INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 8-11
  • Ðe Xexeame Awɔ Ðekaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Xexeame Awɔ Ðekaa?
  • Nyɔ!—2000
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu ƒe Nufiafia—Ðekawɔwɔ ƒe Ŋusẽe
  • Alesi Xexeame Katã ƒe Ðekawɔwɔ Awɔ Ava
  • Ðekawɔwɔ Vavãtɔ—Ɣekaɣi?
  • Milé Ðekawɔwɔ Me Ðe Asi Le Ŋkeke Mamlɛ Siawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðekawɔwɔ Xɔasi Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðekawɔwɔ Dea Dzesi Tadeagula Vavãwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 8-11

Ðe Xexeame Awɔ Ðekaa?

LE NYITSƆ laa ƒewo me la, ame miliɔn geɖe kpe fu le Ɣedzeƒe Europa kple teƒe bubuwo le vovototodedeameme ƒe aʋawɔwɔwo me. Ke hã le ɣeyiɣi si me wonɔ aʋa dziŋɔ siawo wɔm gɔ̃ hã me la, aʋawɔdukɔ siawo me tɔ akpe nanewo te ŋu tu ɖekawɔwɔ vavãtɔ ɖo helé eme ɖe asi le wo nɔewo dome. Bu kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Le ƒe 1991 me la, ameha siwo tso dukɔ vovovowo me siwo ade 15,000 kloe kpe ta le Zagreb, Croatia. Nɔnɔmeawo wɔ dɔ ɖe kpovitɔ aɖe si nɔ teƒea dzi wògblɔ be: “Anyo be woaɖe nusi le edzi yim le kamedefefewɔƒe sia fifi laa afia nyatakadɔwɔƒewo, afisi Serbiatɔwo, Croatiatɔwo, Sloveniatɔwo, Montenegrotɔwo, kple ame bubuwo nɔ anyi ɖe wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me le.” Nuka gbɔe ɖekawɔwɔ sia si mebɔ o la tso?

Le ƒe 1993 me la, wowɔ dukɔwo dome takpekpe gã si lolo wu si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Nufiafia,” le Ukraine ƒe fiadu si nye Kiev me. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake de 65,000 kloe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Evening Kiev ka nya ta le eƒe axa gbãtɔ be: “Yehowa Ðasefowo . . . wɔ ɖeka, menye le akɔtagbalẽvi blɔtɔ si dzi woŋlɔ ‘Mawu ƒe Nufiafia’ ɖo ɖeɖe ko me o, ke le xɔse vavãtɔ me hã.”

Mawu ƒe Nufiafia—Ðekawɔwɔ ƒe Ŋusẽe

Ðe nèbua tame le nusita ɖekawɔwɔ le Yehowa Ðasefowo dome, le esime amesiwo ƒo xlã wo ya dome ma la ŋua? Polandtɔ Nufialagã Wojciech Modzelewski de dzesi nusi gbɔ wòtso esi wògblɔ le Ðasefoawo ŋu be: “Nu vevi si na wowɔa nu le ŋutifafa mee nye be woɖoe be yewoazɔ ɖe gɔmeɖose siwo woɖe fia le Biblia me la dzi fifia.” Le nyateƒe me la, Wɔla, Yehowa Mawu ƒe nufiafiae na Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka le xexeame katã. Nukae nye nufiafia ma?

Yesu Kristo fia asi ɖekawɔwɔ ŋuti gɔmeɖose vevi aɖe esi wògblɔ le eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” Ẽ Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade le afisiafi ye te wo ƒo ƒui. Esia sɔ ɖe Yesu ƒe nyawo nu esi wòdo gbe ɖa be: “Mele biabiam . . . bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me.”—Yohanes 17:16-21, NW.

Akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔ sia nye ɖekawɔwɔ ƒe ŋusẽ, elabena eʋãa Ðasefowo le xexeame godoo be woanɔ agbe wòasɔ ɖe nya si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ku ɖe amesiwo Mawu ‘fiaa nui . . . le eƒe mɔwo ŋu’ la nu. Yesaya gblɔ be ele be ame mawo ‘natsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.’ Nyagblɔɖilaa yi edzi be: “Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:2-4.

Ðekawɔwɔ kple ŋutifafa si wokpɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gãwo me le Ɣedzeƒe Europa le ƒe siwo va yi me nye kpɔɖeŋu be Yesaya ƒe nyagblɔɖiawo le eme vam xoxo le mɔ sue aɖe nu. Le Europa kple teƒe bubuwo la, Ðasefoawo tsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe le kpɔɖeŋumɔnu. Ewɔe be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le wo dome egbea le xexe sia si me ma ale gbegbe la me. Mewɔ nuku o be nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne xexeame katã anɔ agbe ɖe [Yehowa] Ðasefoawo ƒe dzixɔse si nɔ te ɖe [Biblia] dzi nu la, ʋukɔkɔɖi kple fuléle nu ayi eye lɔlɔ̃ aɖu fia”! Ðe wòava dzɔ nenema gbaɖegbea?

Alesi Xexeame Katã ƒe Ðekawɔwɔ Awɔ Ava

Be woahe ɖekawɔwɔ va xexeame katã la, ebia nu geɖe wu amewo ƒe ƒuƒoƒo sue si si susu nyui le ko. Ehiã hã be woaɖo dziɖuɖu si si ŋusẽ le be wòaxɔ ŋusẽ le amesiwo wɔa nu tsia tre ɖe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ŋu la si. Le nyateƒe me Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia dziɖuɖu ma ƒomevi tututu be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Ẽ, Yesu ɖee fia be Mawu ƒe dziɖuɖu, si nye “dziƒo fiaɖuƒe la,” koe ate ŋu akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ—kuxia ƒe ɖee nye ɖekamawɔmawɔ.—Mateo 4:17.

Yesu Kristoe nye dziƒo Fiaɖuƒe sia ƒe Fia. Le eƒe dziɖuɖu te la, anyigbadzitɔwo akpɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si ƒomevi meva kpɔ o. Menye amegbetɔwo ƒe ganyawo ŋuti tɔtrɔwo wɔwɔ mee xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ sia ato ava o. Xexeame katã ƒe dziɖuɖu si le “Ŋutifafafia” la si me koe ate ŋu awɔ ema.—Yesaya 9:5, 6.

Ŋutifafafia la maɖe mɔ ɖe madzɔmadzɔnyenye si li egbea si tso ahedada kple ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu gbɔ la ŋuti o. Biblia do ŋugbe be: “Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe. Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, . . . Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:11, 12, 14, 16.

Dɔmakpɔwɔe hã azu gbaɖegbenya le Kristo ƒe dziɖuɖu te. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” (Yesaya 65:22) Kpɔe ɖa le susu me ko, anyigbadzitɔwo katã ate ŋu awɔ dɔ si me viɖe kple dzidzeme le!

Ðekawɔwɔ Vavãtɔ—Ɣekaɣi?

Gake ɣekaɣie Kristo adze anyigba dzi ɖuɖu gɔme? Le biabia ma ŋuɖoɖo me la, Yesu Kristo fia asi ɣeyiɣi aɖe si me aʋawɔwɔwo, aʋaŋutiɣliwo, dɔléle, anyigbaʋuʋuwo, kple nudzɔdzɔ bubuwo anɔ. Gake efia asi eƒe akpa ɖeviname aɖe—gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia le xexeame katã. (Mateo 24:3-14; Luka 21:11) Yesu gblɔ be nudzɔdzɔ siawo ava wu enu ɖe “xaxa gã” la me, esi ado ŋgɔ na tɔtrɔ blibo si ava le anyigba dzi ɖuɖu me. (Mateo 24:21) Xlẽ nuƒo sia si woŋlɔ ɖe Mateo ta 24 kple Luka ta 21. Tsɔ nɔnɔme siwo wògblɔ ɖi la sɔ kple nusiwo kpɔm nèle le xexeame. Àkpɔe ƒã be míele ɣeyiɣi si me madidi o Mawu ade asi nyaa me aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa la ƒe yɔyrɔe nu. Eƒe Fiaɖuƒea, si ƒe Fia enye Yesu Kristo axɔ dziɖuɖua. Xexeme si wɔ ɖeka le mía ŋgɔ!

Biabiaa kpɔtɔ li be, Nukae nàwɔ be nàkpɔ ŋugbedodo sia ƒe emevava? Esi Biblia wɔa akpa vevi aɖe le nusiwo amegbetɔwo akpɔ mɔ na le etsɔme ŋu ta la, nunya le eme be nàɖe afɔ be nànya Biblia nyuie wu. Eyata adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoava gbɔwò le wò aƒeme be woasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee.a Ne èlɔ̃ wɔ ɖe amekpekpe sia dzi la, madidi o, àkpɔe be xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ ava kpuie, eye be wò hã àte ŋu akpɔ gome le eme!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi be yeaxɔ nyatakaka geɖe ku ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia ŋu la, ke ŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo alo nàte ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Le xexeame godoo la, ɖekawɔwɔ ɖedzesi aɖe le Yehowa Ðasefowo dome

Kiev, Ukraine

Zagreb, Croatia

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be ameƒomea nava zu xexeame katã ƒe ƒome si wɔ ɖeka

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe