INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 10/8 axa 22-25
  • Kpɔ Viwòwo Ta Tso Afɔkuwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Viwòwo Ta Tso Afɔkuwo Me
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Le Xɔme
  • Gbɔme
  • Le Ʋumɔ Dzi
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 10/8 axa 22-25

Kpɔ Viwòwo Ta Tso Afɔkuwo Me

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ

HANNA, si esusɔ vie wòaxɔ ƒe etɔ, nɔ edzila siwo nye Karl-Erik kple Birgitta ŋu esi wonɔ aƒelika aɖe si ku ƒe aƒe me dzram ɖo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hanna do go tso xɔa me helé atukpa si me atikekuiwo le ɖe asi. Emi ɖewo xoxo. Dzidzi ƒo Birgitta esi wòlé ŋku ɖe atukpaa ŋu. Aƒelikaa ƒe atike si wòtsɔna daa dzidɔ ye le atukpaa me.

Enumake wotsɔ Hanna yi kɔdzi, afisi woxɔe ɖo zã bliboa hekpɔ egbɔ etɔxɛe. Togbɔ be emi atike agbɔsɔsɔme si ate ŋu agblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu tegbee hã la, naneke mewɔe o. Nukata? Elabena ɖeko wòɖu blinu aɖe vɔ tetie nye ma hafi mi atikekuiawo. Etru nuɖuɖua esi atikea ƒe ɖe vae tsaka kplii.

Nusi dzɔ ɖe Hanna dzi mewɔ nuku akpa o. Le xexeame godoo la, ɖevi akpe geɖe ɖoa afɔkuwo me gbesiagbe wòhiãna be woate ɖe ɖɔkta ŋu alo be woatsɔ wo ayi dɔdaƒee. Ƒe sia ƒe le Sweden la, ɖevi 1 le 8 ɖesiaɖe me gena ɖe afɔku me eye wowɔa atike na wo. Eyata ne dzilae nènye la, ate ŋu ava eme be wòadzɔ ɖe viwò dzi bɔbɔe.

Mewɔ nuku o be zi geɖe la, teƒe siwo ɖeviwo nɔ wòma wo, abe aƒeme kple nutoa me ene ye nuvevi wɔa wo le. Nuvevi si tɔgbe wɔa wo trɔna ne wole tsitsim. Vidzĩ ate ŋu age le aba dzi alo nuɖuɖu kakɛ aɖe loo alo nu sue aɖe ate ŋu alé ve nɛ bɔbɔe. Zi geɖe la, ɖeviwo gena ne wole nuwo liam alo dzo mea wo ne wolé nu xɔdzo aɖe alo aɖi gena ɖe lãme na wo ne wode nusi wokpɔ la nume. Ðevi siwo tsi ɖo sukudede me xɔa abi le ʋufɔkuwo me alo ne wole fefem le gbɔme.

Woate ŋu axe mɔ ɖe afɔku siawo dometɔ geɖe nu. Àte ŋu axe mɔ na nuveviwɔamewo alo afɔku siwo ate ŋu awu ame gɔ̃ hã ne èdze agbagba kpɔ nuwo do ŋgɔ eye nènya viwò ƒe tsitsime kple nusi wòate ŋu awɔ. Wokpɔ nusia le ɖeviwo ƒe dedienɔnɔ ŋuti numekuku aɖe si wowɔ le Sweden tso ƒe 1954 me la me. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, ɖevi 450 ye kuna ƒe sia ƒe le afɔkuwo me. Egbea la, ɖevi siwo kuna le afɔkuwo me ƒe sia ƒe dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo 70 lɔƒo.

Le Xɔme

Kerstin Bäckström si nye ɖeviwo ƒe susuŋutinunyala gblɔ be: “Mègakpɔ mɔ be ne yefia asaƒoƒo na afɔkuwo ɖevi si xɔ ƒe ɖeka, ƒe eve, alo ƒe etɔ̃ ko la, eƒe susu anɔ edzi o.” Eyata wò dzilaa​—alo ame tsitsi bubu siwo gbɔ ɖevia nɔna enuenu​—dzie agba le be nàkpe ɖe viwò ŋu be wòaƒo asa na afɔkuwo.

Gbã la, lé ŋku ɖe alesi nuwo le le aƒewò me ŋu keŋ. Kpɔ nusiwo ŋu wòle be nàlé ŋku ɖo la le aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu me. Anɔ eme be dedienɔnɔtakpɔnu aɖewo mele dukɔ ɖesiaɖe me o loo alo wo kpɔkpɔ axɔ asi ya. Gake ne èbu nuwo ŋu eye wò ŋutɔ èto nanewo vɛ la, ɖewohĩ àte ŋu akpɔ nanewo siwo awɔ dɔ le wò nɔnɔmewo nu.

Le kpɔɖeŋu me, ne wò dzodoƒeɖaka si me wodea nuwoe ƒe asiléƒewo xa gobaa eye do le wo me la, àte ŋu ade ati legbee ɖeka asiléƒeawo katã me atsɔ atu wo. Àte ŋu atu abolomemɔ̃a hã nenema ke. Ne èbla aŋekotokuwo katã ƒo ƒu hafi dzra wo ɖo la, ana be womagagblẽ nu boo o.

Ðewohĩ àte ŋu adi mɔ bubu siwo mabia nu geɖe o, siwo dzi nàto axe mɔ ɖe afɔkuwo nu le aƒea me kple egodo eye àte ŋu aka eta na xɔlɔ̃ kple amenyanyɛ siwo si ɖevi suewo le.

Gbɔme

Lé ŋku ɖe afisiwo viwò fena le ŋu. Nuvevi siwo wɔ ɖevi siwo xɔ wu ƒe ene dometɔ akpa gãtɔ dzɔ esime wonɔ fefem le gbɔme. Wodze anyi nuvevi wɔ wo loo alo ɖewohĩ woge le woƒe gasɔ dzi. Afɔku wuame siwo dzɔna ɖe ɖevi siwo xɔ tso ƒe etɔ̃ va ɖo ƒe adre dzi le gbɔme siwo bɔ wue nye ʋufɔkuwo kple tsi ƒe ameléle.

Ne èle ŋku lém ɖe fefeƒewo ŋu la, kpɔ egbɔ be fefenuawo le dɔ wɔm nyuie be womawɔ nuvevi ɖevia ne eva le wo zãm o. Ðe wokɔ ke ɖe fefeƒe siwo ɖeviwo nɔa fefenu me le yame wonɔa wo nyem le, alo esiwo dzi wodena heɖiɖina ɖe anyi la bene nuvevi mawɔ ɖevia ne ege oa?

Ðe tsixaxawo alo tɔsisi sue aɖewo te ɖe wò aƒe ŋua? Tsi si me megoglo boo o gɔ̃ hã ate ŋu alé ƒe ɖeka alo ƒe eve vi. Bäckström si nye ɖeviwo ƒe susuŋutinunyala gblɔ be: “Ne ɖevi sue dze tsi me eye eƒe mo tsyɔ anyi la, meganyaa afisi nye dzi kple anyi me o. Ðeko ɖevia atsi afima mate ŋu afɔ o.”

Eyata gɔmeɖose vevitɔ kekeakee nye si: Mègaɖe mɔ na ɖevi si le ƒe ɖeka kple ƒe etɔ̃ dome be eya ɖeɖe nafe le gbɔme, ame tsitsi aɖeke ƒe kpɔkplɔ te manɔmanɔe gbeɖe o. Ne tɔ aɖe le nutoa me la, lala vaseɖe esime ɖevia natsi nyuie hafi nàɖe mɔ nɛ wòafe le eɖokui si le gbɔme.

Le Ʋumɔ Dzi

Wɔ gɔmeɖose ma ke ŋudɔ ne ʋumɔwo te ɖe wò aƒe ŋu. Bäckström gblɔ be: “Nya si me kɔ nyuie ɖeɖeko gɔmee ɖevi si metsi ɖo sukudede me o ate ŋu ase eye nu ɖeka ko dzie eƒe susu ate ŋu anɔ le ɣiyiɣi ɖeka me. Gake ʋumɔwo dzi yɔ fũ kple nusiwo tɔtɔa susu na ame kple dzesi siwo gɔmesese meto mɔ ɖeka o.” Mègaɖe mɔ na ɖevi wòatso ʋumɔ me le eɖokui si do ŋgɔ hafi wòatsi aɖo sukudede me o. Eŋutinunyalawo gblɔ be, ɖeviwo metsi be woawo ɖeɖe nanɔ gasɔ dom le mɔ siwo dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo dzi o vaseɖe esime woxɔ ƒe 12 ya teti hafi.

Fia viwò be wòazã kuku si xea mɔ ɖe nuveviwɔame nu ne ele gasɔ, sɔ, kekefɔkpa, alo keke bubu siwo wodona dom. Tabiwo gbɔ kpɔkpɔ nyea nu sesẽ eye ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu tegbee​—alo awu ame gɔ̃ hã! Le ɖeviwo ƒe dɔdaƒe aɖe la, wo dometɔ siwo dze anyi kple gasɔ woda dɔ na dometɔ alafa memama 60 xɔ abi ɖe ta kple mo vevie, gake esiwo zã kuku si xea mɔ ɖe nuveviwɔame nu mexɔ tabi gã aɖeke o.

Kpɔ egbɔ hã be viwò le dedie ne eɖo ʋu. Dukɔ geɖe wɔ se siwo bia be woabla ɖeviwo ɖe zikpui tɔxɛ siwo ŋu wotrɔ asi le na wo la me bene woanɔ dedie. Esia na alesi nuvevi wɔa ɖeviwo kple alesi wokuna le ʋufɔkuwo me la dzi ɖe kpɔtɔ kura. Ne dedienɔnɔzikpui tɔxɛwo le afisi nèle la, wozazã anye agbetakpɔnu nyui aɖe. Gake kpɔ egbɔ be enye esi dzi woda asi ɖo. De dzesii be zikpui siwo wowɔ na vidzĩwo to vovo na ɖevi siwo xɔ tso ƒe etɔ̃ lɔƒo heyina la tɔ.

Mía viwo nye nunana xɔasiwo tso Yehowa gbɔ, eye míedi be míalé be na wo le go ɖesiaɖe me. (Psalmo 127:​3, 4) Esi Karl-Erik kple Birgitta wonye dzila nyuiwo ta la, wotsia dzi ɖe wo viwo ta kpɔkpɔ ŋu ɣesiaɣi​—do ŋgɔ na nusi dzɔ ɖe Hanna dzi kple le emegbe siaa. Karl-Erik gblɔ be: “Gake le nudzɔdzɔ ma megbe la, míegaɖɔ ŋu ɖo geɖe wu.” Birgitta ƒo eta be: “Fifia mamayɔvi kple tɔgbuiyɔviwo le mía si, eye míekpɔa egbɔ be míedzra míaƒe atikewo ɖo nyuie ɣesiaɣi.

[Aɖaka si le axa 24]

Dedienɔnɔ le Aƒewò Me

• Atikewo: De wo aɖaka si wotu nyuie me be woaganɔ asitsɔƒe na ɖevia o. Esia ku ɖe atike siwo menye ɖɔktae ŋlɔ wo na ame o kple ameyibɔtikewo siaa hã ŋu. Azɔ hã na amedzro siwo va dze mia gbɔ nadzra woƒe atikewo ɖo nyuie be maganɔ asitsɔƒe na ɖeviwo o.

• Aɖinu siwo ŋudɔ miewɔna le aƒea me: Midzra wo ɖo ɖe aɖaka siwo woate ŋu atu me be womanɔ asitsɔƒe na ɖeviwo o. Mina woanɔ goe siwo me wonɔ hafi woƒle la me be woate ŋu akpɔ wo adze sii nyuie. Ðɔ ŋu ɖo le aɖinu siawo zazã me, eye nàdzra wo ɖo enumake ɣesiaɣi, nenye ɖe nèdo le xɔa me ɣeyiɣi kpui aɖe teti gɔ̃ hã. Mègagblẽ adzalẽ si nèzã wosusɔ ɖe agbaklɔƒe ɖi gbeɖe o.

• Gamle: Trɔ nuɖagbawo ƒe asiléƒewo do ɖe gamlea megbe lɔƒo. Ne ga siwo wotsɔ léa nuɖagbawo ɖe te le gamlea dzi li la, ekema dee eŋu. De nusiwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ alé gamlea ɖe te be magamu ɖe axa dzi o, be wòanye ametakpɔnu ne edzɔ be ɖevia lia gamlea ƒe ʋɔtru si woʋu ɖi. Ele be woade gameti gamle ƒe ʋɔtrua ŋutɔ hã ŋu. Ðe gamlea ƒe ʋɔtru ate ŋu ame ɖevia ne eka asi eŋua? Ekema tsɔ nane xe gamlea ŋgɔ be wòagaka asi ʋɔtru xɔdzo la ŋu o.

• Aƒemenuzazã siwo ate ŋu ade abi ame ŋu: Ele be woada hɛwo, sakisiwo, kple nuzazã bubu siwo ate ŋu ade abi ame ŋu ɖe aɖakawo alo aɖaka siwo wowɔ de kplɔ̃wo ŋu me siwo ŋu gametiwo alo gavi siwo wotsɔ tua wo le me, alo woada wo ɖe teƒe si manɔ asitsɔƒe na ɖevia o. Ne èle nuzazã siawo ŋudɔ wɔm eye nèda wo ɖi la, anyo be nàda wo ɖe afisi mate ɖe kplɔ̃a alo nusi dzi nèda wo ɖo la ƒe toga o, be ɖevia nagaka asi eŋu o. Dzosinuwo kple aŋekotokuwo nye nusiwo mele be woanɔ ɖevi suewo gbɔ o.

• Atrakpuiwo: De ʋɔtru siwo ne mede ɖeke o la, woƒe kɔkɔme ade sentimeta 70 va ɖo 75 atrakpuia nu, le eƒe nuwuƒe evea siaa.

• Fesrewo kple xɔtakpatɛ nu ʋɔtruwo: De gavi alo kɔsɔkɔsɔ loo alo ametakpɔnu bubu aɖe wo ŋu le etame, be wòaxe mɔ na ɖevia be maʋu wo alo ato wo xa ne woʋu wo da ɖi be ya naƒo ɖe xɔa me o.

• Agbalẽtiwo: Ne ɖevia lɔ̃a nulialia kple kukuɖenuŋu la, ke ƒo ga ɖe agbalẽtiwo kple xɔmenu siwo kɔ yi dzi la me woali ɖe glia ŋu, be woagamu o.

• Elektrikŋusẽtoƒewo kple elektrik-kawo: Ele be nàto mɔ aɖe dzi atsyɔ nu elektrikŋusẽtoƒe siwo zãm womegale o la dzi. Ele be nàlé elektrik-ka siwo le kplɔ̃dzikaɖiwo kple nu bubuwo ŋu ɖe gli alo xɔmenu aɖe ŋu be ɖevia mava he kaɖia wòadze edzi awɔ nuvevii o. Alo àte ŋu aɖe akaɖi ma ɖa le teƒe si wòle. Mègagblẽ elektriknudziɖoga ɖe nudziɖokplɔ̃a dzi gbeɖe o, eye mègagblẽ eŋu ka ɖi wòanɔ yame o.

• Tsi dzodzo: Ne àte ŋu atrɔ wò tsi dzodzo ƒe dzoxɔxɔme la, anyo be nàbɔbɔe va dzidze si nye Fahrenheit 120 lɔƒo be ne ɖevia va ʋu pɔmpia la, tsia mamee wòabebe o.

• Fefenuwo: Ðe fefenu siwo ƒe toga alo dzogoewo ɖana la ɖa. Tsɔ fefenu suewo alo fefenu siwo ate ŋu akaka wuliwuli ƒu gbe, le esi woate ŋu axe ve na ɖevi ne edee nu me ta. Ele be woade ɖevia ƒe sisiblisi wɔwɔe siwo wowɔ wonye fefenu ƒe ŋku kple ŋɔtiwo woali nyuie. Fia vidzĩa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tsi wui be woafɔ woƒe fefenuwo ɖa ne ɖevi suea le anyigba.

• Kpetike kple numeɖenuwo: Mègada kpetike kple numeɖenuwo, abe azi alo kpetike ŋanɛwo ene, ɖe asitsɔƒe o. Woate ŋu alé ve na ɖevia.

Nyawo Tsoƒe: Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔdɔwɔƒe

[Aɖaka si le axa 24]

Ne Afɔku Dzɔ

• Aɖinono: Ne ɖevia no aɖitike aɖe la, klɔ nu me nɛ nyuie eye nàna tsi alo nyinotsi kplu ɖeka alo evee wòano. Esia megbe ne anya wɔ la, yɔ ɖɔkta alo aɖiŋutinyawo dɔwɔƒe axɔ aɖaŋuɖoɖo. Ne nane si ate ŋu agblẽ nu le ŋku ŋu ge ɖe ŋku dzi na ɖevia la, enumake ku tsi nɔ ŋkua dzi klɔm nɛ wòade aɖabaƒoƒo ewo ya teti.

• Dzomeame: Le dzobi suewo gome la, tsɔ tsi fafɛ (negafa akpa o) kɔ ɖe abiteƒea wòade aɖabaƒoƒo 20 ya teti. Ne abia lolo wu ɖevia ƒe asiƒome, alo ne eƒe mo, kpeƒe, alo aŋɔme loo alo eƒe vidzinuwo xɔ abi la, ele be nàtsɔ ɖevia ayi dɔdaƒe si wokpɔa ame gbɔ kaba le. Ele be woana ɖɔkta nakpɔ abi lolo siwo woxɔ la gbɔ ɣesiaɣi.

• Nulévename: Ne nane xe ve na ɖevia la, ahiã kpata be nàɖe nua do goe kaba. Eɖeɖemɔnu nyuitɔ ɖekae nye asiɖoɖo eƒe ƒodo dzi anɔ emiam do ɖe dzi kabakaba. Ne mènya mɔnu sia ŋudɔwɔwɔ o la, bia wò ɖɔkta wòana mɔfiame geɖe wò le mɔnu sia ŋu, alo xɔ ɖeviwo ƒe afɔkudzedze alo atikezazã ne nu dzɔ ɖe ame dzi kpata ƒe hehe le afisi wofiaa mɔnu sia ŋudɔwɔwɔ ame le.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: Swedentɔwo ƒe Atitsogadzẽ Habɔbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Kuku si kpɔa ame ta ɖɔɖɔ ne wole gasɔ dom

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dedienɔnɔ le ʋu ƒe zikpui me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe