Sɔhɛwo Biana Be . . .
Vidzidzi—Eyae Naa Ame Zua Ŋutsu Ðɔʋua?
“Menya ŋutsu geɖe siwo gblɔna be ‘vinyɔnu aɖe le asinye le afisia eye viŋutsu hã le asinye le afimɛ,’ eye alesi wogblɔnɛ la, ɖeko wòdzena abe ɖe womegatsɔa ɖeke le agbanɔamedzi aɖeke me o ene.”—Harold.
ƑE SIA ƒe la, nyɔnuvi ƒewuivi siwo ade miliɔn ɖeka kloe fɔa fu le United States. Vidada siawo ƒe vi akpa gãtɔ nyea gbɔmeyaviwo. Kaka wòade ƒe eve la, vidada ƒewuivi siawo dometɔ 1 le 4 me gadzia vi. Atlantic Monthly magazine gblɔ be: “Ne nɔnɔmea akpɔtɔ anɔ edzi yim alea la, ɖevi siwo wodzina egbea ƒe xexlẽme si made woƒe afã o koe anɔ wo dada kple wo fofo ŋutɔŋutɔ gbɔ le woƒe ɖevimenɔɣi katã. Ðevi siwo le Amerika dometɔ akpa gãtɔ anɔ vidadaɖekɛƒomewo me ƒe geɖe.”
Togbɔ be ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ dzina ɖe edzi kabakaba le United States wu dukɔ deŋgɔ bubuawo tɔ sasasã hã la, gbɔmeyaviwo dzidzi ƒe kuxia le xexeame katã. Le Europa dukɔ aɖewo, abe England kple France ene, me la, gbɔmeyavi mawo dzidzi ƒe dzidziɖedzi kabakaba de sɔsɔ ge kple United States tɔ. Le Afrika kple Anyiehe Amerika dukɔ aɖewo me la, esusɔ ʋɛ nyɔnuvi ƒewuiviwo ƒe vidzidzi ƒe dzidziɖedzi kabakaba nade United States tɔa ƒe teƒe eve. Nukae na nusiawo le dzɔdzɔm?
Nusi Gbɔ Wòtso
Agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo siwo me míele gbɔ koŋue nɔnɔme siawo tso. (Timoteo II, 3:1-5) Le ƒe siawo me la, srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi kabakaba de dzi bobobo. Ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ kple nyɔnu siwo dɔa nyɔnuwo gbɔ kpakple agbe ƒaƒã bubu nɔlawo va bɔ. Nyakakamɔnuwo tsɔa woƒe nyawo ɖea fu na sɔhɛwo koŋ ƒe susu—wozãa hadzidzi kple video dzi haƒoƒowɔna siwo ƒonɛ ɖe amewo nu be woanɔ agbe gbegblẽ, magazine me nya kple boblododo gbegblẽwo, television dzi wɔnawo, kpakple sinima siwo kafua gbɔdɔdɔ kple ame ɖesiaɖe faa. Fuɖeɖemɔnuwo kple mɔxexeɖefufɔfɔ nu tikewo ƒe bɔbɔ hã wɔe be nukpɔsusu si nye be kuxi aɖeke mele gbɔdɔdɔ me o la bɔ ɖe sɔhɛwo dome. Vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖe gblɔ be: “Medi gbɔdɔdɔ si mada agba aɖeke ɖe dzinye o.” Bubu gblɔ be: “Gbɔdɔdɔ nye modzakaɖenu.”
Ðewohĩ sɔhɛ siwo da ahe dome koŋue nɔnɔme mawo bɔ ɖo wu. Elijah Anderson si nye numekula bia gbe dugã me sɔhɛwo dometɔ geɖe eye wògblɔ be: “Le ɖekakpui geɖe gome la, gbɔdɔdɔ nye ŋkɔxɔxɔ le hadome ƒe dzesi vevi aɖe; ŋkɔxɔxɔ le gbɔdɔdɔ me nye dzidzedzekpɔkpɔ ƒe dzesi.” Le nyateƒe me la, vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖe gblɔ na Nyɔ! magazine ŋlɔlawo be ame geɖe bu ŋkɔxɔxɔ le gbɔdɔdɔ me abe “dziɖuɖukplu si wodana ɖe tsitrenuɖaka dzi le xɔme” ene. Nuka gbɔe tagbɔsesẽnuwɔna sia tso? Anderson ɖe eme be zi geɖe la, amesi me dugã me sɔhɛ tsɔa ɖe le wue nye “ehatiwo. Woawo ƒe agbenɔnɔe wòsrɔ̃na, eye agbenɔnɔ abe woawo ene le vevie nɛ ŋutɔ.”
Eyata Anderson de dzesii be le sɔhɛ geɖe gome la, ŋkɔxɔxɔ le gbɔdɔdɔ me nye mɔnu aɖe si dzi woato akpɔ dzidzedze ko, “eye eƒe taɖodzinue nye be woaflu ame evelia, si nyea ɖetugbia koŋ.” Egblɔ kpee be ‘nuwɔna sia ku ɖe alesi ŋutsuvia aɖe eɖokui afia bliboe ŋu, si me eƒe awudodo, dzadzraɖo, dzedzeme, ɣeɖuɖu ŋutete, kple dzeɖoɖo hã le.’ Ðekakpui geɖe bi ɖe dzidzedzekpɔkpɔ le ‘nuwɔna’ sia me ŋutɔ. Gake Anderson gblɔ be: “Ne nyɔnuvia fɔ fu la, ŋutsuvia va gbea nu le egbɔ.”—Young Unwed Fathers—Changing Roles and Emerging Policies, si Robert Lerman kple Theodora Ooms ŋlɔ.
Mawu ƒe Nukpɔsusu le Eŋu
Gake ɖe vidzidzi na wozua ŋutsu ɖɔʋu vavã? Dzidzɔdonu dzro aɖe koe gbɔdɔdɔ nyea? Mele nenema le mía Wɔla Yehowa Mawu ƒe susu nu o. Le eƒe Nya Biblia me la, Mawu na eme kɔ ƒã be tameɖoɖo deŋgɔ aɖe le gbɔdɔdɔ ŋu. Esi Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ wɔwɔ ŋu vɔ la, egblɔ be: “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 1:27, 28) Mawu meɖoe gbeɖe be vifofowo nagblẽ wo viwo ɖi o. Ete ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔa ƒo ƒu be woawɔ ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me tegbee. (Mose I, 2:24) Eyata eƒe tameɖoɖoe nye be vidada kple vifofo nanɔ ɖevi ɖesiaɖe si.
Gake eteƒe medidi o, ŋutsuwo dze srɔ̃ geɖe ɖeɖe gɔme. (Mose I, 4:19) Mose I, 6:2 gblɔ na mí be mawudɔla aɖewo gɔ̃ hã “kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ.” Mawudɔla siawo trɔ wo ɖokui ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme me eye “woɖe wo,” wotsɔ ŋukeklẽ ɖe “wo dometɔ siwo katã dze wo ŋu.” Noa ƒe Tsiɖɔɖɔa zii ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ siawo dzi be wogbugbɔ yi gbɔgbɔmenutome. Gake Biblia ɖee fia be fifia wonyã wo va anyigba ƒe nutome. (Nyaɖeɖefia 12:9-12) Esia na Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi ale gbegbe egbea. (Efesotɔwo 2:2) Ne ɖekakpuiwo dzi vi hegbe ɖeviawo eye wogbe wo lɔlɔ̃ la, ke woɖe mɔ le wo ɖokui ŋu na ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi ma le manyamanya me.
Eyata susu nyui tae Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o; eye ame aɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3-6.
Be ‘woatsri ahasiwɔwɔa?’ Ðekakpui geɖe aɖe alɔme le nya sia ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖekakpuiwoe wonye eye dzodzro sesẽ le wo me! Gake de dzesii be ahasiwɔwɔ nye ‘nugbegblẽ le ame ŋu kple ametafatafa.’ Ðe menye nugbegblẽ le ɖetugbi ŋue wònye be woagblẽ vidzĩ ɖe edzi srɔ̃aŋutsu nagbe kpekpe ɖe eŋu oa? Eye nulɔdɔ ɖeɖe nɛ, abe nulɔdɔ si naa vidzinu ŋu kple exa ɖoa loxoloxo, agbadzà, babadɔ, alo AIDS ene, hã ɖe? Nyateƒee, woate ŋu aƒo asa na fuwɔame siawo ɣeaɖewoɣi ya. Ke hã enye nyɔnuvi tafatafa be woadɔ egbɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe, si agblẽ eƒe ŋkɔ kple eƒe aƒenɔnɔ se ɖe atsuƒe yiyi dome. Eyata susu le eme be woatsri ahasiwɔwɔ eye eɖea tsitsinyenye fiana. Nyateƒee, ebia ɖokuidziɖuɖu kple tameɖoɖo kplikpaa be ‘woaɖe ame ŋutɔ srɔ̃’ atsri gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Gake abe alesi Yesaya 48:17, 18 gblɔe na mí ene la, Mawu to eƒe sewo dzi le ‘nusi nyo na mí la fiam mí.’
“Miwɔ Ŋutsu”
Gake aleke ɖekakpui awɔ anye ŋutsu ɖɔʋu? Le nyateƒe me la, menye to gbɔmeyaviwo dzidzi kɔ ɖi mee o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwɔ ŋutsu, eye misẽ ŋu! Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me!”—Korintotɔwo I, 16:13, 14.
De dzesii be ‘ŋutsuwɔwɔ’ bia be woanɔ ŋudzɔ, anɔ tsitre le xɔse me, dzi nanɔ ame ƒo, eye woalɔ̃ ame. Nyateƒee, gɔmeɖose sia yi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa sɔsɔe ya. Ke hã ne ètu gbɔgbɔmemenyenye ƒe nɔnɔme siawo ɖo la, ana be amewo nade bubu ŋuwò eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò be ènye ŋutsu ɖɔʋu! Srɔ̃ nu tso ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ—Yesu Kristo—gbɔ. Wò ya bu eƒe ŋutsunyenye, nɔnɔme nyui ɖeɖefia dzinɔameƒotɔe le esime wonɔ fu wɔmee kple esime wòɖo kudo nu gɔ̃ hã ŋu kpɔ. Gake aleke Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui?
Le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔwo su Yesu si wòde ha kple nyɔnuwo. Nyɔnu geɖewo nɔ eyomedzelawo dome, siwo dometɔ aɖewo “tsɔ woƒe nuwo subɔ [eya kple eƒe apostoloawo].” (Luka 8:3) Eya kple Lazaro nɔvinyɔnu eve koŋ dome nɔ kplikplikpli ale gbegbe. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be “Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua.” (Yohanes 11:5) Ðe Yesu zã eƒe nunya, eƒe nɔnɔme lédziname, alo eƒe ɖekadzedze, si ŋu ɖikeke mele o be wotsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ esi wònye ŋutsu deblibo la tsɔ ble nyɔnu siawo nui nɔ agbe gbegblẽ kpli woa? Kura o, ke boŋ Biblia gblɔ le Yesu ŋu be “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” (Petro I, 2:22) Mewɔ nu masɔmasɔ aɖeke le esime nyɔnu aɖe si ame geɖe nya be enye nuvɔ̃wɔla, ɖewohĩ gboloe wònye la ‘fa avi, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔ dzi, eye wòtutu wo kple taɖa’ la o. (Luka 7:37, 38) Yesu mebu tame gɔ̃ hã be yeawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ awɔ nane kple nyɔnu sia si woate ŋu azã bɔbɔe la o! Eɖe eƒe seselelãmewo dzi ɖuɖu ƒe ŋutetea fia—esia nye ŋutsu ɖɔʋu ƒe dzesi. Mewɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu abe amesiwo li na gbɔdɔdɔ ko ene o, ke boŋ ebu wo dometɔ ɖesiaɖe be enye amesi dze be woalɔ̃ ahade bubu eŋu.
Ne Kristotɔ ɖekakpuie nènye la, Kristo ƒe kpɔɖeŋua yomedzedze—ke menye hatiwò aɖewo tɔ o—ye akpɔ tawò tso ‘nu gbegblẽ le ame ŋu kple ametafatafa’ me. Akpɔ tawò tso nu wɔnublanui siwo gbɔmeyavi dzidzi hena vɛ hã me. Nyateƒee, amewo aɖe alɔme le ŋuwò le esi nètsri ahasiwɔwɔ ta ya. Gake mlɔeba la, Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋuwò aɖe vi na wò sasasã wu hatiwòwo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋuwò ɣeyiɣi kpui aɖe.—Lododowo 27:11.
Ke ne sɔhɛ aɖe nɔ agbe gbegblẽ tsã gake wòva dzudzɔ agbe gbegblẽa nɔnɔ eye wòtrɔ dzime vavã xoxo ya ɖe? Ne ewɔ nusia la, ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu tsɔe ke ye, abe alesi wòtsɔ ke Fia Dawid, amesi hã nɔ agbe gbegblẽ ene. (Samuel II, 11:2-5; 12:13; Psalmo 51:3, 4) Gake ne fufɔfɔ do tso gbɔdɔdɔ srɔ̃maɖemaɖee sia me la, ke nyametsotso vevi aɖe gadze ŋgɔ ɖekakpuia kokoko. Ðe wòaɖe nyɔnuvia? Ðe agbanɔamedzi aɖewo adze ŋgɔe le via dzi kpɔkpɔ mea? Nyati si woagata adzro biabia siawo me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Sɔhɛ geɖe bui vodadatɔe be kuxi aɖeke mele gbɔdɔdɔ me o