Ŋutinyaawo Dodo Kpɔ
AMEWO wɔa nu ɖe egbegbe ŋutinya siwo ƒo nu tso mawudɔlawo kpɔkpɔ ŋu le mɔ vovovo nu. Gbãtɔe nye edzixɔselawo. Wohea glãka be esi ŋutinya siawo bɔ eye wokaka ɖe teƒe geɖe ta la, woanya nye nyateƒe. Eveliae nye eŋuɖikelawo. Wogblɔ be kpeɖodzi gobii aɖeke mele nya siawo ŋu o. Wohea glãka be ame geɖewo ƒe nane dzixɔxɔse mefia be nua nye nyateƒe o. Ne èbu eŋu kpɔ la, amewo xɔe se tsã gɔ̃ hã be atsiaƒumemewo li. Etɔ̃lia, amesiwo mede akpa ɖeke dzi le nya sia me o hã li. Agbalẽ si nye Angels—Opposing Viewpoints gblɔ tsɔ ɖe akpaɖekedzimademade ƒe nukpɔsusu sia me be: “Ame geɖewo gblɔ be yewokpɔ mawudɔlawo. Gake womate ŋu aɖo kpe nuteƒekpɔkpɔ siawo dzi o; xɔse dzie wotu woƒe dzixɔsea ɖo. Nenema ke togbɔ be ɖikela ʋɛ aɖewo tee kpɔ be yewoaɖo kpe edzi be nusiawo medzɔ o hã la, womete ŋui o.”
Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be Bibliae nye nyatakakatsoƒe si ŋu kakaɖedzi le si ƒo nu tso gbɔgbɔmenutoa me ŋu.a Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro egbegbe mawudɔlawo ƒe ŋutinya la me. Abe alesi nènyae ene la, Biblia na kakaɖedzi mí be mawudɔlawo li nyateƒe, ŋusẽ le wo ŋu, eye woƒe ŋutikɔkɔe teƒe mekɔ o. Nuŋlɔɖiwo le Biblia me siwo gblɔ alesi mawudɔlawo tsɔ gbedasiwo yi na amewo eye woɖe Mawu subɔlawo tso afɔkuwo mee.—Psalmo 104:1, 4; Luka 1:26-33; Dɔwɔwɔwo 12:6-11.
Biblia ɖee fia hã be mawudɔla vɔ̃ɖiwo hã li. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo blea amegbetɔwo hekplɔa wo tranae, tso Mawu gbɔ. (Korintotɔwo II, 11:14) Eyata susu nyui aɖe tae Biblia xlɔ̃ nu be: “Migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.” ( Yohanes I, 4:1) Le kpɔɖeŋu me, hafi míaxɔ amesi gblɔ be nyagblɔɖilae yenye ƒe nyagblɔɖiwo dzi ase la, anyo be míatsɔ eƒe nyawo asɔ kple Mawu ƒe Nya, si fiam wòbe yele la. Le nyateƒe me la, ele be míatsɔ dzidzenu ma ke adzidze egbegbe nudzɔdzɔ siwo me wogblɔ le be mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia la ŋu. Ke aleke egbegbe ŋutinya siwo ƒo nu tso mawudɔlawo kpɔkpɔ ŋu wɔ ɖeka kple nuŋlɔɖi siwo le Ŋɔŋlɔawo mee?
Mawudɔlawo Mele Abe Alesi Ame Geɖe Xɔe Se Ene O
Gbã la, mina míakɔ nukpɔsusu totro eve siwo bɔ la me. Dzixɔse si le ame geɖewo si be amegbetɔwoe mawudɔlawo nye tsã la menye nyateƒe o. Wonɔ agbe le dziƒo do ŋgɔ xoxoxo hafi Mawu na agbe dze egɔme le anyigba dzi. Biblia gblɔ be esime Mawu ‘ɖo anyigba gɔme anyi la, Mawu ƒe viwo [mawudɔlawo] katã gli kple dzidzɔ.’—Hiob 38:4-7.
Egbegbe ƒe nukpɔsusu totro bubu hãe nye be mawudɔlawo ɖea mɔ ɖe nu ɖesiaɖe ŋu faa, eye wodaa asi ɖe nugbegblẽwɔwɔ dzi. Ðe mawudɔla wɔnuteƒewo léa Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi eye wozɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi boŋ. Wonye Mawu ƒe dɔtsɔlawo, ke menye amegbetɔwo tɔ o.—Psalmo 103:20.
Mawudɔlawo Tsɔ Ðe Le Míaƒe Gbɔgbɔmenyonyo Me
Alesi mawudɔlawo xɔna na amewo ŋu nyawo bɔ ɖe egbegbe mawudɔlawo ƒe ŋutinyawo katã me ale gbegbe. Le agbalẽ aɖe si woƒlena ŋutɔ me la, wogblɔ tso nyɔnuvi sɔhɛ aɖe ŋu be asi makpɔmakpɔ aɖe kplɔe blewu do go le aƒe aɖe si nɔ bibim la me. Agbalẽ bubu ƒo nu tso kɔledzivi eve aɖewo siwo tsi woƒe ʋu si sno kple ya sesẽ nɔ nyamanyamam me. Kasia agbatsɔʋu aɖe va do eye wòhe wo yi dedienɔƒe, gake eƒe afɔti teƒewo meɖe ɖe anyigba o! Ŋutinya bubu ƒo nu tso Ann si nɔ kansa lém ŋu. Ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na dɔwɔwɔ nɛ le kɔdzi la, amedzro tsrala aɖe va egbɔ le aƒeme. Eɖe eɖokui nu be yeƒe ŋkɔe nye Thomas eye wògblɔ be Mawue dɔ ye ɖe egbɔ. Thomas kɔ eƒe abɔ ɖe dzi, eye Ann se le eɖokui me be dzoxɔxɔ si le abe keklẽ ɣi aɖe ene zɔ lãme na ye. Ewɔ mo ya na ɖɔktawo esi wòyi be woawɔ dɔ nɛ. Eƒe kansa la nu yi!
Ŋutinya siawo ƒomevi fɔ nyabiase vevi aɖe ɖe te, ne mawudɔla si dzɔa ame ŋu le amesiame si la, ke nukata woɖea ame aɖewo le xaxa me, gake womeɖea ame bubuwo ya o? Ame miliɔn geɖewo ku le dɔléle, aʋawɔwɔwo, dɔwuamewo, kple dzɔdzɔmefɔkuwo me. Ðikekemanɔmee la, wo dometɔ geɖe do gbe ɖa vevie bia kpekpeɖeŋu. Nukata woƒe mawudɔla si dzɔa wo ŋu meɖe wo o?
Biblia ɖo nyabiase sia ŋu. Egblɔ be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. (Dɔwɔwɔwo 10:34) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, togbɔ be Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒewo tsɔ ɖe le míaƒe ŋutilãmenyonyo me hã la, wotsɔ ɖe le míaƒe gbɔgbɔmenyonyo me wu. Apostolo Paulo na esia dze esime wòbia be: “Alo wo katã [mawudɔlawo] la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?” (Hebritɔwo 1:14) Ŋutilãmekpekpeɖeŋu ƒe viɖewo menɔ anyi didi o, gake gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu te ŋu hea viɖe mavɔwo vɛ.
Mawudɔlawo ŋutinya geɖe ɖia nyamaɖinyawo. Wogblɔ be mawudɔlawo kpe ɖe vidada aɖe si ŋu ɖeɖi te ŋu be wòɖo abadzivɔ ɖe aba dzi, woɖo ŋku edzi na nuƒlela aɖe wòƒle dzosinu, eye wokpe ɖe ʋukulawo ŋu wokpɔ teƒe si woatɔ woƒe ʋuwo ɖo. Nyɔnu aɖe si tso Scotland gblɔ kple nukoko be: “Metɔ nye ʋu ɖe ablɔ si nye St Mary ƒe Mɔdodo dzi, teƒe si womeɖe mɔ be woatɔ ʋu ɖo o kwasiɖa etɔ̃e nye esi va yi, eye mebia tso nye mawudɔla si be wòana lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ naƒo xlã ʋua. Ne amesiwo fiaa mɔ ʋuwo dometɔ aɖe te ɖe ʋua ŋu la, lɔlɔ̃ yɔnɛ fũ ale gbegbe be ɖeko wòdzona hegblẽa ʋua ɖi. Womedo fe nam kpɔ o.” Mewɔ nuku o be ame aɖewo tsɔ egbegbe mawudɔla siwo dzɔa ame ŋu sɔna kple xɔlɔ̃ dɔmenyowɔla alo Papa Kristmas le ame tsitsiwo gome siwo ŋu nya wogblɔna le gliwo me.
Mawudɔla Wɔnuteƒewo Mewɔa Nusi Tsia Tre Ðe Mawu ƒe Nya Ŋu O
Agbalẽ siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu me yɔ fũ kple abebubuwo kple aɖaŋuɖoɖo siwo wogblɔna be wotso gbɔgbɔmenutoa me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ le agbalẽ aɖe ŋu be emenyawo nye nufiafia siwo mawudɔlagã Mixael tsɔ na nyɔnu aɖe le Colorado, U.S.A. “Nya siwo” Mixael gblɔ dometɔ aɖewoe nye esi: “Mɔwo katã ɖo ta Mawu gbɔ. Dzixɔsewo katã, nyateƒekekeliwo katã kplɔa ame yia Mawu gbɔe.” Gake Yesu gblɔ be mawusubɔsubɔ ƒe mɔ eve koe li eye wo dometɔ ɖeka koe na Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu, eye wòkplɔa ame yia agbe mavɔ me. Evelia naa Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o, eye wòɖo ta tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. (Mateo 7:13, 14) Edze ƒã be nya eve siawo dometɔ ɖesiaɖe mate ŋu anye nyateƒe o.
Nukae nye “gbɔgbɔmenyenye yeyea” ƒe “mawudɔlawo” ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe kple agbenyuinɔnɔ ŋu? Nuxlẽla aɖe xlẽ nu tso Roseann ŋu le agbalẽ aɖe me be eƒe “mawudɔla” gblɔ nɛ be: “Ame geɖewo li wòle be nàɖo dze kplii, eye [srɔ̃wòŋutsu] gbɔ nɔnɔ megale vevie o. Èlɔ̃e eye eya hã lɔ̃ wò, gake ɣeyiɣia de azɔ be miaklã tso mia nɔewo gbɔ.” Egbe srɔ̃a. Gake Biblia gblɔ be Mawu lé fu srɔ̃gbegbe siwo mele se nu o. (Maleaxi 2:16) Ŋutinya bubu ƒo nu tso ame eve siwo wɔ ahasi ŋu, woxɔe se be ne yewole yewo nɔewo gbɔ dɔm la, mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu eye wonaa ya tɔxɛ aɖe ƒoa xlã yewo. Gake Biblia gblɔ be: “Megawɔ ahasi o.”—Mose II, 20:14.
Ðe wòanye be egbegbe gbedasi siawo nye tɔtrɔ yeye siwo wowɔ le Biblia mea? Gbeɖe, Mawu ƒe Nya la metrɔna o. Apostolo Paulo ŋlɔ na ame aɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me be: “Mewɔ yaa bena, miena wote mi ɖa tso amesi yɔ mi le Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ kaba ŋutɔ ale heyina nyanyui bubu aɖe me, wònye nyanyui bubu aɖeke meli o, negbe bena ame aɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyui la. Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyui la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu!”—Galatiatɔwo 1:6-8, míawoe te gbe ɖe edzi.
“Nubiabia Mawudɔlawo Katã!”
Ðe wòle be míabia kpekpeɖeŋu tso mawudɔlawo gbɔ atsɔ akpɔ agbemekuxiwo kple afɔkuwo gbɔea? Esiae nye nyati si ŋu agbalẽ geɖe ƒo nu tsoe. Kpɔɖeŋu eve enye esi. Wogblɔ be agbalẽ si nye Ask Your Angels (Bia Wò Mawudɔlawo) fia exlẽlawo ‘alesi woate ŋu anɔ te ɖe mawudɔlawo ƒe ŋusẽ dzi ana woƒe seselelãme kple amenyenye ememetɔ si bu nagasu wo si ake eye be woaɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ.’ Agbalẽ sia ƒomevi ɖekae nye Calling All Angels!: 57 Ways to Invite an Angel Into Your Life (Mawudɔlawo Katã Yɔyɔ!: Mɔ 57 Siwo Dzi Nàto Akpe Mawudɔla Ava Wò Agbe Me).
Gake Biblia mede dzi ƒo na mí gbeɖe be míabia kpekpeɖeŋu tso mawudɔlawo gbɔ o. Yesu na esia me kɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me. Egblɔ be: ‘Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo!’ (Mateo 6:9) Nenema ke apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.’—Filipitɔwo 4:6.
Le Mawudɔlawo ƒe Ŋkɔ Me
“Gbɔgbɔmemenyenye yeyea” tea gbe ɖe mawudɔlawo ƒe ŋkɔwo nyanya dzi vevie. Woŋlɔ ŋkɔ akpe geɖe siwo wobe wonye mawudɔlawo tɔ ɖe agbalẽ xɔŋkɔ aɖewo me. Nukatae? Menye be woatsɔ aɖi kɔ na amewo ƒe didi gbɔlo aɖe ko o; ke be woatsɔ ayɔ woe. Esia do ƒome kplikplikpli kple akunyawɔwɔ. Encyclopedia of Angels gblɔ be tsɔ kpe ɖe kɔnuwɔwɔ, akunyawɔnuwo zazã, kple gbesanyawo ŋu la, “ ‘ŋkɔ siwo ŋu ŋusẽ le,’ alo gbɔgbɔ aɖewo koŋ ƒe ŋkɔ zazã, wɔnɛ be agbo si le ŋutilãme kple gbɔgbɔme nutoa dome la ʋuna, eye akunyawɔlawo . . . te ŋu ƒoa nu kple gbɔgbɔwo.” Gake Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be: “Migasa dzo o.”—Mose III, 19:26.
Mawudɔla nuteƒewɔla eve ƒe ŋkɔ koe Biblia ŋutɔ yɔ, Mixael kple Gabriel. (Daniel 12:1; Luka 1:26) Alesi Biblia yɔ ŋkɔ siawoe ɖee fia be mawudɔlawo nye gbɔgbɔmeme siwo le etɔxɛ. Nukata womeyɔ mawudɔla geɖewo ƒe ŋkɔ o? Ðewohĩ susuae nye be woana amewo nagada mawudɔlawo ɖe bubunɔƒe kɔkɔ siwo womedze na o—nusi mawudɔlawo ŋutɔ kpɔ be yewomedze na o. Eyata esi Yakob bia mawudɔla aɖe be neyɔ eƒe ŋkɔ na ye la, egbe. (Mose I, 32:30) Emegbe mawudɔla si ɖe eɖokui fia Yosua meyɔ eƒe ŋkɔ nɛ o ke boŋ eɖe eɖokui nu be “Yehowa ƒe aʋafia menye.” ( Yosua 5:14) Nenema ke esi Simson fofo bia mawudɔla aɖe ƒe ŋkɔ la, eɖo eŋu nɛ be: “Nukaŋuti nèle nye ŋkɔ, si nye nukunu la, ta biam?” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:17, 18) Mawu ƒe dɔla nuteƒewɔlawo di be míade bubu Mawu ŋu eye míabia kpekpeɖeŋu tso egbɔ menye tso yewo gbɔ o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi numeɖeɖe le nusitae Biblia nye nyatakakatsoƒe si ŋu kakaɖedzi le ŋu la, ke kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ta.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]
“Le amesiwo de vovo ge do kpoe le Mawu kple eƒe sewo ŋu gome la, . . . [Azã Yeye] mawudɔlawo gbɔe wotrɔa ta ɖo, . . . wonyoa dɔme, eye womedrɔ̃a ʋɔnu ame o. Amesiame ate ŋu ake ɖe wo ŋu bɔbɔe abe alesi atikekui si nye aspirin bɔe ene.”—Time magazine
[Aɖaka si le axa 15]
Egbegbe Mawudɔlawo Kple Gbetsiwo “Kpɔkpɔ”
Ame geɖe gblɔna egbea be yewokpɔ mawudɔlawo heƒo nu kpli wo. Ame bubuwo gblɔ be yewodo ka kple nuwɔwɔ siwo tso xexe bubu me. Woŋlɔ ƒomedodo siwo le nudzɔdzɔ siawo dome ɖe agbalẽ si nye Angels—An Endangered Species me, eye wogblɔ be gɔmeɖeɖe ɖeka ate ŋu anɔ evea siaa ŋu.b Ƒomedodo siwo le wo dome si woŋlɔ ɖe agbalẽa me dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.
1. Mawudɔlawo kple gbetsiwo siaa tso xexe bubu me.
2. Wo kple evea siaa nye nuwɔwɔ siwo me agbe le siwo deŋgɔ wu, le gbɔgbɔ me loo alo mɔ̃ɖaŋuŋutinunya gome.
3. Mawudɔla vovovo siawo ƒe dzedzeme le abe sɔhɛwo tɔ ene eye wodze ɖeka, wonyoa dɔme eye nublanuikpɔkpɔ yɔ wo fũ.
4. Gbegbɔgblɔ menye kuxi na wo kple evea siaa o, wodoa gbe si amesi wole nu ƒom na dona eme kɔna nyuie.
5. Wo kple evea bi ɖe dzodzo me.
6. Mawudɔlawo kple gbetsiwo siaa ƒe dzedzeme le abe keklẽ si me kɔ nyuie ene.
7. Wo kple evea siaa doa awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye zi geɖe la, wolɔ̃a awu ʋlaya alo awudziwuiwo dodo. Amadede ɣi alo blɔ nye awu ƒomevi siwo wolɔ̃a dodo wu.
8. Zi geɖe la, wo kple evea siaa ƒe kɔkɔme nɔna abe amegbetɔwo tɔ ene.
9. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔa ɖe le nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔwo le kple ɣletinyigba la me.
10. Wotu kpeɖodzi siwo le gbetsiwo kple mawudɔlawo kpɔkpɔ ŋu ɖe amesiwo kpɔ wo ƒe ɖaseɖiɖi dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
b Nusi numeɖeɖe kpui sia fia le evea siaa ŋue nye be gbɔgbɔ vɔ̃wo, alo gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwoe le megbe na “nudzɔdzɔ” mawo dometɔ geɖe. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14)—Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, July 8, 1996, axa 26.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Mawudɔla siwo ɖe wo ɖokui fia amewo ŋutɔŋutɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me