel 11:⁠27.

Xexeame Godoo ƒe Nuwɔwɔ Aduadu le Xexemedziɖuɖu aɖe Te

Gake Biblia na kakaɖedzi mí be Mawu ŋutɔ ɖo tame ɖe xexeame godoo ƒe nuwɔwɔ aduadu le xexemedziɖuɖu deŋgɔ aɖe te ŋu. Ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa biaa dziɖuɖu sia le manyamanya me ne wole Aƒetɔ ƒe gbedodoɖa la dom ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:​10) Fiaɖuƒe nye dziɖuɖu. Eye Fiaɖuƒe dziɖuɖu sia ƒe Tae nye Ŋutifafafia, Yesu Kristo. Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be: ‘Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa o. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.’ ( Yesaya 9:​5, 6) Biblia do ŋugbe le dziɖuɖu ma si anɔ Yesu te la ŋu be: “Agbã fiaɖuƒe mawo [amegbetɔ dziɖuɖuwo] katã, eye wòagblẽ wo.”​—Daniel 2:⁠44.

Xexemedziɖuɖu sia ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ​—gake manye to sewo dede ɖe nukliaʋawɔnuwo nu alo aʋawɔnubabla siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzi o. Psalmo 46:​10 gblɔe ɖi be Yehowa Mawu “tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!” Nuwɔwɔ afã kple afã manyo o. Mawu ƒe Fiaɖuƒe si anɔ Kristo te awɔ nusi yi ŋgɔ wu nukliaʋawɔnuwo ƒe xexlẽme dzi ɖeɖe kpɔtɔ​—aɖe wo kple aʋawɔnu bubuawo katã ɖa keŋkeŋ.

Nukliaŋɔdzidoname aɖeke maganɔ anyi o elabena xexemeŋusẽ sesẽ aɖeke, dukɔ nufitifitiwɔla aɖeke, ŋɔdzidonamela aɖeke maganɔ anyi o. Ŋutifafa vavãtɔ anɔ anyi: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.” Mawu amesi mekaa aʋatso o gbɔe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la tso.​—Mixa 4:⁠4; Tito 1:⁠2.

Nya siwo le Psalmo 4:⁠9 fia be Yehowa Mawu ƒe ɖoɖowo me koe woakpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ le, ebe: “Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake; elabena wò Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie.” Abe alesi amegbetɔ ƒe ŋutinya ɖee fia nublanuitɔe ene la, alakpa koe “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ŋugbedodo ɖesiaɖe si manye esi ava to Yehowa ƒe Fiaɖuƒea dzi o la nye.​—Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 5:⁠3.

“Gbɔdzɔe Kple Dziɖeɖi”

Ke aʋawɔwɔ ƒe nɔnɔme si le amegbetɔ si ya ɖe? “Xexeametɔwo [asrɔ̃] dzɔdzɔenyenye.” ( Yesaya 26:⁠9) Nufiafia ame le dzɔdzɔenyenye me nenema akpɔ ŋusẽ deto ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme kple xexeame ƒe nɔnɔme dzi: “Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.” ( Yesaya 32:​17) Havilɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le ame nɔewo ƒe nyonyo me axɔ ɖe sesẽnuwɔwɔ ƒe seselelãme alo ŋutasesẽ ƒe dzodzro ɖesiaɖe teƒe. Anyigbadzinɔlawo “[atsɔ] woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”​—Yesaya 2:⁠4.

Yesaya gblɔ le nyagblɔɖi me be woatrɔ amesiwo wɔa nu abe lãwo ene ƒe nɔnɔme. Eƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me ‘sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi’ ŋu. Awɔe be “amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. . . . Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o.”​—Yesaya 11:​6-⁠9.

Mawu ƒe ŋugbedodo siawo dzi xɔxɔ se naa mɔkpɔkpɔ Yehowa Ðasefowo le agbe me. Ne míebu etsɔme ŋu la, menye anyigba si dzi nukliaʋawɔnuwo kaka nuwo le ye míekpɔna o. Ke boŋ Biblia ƒe ŋugbedodo siae míekpɔna be eva eme, be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:​29) Ame aɖewo abu xɔse sia be enye fefenya eye be mesɔ le dzɔdzɔme nu o. Gake ameka tututue le ɖevinu wɔm? Amesi xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se loo alo amesi xɔa dunyahelawo ƒe ŋugbedodo gbɔlowo dzi se eŋumabumabui yea? Amesiwo lɔ̃ ŋutifafa ŋutɔŋutɔ ya nya ŋuɖoɖoa.a

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu woxɔ Biblia me gbedasi si ŋu mɔkpɔkpɔ le to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ femaxee dzi. Àte ŋu awɔ ɖoɖo kpli wo be woava srã wò kpɔ ne ète ɖe agbalẽ sia talawo ŋu alo nèyi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, ƒomewo ‘anɔ anyi le dedienɔnɔ me,’ eye aʋawɔnu ƒomevi aɖeke maganɔ anyi o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Amewo ɖea asi le aʋawɔwɔ ƒe nɔnɔmewo ŋu ne wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, eye wonɔ agbe ɖe enu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

“Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”​—Yesaya 2:4

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe