INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 12/8 axa 19-20
  • Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒea
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mawu Ƒe Dɔlawo Kpena Ðe Mía Ŋu
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 12/8 axa 19-20

Mawudɔlawo Ŋuti Nyateƒea

ABE alesi míekpɔe va yi ene la, mawudɔlawo ŋuti nukpɔsusu kple ŋutinya siwo bɔ mewɔ ɖeka kple nusi Biblia fia ɣesiaɣi o. Ðe wòle vevie be woatsi dzi ɖe vovototo si le wo dome ŋua? Ðe afɔku le mawudɔlawo ŋuti dzixɔse siwo bɔ dzixɔxɔse mea? Afɔku le eme nyateƒe.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nɔnɔme siwo ƒe dzi “gbɔgbɔmemenyenye yeyea” de ƒo ŋu kpɔ. Mawudɔlawo ƒe agbalẽ siwo li egbea dea ɖevinuwɔwɔ nuŋumabumabutɔe ƒe dzi ƒo, ke menye be woawɔ tamebubuŋutete ŋudɔ o. Ƒã hafi wodea dzi ƒo na nuxlẽlawo be woa ŋutɔwo nate kpɔ akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ alo woadi gɔmesese na Biblia me nyawo eye woadi Mawu ŋuti sidzedze. Agbalẽ siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu ka ɖe edzi na mí be mawudɔla fatu siwo lɔ̃a ame le mía ŋu dzɔm le agbe me eyata mele be míavɔ̃ kura o, le esi míele dzidzɔ xexe aɖe si me nusianu le abe alesi wòle be wòanɔ ene me ta. Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, nusi ko wòhiã be míawɔ enye be míalala akpɔ mawudɔlawo sinu be woakpɔ egbɔ. Gake ne ele alea la, ke nukata Biblia gblɔ na mí be ‘míaʋli xɔse la ta sesĩe’?​—Yuda 3.

Agbalẽ geɖe siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu dea amegbetɔwo ƒe nɔnɔme si nye dada kple ɖokuiŋudzedze dzi. Ameɖokuiŋububu dzi koŋ wotea gbe ɖo. Agbalẽ mawo gblɔ be mawudɔla siwo li egbea di be míanya alesi gbegbe míenya kpɔ hele dzo damee. Togbɔ be enyo be míatsɔ susu nyui akpɔ mía ɖokuiwo hã la, “gbɔgbɔmemenyenye yeyea” ƒe nufiafia vevitɔ aɖee nye be míalɔ̃ mía ɖokui nuka kee le dzɔdzɔm o. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be sedede gbãtɔ kple gãtɔ kekeakee nye “nàlɔ̃ Aƒetɔ si nye Ðokuiwò.” Aleke gbegbe esia tsi tre ɖe Yesu ƒe nyawo ŋue enye si! Egblɔ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo. Esia enye se gbãtɔ, si le vevie.” (Mateo 22:​36-39) Míakpɔ dzidzɔ le agbe me wu ne míetsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖo nɔƒe gbãtɔ na mía ŋutɔwo tɔ.

Mawudɔlawo dada ɖe teƒe vevitɔ kekeake tsi tre ɖe Kristotɔnyenye vavãtɔ ŋu. Apostolo Paulo ƒo nu tsi tre ɖe tadedeagu na mawudɔlawo ŋu. (Kolosetɔwo 2:​18) Be woade ta agu fia be “woade bubu alo woatsɔ bubu deto ana mawu aɖe alo ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ.” Gake bubu deto tsɔtsɔ na mawudɔlawo ŋu koŋue agbalẽ xɔŋkɔ siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu de dzi ƒo na exlẽlawo be woawɔ. Gake ɖo ŋku nusi dzɔ esi Satana bia tso Yesu si be wòade ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko dzi. Yesu ɖo eŋu nɛ bena: “[ Yehowa], wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.” (Luka 4:⁠8) Emegbe esi apostolo Yohanes dze klo be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!”​—Nyaɖeɖefia 19:⁠10.

Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe

Mawu gbɔe wòle be míabia mɔfiame kple kpekpeɖeŋu tsoe, ke menye mawudɔlawo o. Ele lɔlɔ̃m kple dzidzɔ be yeaɖe lɔlɔ̃ deto afia amesiwo katã nɔa agbe ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔewo nu. Apostolo Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hati Kristotɔwo be: “Dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema míenyae bena, míexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.”​—Yohanes I, 5:​14, 15.

Nu geɖewo li si míenya tso Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒewo ŋu o. Gake míenya be wosubɔa Mawu, wowɔa dɔ le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo hebɔbɔ ɖe eƒe mɔfiafia te. Wole klalo be yewoado nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ŋu ɖe ŋgɔ. (Nyaɖeɖefia 14:​6, 7) Womedi be míade ta agu na yewo o. Esi míete ŋu kpɔa wo o ta la, míenya teƒe si Mawu zãa wo se ɖo le kpekpeɖeŋu nana eƒe amewo le gbesiagbe nudzɔdzɔwo me o. Gake míenya be Yehowa Mawu kpɔa eƒe amewo ta eye wòfiaa mɔ wo abe ƒuƒoƒo ene.

Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi mawudɔla nuteƒewɔlawo ɖo na mí! Wodoa Mawu ɖe dzi eye wokafunɛ. (Psalmo 148:⁠2) Togbɔ be tamebubuŋutete deŋgɔ kple gbɔgbɔmeŋusẽ triakɔ le wo si hã la, wodea bubu deto Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu. ( Yuda 9) Wotsɔ ɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo ƒe emevava me vevie. (Petro I, 1:​11, 12) Mawu ƒe Nya Biblia mee míesrɔ̃ nusiawo le. Ẽ, Biblia lae nye agbalẽ si to nyateƒe na mí tso mawudɔlawo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Esi apostolo Yohanes te kpɔ be yeade ta agu na mawudɔla aɖe la, mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Megawɔe o!”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Mawudɔlawo le klalo be yewoado nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu ɖe ŋgɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe