“Aʋa La Menye Mia Tɔ O, Ke Mawu Tɔe”
ABE ALESI W. GLEN HOW GBLƆE ENE
Le ƒe blaade siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo he nya geɖe le ʋɔnu le Canada. Senyalawo de dzesi nya siwo me woɖu dzi le la. Le akpa si mewɔ le nyaʋiʋli siawo dometɔ aɖewo me ta la, Amerikatɔwo ƒe Ʋɔnunyahehe Senyalawo ƒe Kɔledzi nam Nyahehe Dzinɔameƒotɔe ƒe Nunana nyitsɔ laa. Le nunanaa xɔƒe la, wogblɔ be nya siwo wodrɔ̃ na Yehowa Ðasefowo le ʋɔnu “va zu mɔxenu vevi aɖe be dziɖuɖua nagawɔ nu wòagbɔ eme o . . . elabena wova zu gomenɔamesise si dzi woda asi ɖo, esi dea bubu Canadatɔ ɖesiaɖe ŋu hekpɔa eƒe ablɔɖe ta.” Mina magblɔ ʋɔnunyadɔdrɔ̃ siawo dometɔ aɖewo me nyawo kple alesi mewɔ va zu senyala kple Yehowa Ðasefo na mi.
LE ƑE 1924 me la, George Rix, amesi nye Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi va srã dzinyelawo kpɔ le Toronto, Canada. Danye, si ŋkɔe nye Bessie How, eye wònye nyɔnu ɖagbi aɖe la kpee wòva ɖo dze kplii. Mexɔ ƒe atɔ̃ ɣemaɣi, eye tsenye Joe xɔ ƒe etɔ.
Medidi o dada dze egɔme nɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo dem le Toronto. Le ƒe 1929 me la, eva zu mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, eye wòyi dɔ ma wɔwɔ dzi vaseɖe esime wòwu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ nu le ƒe 1969 me. Eƒe tameɖoɖo kplikpaa kple subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖeɖimateameŋutɔe nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí eye wòkpe ɖe ame geɖe ŋu Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze va su wo si.
Fofonye si ŋkɔe nye Frank How, nye ame fafa eye le gɔmedzedzea me la, etsi tre ɖe Dada ƒe subɔsubɔdɔwɔnawo ŋu. Gake danye kpea subɔla mɔzɔlawo, abe George Young ene, nunyatɔe wova srãnɛ kpɔ heƒoa nu kplii. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa ƒe nɔnɔme va ka ɖe eme. Esi wòkpɔ dɔ nyui si Biblia me nyateƒea nɔ wɔwɔm le eƒe ƒomea me la, eva nɔ alɔ dom mí, togbɔ be meva zu Ðasefo gbeɖe o hã.
Nyametsotsowɔwɔ be Masubɔ Mawu
Mewu kɔledzi nu le ƒe 1936 me. Le nye ƒewuiwo me nɔɣi la, nyemetsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ale o. Míenɔ Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ la me ɣemaɣi eye dɔwɔɖui kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o. Eyata meyi Toronto ƒe Yunivɛsiti. Le ƒe 1940 me la, metso nya me be mayi sesrɔ̃suku. Nyametsotso sia mewɔ nuku na danye o. Esi menɔ ɖevime la, egblɔna zi geɖe ne edo dziku be: “Gbevuvi sia ahe glãka le nya sia nya ŋu! Senyala ko zu ge wògbɔna kokoko!”
Le July 4, 1940, hafi mayi sesrɔ̃suku teti la, Canada dziɖuɖua xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu, esi womena nuxlɔ̃ame aɖeke do ŋgɔ o. Ɣeyiɣi siae mewɔ tɔtrɔ vevi aɖe le nye agbe me. Esi dziɖuɖua trɔ eƒe ŋusẽ katã ɖe habɔbɔ sue sia me tɔ fɔmaɖila, siwo bɔbɔa wo ɖokui ŋuti la, ena kakaɖedzim be Yehowa Ðasefowoe nye Yesu yomedzela vavãwo. Abe alesi wògblɔe ɖi ene la, ‘dukɔwo katã lé fu wo le eƒe ŋkɔ ŋuti.’ (Mateo 24:9) Meɖoe be masubɔ Mawu Ŋusẽtɔ si le megbe na habɔbɔ sia. Le February 10, 1941, dzi la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi.
Medi be mage ɖe mɔɖeɖedɔa me enumake hafi. Gake Jack Nathan, si nye amesi nɔ ŋgɔ xɔm na gbeƒãɖeɖedɔa le Canada ɣemaɣi, de dzi ƒo nam be mawu nye se ŋuti hehexɔxɔa nu gbɔ. Mewɔe nenema eye medo le May 1943 me, eye medze mɔɖeɖedɔa gɔme emegbe. Le August me la, wokpem be mava subɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Toronto bene makpe asi ɖe eŋu míakpɔ nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ʋɔnu la gbɔ. Le dzinu si kplɔe ɖo me la, woxɔm ɖe sedɔwɔlawo dome le Ontario, Canada.
Nyanyuia Ta Ʋiʋli le Se Nu
Xexemeʋa II nɔ edzi yim, eye wokpɔtɔ xe mɔ ɖe Ðasefowo nu le Canada. Wonɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo dem game le esi wonye Yehowa Ðasefowo dzro ko ta. Wonɔ ɖeviwo nyam le suku, eye wokplɔ ɖewo gɔ̃ hã yi dzilamanɔsiviwo ƒe aƒewo mee. Wowɔ esiawo le esi ɖeviawo gbe be yewomakpɔ gome le dukɔ subɔsubɔ nuwɔnawo abe gbedodo na aflaga, kple duhawo dzidzi ene me o ta. Nufialagã William Kaplan, amesi ŋlɔ agbalẽ si ƒe tanyae nye State and Salvation: The Jehovah’s Witnesses and Their Fight for Civil Rights gblɔ be “dziɖuɖu si melɔ̃a nu o kple dukɔmevi wɔanyrã siwo dulɔlɔ̃ kple aʋawɔwɔ do aɖaʋae wɔa nu ale gbegbe be wodoa vlo Yehowa Ðasefowo, dukɔa tsɔa nya ɖe wo ŋu, eye dukɔmeviawo dzea wo dzi faa.”
Ðasefoawo nɔ agbagba dzem be yewoana woaɖe mɔxeɖenua ɖa do kpoe. Le vo me la, wova ɖee ɖa le October 14, 1943 dzi. Ke hã Ðasefowo kpɔtɔ nɔ gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔwo me, womenɔ wo viwo xɔm ɖe dukɔa ƒe sukuwo me o, eye wokpɔtɔ xe mɔ ɖe Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa, kpakple Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Habɔbɔ, si nye habɔbɔ si me míaƒe kesinɔnu siwo le Toronto nɔ le se nu, la hã nu kokoko.
Le ƒe 1943 ƒe nuwuwu lɔƒo la, mía kple Percy Chapman, si nye Canada alɔdzedɔwɔƒea subɔla míezɔ mɔ yi New York, be míava kpe kple Nathan Knorr, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi, kpakple Hayden Covington, si nye Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ kple se ŋuti ɖaŋuɖola. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe nɔ Nɔviŋutsu Covington si le senyawo gome. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva ɖu dzi le nyagbugbɔgadrɔ̃ 45 dometɔ 36 me le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.
Wona gbɔdzɔe Yehowa Ðasefo siwo le Canada la vivivi. Le ƒe 1944 me la, wogbugbɔ alɔdzedɔwɔƒe si le Toronto la na mí, eye amesiwo nɔ subɔsubɔm le afima hafi wova ɖo asi dɔa dzi la te ŋu gbugbɔ va. Le ƒe 1945 me la, Ontario nutoa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ kekeake tso nya me be woagazi ɖeviwo dzi be woawɔ kɔnu siwo ŋu woƒe dzitsinya tsi tre ɖo o. Eɖe gbe be woagbugbɔ ɖevi siwo wonya le suku la axɔ. Mlɔeba le ƒe 1946 me la, Canada dziɖuɖua ɖe Ðasefowo katã le fuwɔamegaxɔwo me. Le Nɔviŋutsu Covington ƒe mɔfiafia te la, mesrɔ̃ alesi matsɔ dzinɔameƒo kple kakaɖedzi aʋli nya siawoe, gake ƒo wo katã ta la, le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me.
Quebec ƒe Nyaʋiʋliawo
Togbɔ be wodea bubu Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔblɔɖewo ŋu le Canada ƒe akpa geɖe hã la, menɔ nenema le teƒe ɖeka aɖe ya o—eyae nye Katoliko nuto si nye Quebec, si me wodoa Fransegbe le. Roma Katoliko Sɔlemehaa ɖu nuto sia dzi tẽ wu ƒe 300. Sukuwo, kɔdziwo, kple hadomedɔwɔƒewo nɔ nunɔlawo sime, alo wokpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Fiazikpui gɔ̃ hã nɔ Quebec ƒe sewɔtakpekpe me tɔwo ƒe zimenɔla ƒe zikpui gbɔ na Katolikotɔwo ƒe papatenɔla!
Maurice Duplessis, si nye Quebec ƒe dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ kple nutoa ƒe senyalagã, nye akpasesẽdziɖula si ŋu ŋutinyaŋlɔla Gérard Pelletier ŋlɔ nu tsoe be ezi nutoa me tɔwo dzi “le ƒe blave dziɖuɖu si me yɔ fũ kple alakpadada, numadzɔmadzɔwɔwɔ kple nufitifitiwɔwɔ, ɖoɖo koŋ awɔ ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu, kple ame makpɔnuteƒewo nu beble, ale be bometsitsi ƒe abɔ de dzi ale gbegbe la me.” Nusi dzi Duplessis to tsɔ li ke eƒe dunyaheŋusẽe nye be ewɔ nu aduadu kple Katoliko Papatenɔla Villeneuve.
Le ƒe 1940 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Ðasefo 300 nɔ Quebec. Wo dometɔ geɖe nye mɔɖela siwo tso Canada ƒe akpa bubuwo, eye tsenye Joe hã nɔ wo me. Esi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nɔ dzidziɖedzi kpɔm le Quebec la, subɔsubɔhakplɔlawo zii ɖe kpovitɔwo dzi woléa Ðasefowo hewɔa fu wo edziedzi, eye wowɔa asitsatsa sewo ŋudɔ hetsɔa nya ɖe míaƒe subɔsubɔdɔwɔnawo ŋu madzemadzee.
Mezɔ mɔ le Toronto kple Quebec dome edziedzi ale gbegbe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖem meʋu yi Quebec be mava kpe asi ɖe senyala siwo menye Ðasefowo o, siwo nɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ta ʋlim la ŋu. Dɔ gbãtɔ si mewɔna gbesiagbee nye be maku nu me akpɔ be ame nenie wolé le ŋkeke si va yi dzi hã, eye meɖea abla yia ʋɔnudrɔ̃ƒe va wɔa ɖoɖo be woada megbe na wo aɖe asi le wo ŋu. Dzidzɔtɔe la, Ðasefo aɖe si si alɔme le, si ŋkɔe nye Frank Roncarelli, xea megbedanamefe tsɔ ɖea woe zi geɖe.
Tso ƒe 1944 vaseɖe 1946 la, nya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu be míeda le nutoa ƒe sewo dzi la dzi ɖe dzi tso 40 va ɖo 800! Menye ɖeko dziɖuɖumegãwo nɔ Ðasefoawo lém henɔ fu wɔm wo edziedzi ko o, ke nuvlowɔha siwo te Katoliko-hakplɔlawo ƒlɔa dzo ɖo hã dzea wo dzi.
Le November 2 kple 3, 1946, dzi la, wowɔ kpekpe tɔxɛ aɖe le Montreal be woatsɔ akpɔ kuxi sia gbɔe. Nɔviŋutsu Knorr ye ƒo nuƒo mamlɛtɔ si ƒe tanyae nye “Nukae Míawɔ?” Dzi dzɔ vavalawo katã esi wose eƒe ŋuɖoɖoa—exlẽ agbalẽ si wɔ akpa vevi aɖe le míaƒe ŋutinya me si ƒe tanyae nye Quebec’s Burning Hate for God and Christ and Freedom Is the Shame of All Canada (Quebec ƒe Fuléle Mawu Kple Kristo Kpakple Ablɔɖe Nye Canada Katã ƒe Ŋukpe). Enye trakt aɖe si me nyawo ɖe kpe—eyɔ ŋkɔwo, ɣletiŋkekewo, kple teƒe siwo subɔsubɔhakplɔlawo de dzo amewo me wowɔ nuvlowo, kpovitɔwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ, kple nuvlowɔhawo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Quebec tsɔ klo nu le wo ŋui keŋkeŋ. Wodze emama le Canada katã le ŋkeke 12 pɛ ko megbe.
Le ŋkeke aɖewo ko megbe la, Duplessis ɖe gbeƒãe gaglã be yeho “aʋa si me nublanuikpɔkpɔ mele o” ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Gake eƒe nuwɔnawo va de mía dzi le eya ŋutɔ ƒe manyamanya me. Aleke? Eyae nye se si wòde be woatsɔ nya ɖe amesiame si ama Quebec’s Burning Hate ŋu be edze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu—enye sedzidada si me ŋkubiã le ale gbegbe be ana woaɖe míaƒe nyawo le Quebec ƒe ʋɔnuwo ayi Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Le nuwɔwɔ le dziku me alea ta la, Duplessis ŋe aɖaba ƒu emetsonu sia dzi ŋumaɖɔɖotɔe. Emegbe eya ŋutɔ de se wote fli ɖe Frank Roncarelli, si nye amesi koŋ xea megbedanamefe tsɔ ɖea mía nɔviwo le kpovitɔwo si me la, ƒe mɔɖeɖenamegbalẽ si wòtsɔ nɔ aha dzramee la me. Esi wein meganɔ anyi o ta la, wotu Nɔviŋutsu Roncarelli ƒe nuɖuɖudzraƒe nyui si le Montreal dzinu aɖewo ko megbe eye wòɖu agba.
Amelélea dzi ɖe edzi. Nya 800 siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la dzi ɖe dzi va ɖo 1,600. Senyalawo kple ʋɔnudrɔ̃la geɖe to nyatoƒoe be nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu nɔ kplamatse dom na Quebec ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Míegblɔa egbɔkpɔmɔnu bɔbɔe aɖe na wo: Mina kpovitɔwo nalé nuvlowɔlawo, ke menye Kristotɔwo o. Ema akpɔ kuxia gbɔ!
Yudatɔ senyala kalẽtɔ eve, siwo nye A. L. Stein, tso Montreal, kple Sam S. Bard, tso Quebec City, kpe asi ɖe mía ŋu heƒo nu ɖe mía nu le ʋɔnu zi geɖe, vevietɔ hafi wova xɔm ɖe Quebec senyalawo dome le ƒe 1949 me. Pierre Elliott Trudeau, si va zu Canada ƒe dziɖuɖumegãwo ƒe tatɔ emegbe ŋlɔ le Yehowa Ðasefo siwo le Quebec ŋu be “míaƒe dukɔ bliboa ɖua fewu le wo ŋu, tia wo yome, heléa fu wo; gake wowɔ sewo ŋudɔ tsɔ wɔ avu kple Sɔlemehawo, dziɖuɖua, dukɔa, kpovitɔwo, kpakple amesiame.”
Nɔnɔme si le Quebec ʋɔnudrɔ̃ƒewo si la dze le woƒe nuwɔwɔ ɖe nɔvinyeŋutsu Joe ŋu me. Wotsɔ nya ɖe eŋu be enɔ amewo nu ɖiam. Nutoa me ʋɔnudrɔ̃la Jean Mercier ɖe gbe be woade Joe gaxɔ me ŋkeke 60. Azɔ esi megate ŋu ɖu eɖokui dzi kura o la, edo ɣli le enɔƒe be ne ɖe yeate ŋu ade Joe game tegbee la anye adze ye ŋu hafi!
Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be Mercier ɖe gbe na Quebec kpovitɔwo be woalé “amesiame si wonya be enye Ðasefo alo wosusui be anye Ðasefo.” Ðeko nuwɔna mawo va ɖo kpe edzi be nya siwo le míaƒe trakt si nye Quebec’s Burning Hate me nye nyateƒe. Tanya aɖewo siwo dze le Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ siwo mele Quebec o me la dometɔ aɖewoe nye esiawo: “Blukɔ Ɣeyiɣiwo Gbugbɔ Va Quebec” (The Toronto Star), “Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ Gagbɔ” (The Globe and Mail, Toronto), “Fasitɔwo ƒe Ŋutasẽnuwɔwɔ” (The Gazette, Glace Bay, Nova Scotia).
Aglãdzedze ƒe Nutsotso Ŋuti Nyawo Ʋiʋli
Le ƒe 1947 me la, mekpe ɖe Aƒetɔ Stein ŋu míeʋli nya gbãtɔ le ʋɔnu ku ɖe aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu ƒe nya siwo wotsɔ ɖe Aimé Boucher ŋu la ŋuti. Aimé nɔ traktwo mam le teƒe si te ɖe eƒe aƒe ŋu. Le Aimé ƒe nyadɔdrɔ̃a me la, míeɖo kpe edzi be alakpanya aɖeke mele Quebec’s Burning Hate trakt la me o, ke boŋ ɖeko wòzã nyagbe siwo nu sẽ tsɔ fa konyi le ŋutasẽnu siwo wɔm wonɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la ŋuti. Míeɖee fia be wometsɔ nya aɖeke ɖe amesiwo wɔ ŋutasẽnu siawo ŋu o. Wobu fɔ Aimé le ŋutasẽnuawo gbɔgblɔ ɖeɖeko ta. Amesiwo tsɔ nya ɖe mía ŋu ƒe nya koe nye si: Nyateƒetoto va zu agɔdzedze!
Quebec ʋɔnudrɔ̃ƒeawo nɔ te ɖe “aglãdzedze” ƒe numeɖeɖe gbadza aɖe si wona ƒe 350 va yi la dzi, si gblɔ be woate ŋu abu fɔ amesiame si ƒo nu tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu be ewɔ nuvɔ̃. Duplessis hã nɔ te ɖe numeɖeɖe ma dzi bene yeate ŋu ate amesiwo ƒoa nu tsi tre ɖe yeƒe dziɖuɖu ŋu la ɖe anyi. Gake le ƒe 1950 me la, Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe míaƒe nya dzi be le egbe ƒe demokrasi ɖoɖowo nu la, “aglãdzedze” bia be amea naƒlɔ dzo ɖe amewo te be woawɔ ʋunyaʋunya alo awɔ aglãdzenu ɖe dziɖuɖua ŋu hafi. Dzodede amewo me nenema ƒe nya aɖeke menɔ Quebec’s Burning Hate me o, eyata enye nuƒoƒo faa ƒe ablɔɖe si ŋu se ɖe mɔ ɖo. Esi wowɔ nyametsotso vevi sia ɖeka ko la, wote fli ɖe aglãdzedze ŋuti nya 123 siwo katã wotsɔ ɖe mía ŋu le ʋɔnu la me! Mekpɔ alesi Yehowa na míeɖu aʋa dzii la tẽ.
Agbalẽwo Me Toto Ŋuti Nyaʋiʋliwo
Se aɖe nɔ Quebec City si be ame aɖeke mekpɔ mɔ ama agbalẽ aɖeke, le esime mexɔ mɔɖegbalẽ tso kpovitɔwo ƒe amegã gbɔ hafi o. Esia fia be woakpɔ ŋusẽ ɖe nya sia nya si míata dzi, eye enye dada le subɔsubɔblɔɖe dzi. Wode Laurier Saumur, si nye subɔla mɔzɔla ɣemaɣi gaxɔ me dzinu etɔ̃ le se sia te, eye wotsɔ nya bubu geɖe ɖe eŋu le se sia ke te.
Le ƒe 1947 me la, míezã Nɔviŋutsu Saumur ƒe ŋkɔ eye míetsɔ nya ɖe Quebec City ŋu be wòaxe mɔ nɛ ne wòagatsɔ eƒe se ma akplɔ Yehowa Ðasefowoe o. Quebec ʋɔnuwo drɔ̃ nyaa wòdze mía dzi eye míebia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na mí le Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Le October 1953 me esime ʋɔnudrɔ̃la asieke siwo nɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒea katã se míaƒe nyawo ŋkeke adre vɔ la, wowɔ ɖe míaƒe biabiaa dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe edzi be Biblia me nyawo tata ama le dutoƒo nye Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe, eyata dukplɔsewo kpɔ wo ta be ame bubuwo nagato woƒe agbalẽwo me hafi woatae o.
Eyata nyametsotso si wowɔ le Boucher ƒe nyaa me ɖee fia be nusi gblɔm Yehowa Ðasefowo nɔ la sɔ le se nu; gake nyametsotso si wowɔ le Saumur ƒe nyaa me ɖe alesi kple ɣeyiɣi si woagblɔe fia kɔte. Dziɖuɖu si míekpɔ le Saumur ƒe nyaa me na wote fli ɖe nutsotso siwo wu 1,100 siwo wotsɔ ɖe mía ŋu le Quebec ƒe se ma te la me. Wogbugbɔ nutsotso siwo wu 500 hã ɖe megbe le Montreal le esi kpeɖodzi aɖeke koŋ menɔ wo ŋu o ta. Medidi o, nutsotso ɖesiaɖe vɔ—ʋɔnunya aɖeke meganɔ mía dzi le Quebec o!
Duplessis ƒe Amedzidzedze Mamlɛtɔ
Esi se aɖeke megakpɔtɔ Duplessis nazã atsɔ atsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu o ta la, le January 1954 ƒe gɔmedzedze la, ede se yeye aɖe segbalẽawo me, si nye Sedede 38 lia, si nyadzɔdzɔŋlɔlawo ɖɔ be enye ‘se si tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu.’ Sea gblɔ be ne ame aɖe susui be ame bubu aɖe ɖo be yeagblɔ nya aɖe si “meɖɔ ʋu o alo nye dzugbe” la, ate ŋu atso enu le ʋɔnu, esi mahiã be wòana kpeɖodzi aɖeke o. Esi wònye Duplessis ye nye nutoa ƒe senyalagã ta la, ate ŋu anɔ te ɖe se ma dzi axe mɔ na amesi ŋu wotsɔ nya ɖo la be wòagaƒo nu le dutoƒo o. Ne wonya ɖo asi ame ɖeka dzi ko la, ekema woaxe mɔ ɖe amea ƒe sɔlemetɔwo katã nu be woagaƒo nu le dutoƒo o. Gakpe ɖe eŋu la, woaxɔ sɔlemeha ma me tɔwo ƒe Bibliawo kple subɔsubɔgbalẽwo katã agblẽ wo dome, eye woatu woƒe tadeaguƒewo katã vaseɖe esime woawu nyaa nu le ʋɔnu, eye ate ŋu axɔ ƒe geɖe.
Se aɖe si ŋudɔ wowɔ le Spaintɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ me le Torquemada ƒe dziɖuɖu te mee woɖe Sedede 38 lia tsoe. Amesi ŋu wotsɔ nya ɖo la abu eƒe dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesiwo katã, evɔ womana kpeɖodzi aɖeke be ewɔ nugbegblẽ o. Le Sedede 38 lia sia ta la, nyadzɔdzɔgbalẽwo ka nya ta be woɖe gbe na nutoa me kpovitɔwo be woatu Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo katã eye woaxɔ woƒe Bibliawo kple agbalẽ bubuwo akpa sesẽe agblẽ wo dome. Le ŋɔdzidoname vɔ̃ɖi sia ta la, Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe subɔsubɔgbalẽwo katã dzoe le nutoa me. Ke hã woyi woƒe dutoƒo gbeƒãɖeɖedɔa ya dzi, gake woawo ŋutɔ ƒe Bibliawo ko wozãna.
Sea dze dɔwɔwɔ gɔme le January 28, 1954 dzi. Le January 29, ƒe ŋdi 9:00 tututu la, meyi ʋɔnudrɔ̃ƒea be manɔ Yehowa Ðasefo siwo katã le Quebec teƒe atsɔ nya ɖe se yeye sia ŋu be woaxe mɔ ɖe enu kura, hafi Duplessis nate kpɔ be yeazãe gɔ̃ hã. Ʋɔnudrɔ̃la la meɖe mɔ be woaxe mɔ ɖe Se 38 lia nu o, elabena womezãe kpɔ haɖe o. Gake egblɔ be ne dziɖuɖua te kpɔ be yeazãe la, mate ŋu agbugbɔ va ye gbɔ be yeakpɔ mía ta. Ʋɔnudrɔ̃laa ƒe nya siawo sɔ ko kple asi ɖoɖo sea dzi gbɔ, elabena ne Duplessis te kpɔ be yeazãe teti gɔ̃ hã ko la, woatɔ tee!
Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, míeda ŋku ɖi nɔ ekpɔm ɖa be kpovitɔwo alé ame aɖe le se sia ta hã. Naneke medzɔ o! Be míanya nusitae la, mewɔ ɖoɖo be míawɔ dodokpɔ aɖe. Mɔɖela eve, siwo nye Victoria Dougaluk (si va zu Steele emegbe) kple Helen Dougaluk (si va zu Simcox emegbe), tsɔ agbalẽwo yi tso aƒeme yi aƒeme le Trois-Rivières, si nye Duplessis de. Naneke medzɔ le afima hã o. Esi nɔvinyɔnuawo nɔ dɔa dzi la, medɔ Laurier Saumur be wòaƒo ka na nutoa me kpovitɔwo. Meyɔ eƒe ŋkɔ o, eye wògblɔ be Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem eye kpovitɔwo mele Duplessis ƒe se yeyea ŋudɔ wɔm o.
Kpovitɔwo ƒe amegãa wɔ nu wòɖi alẽ hegblɔ be: “Ẽ, míenyae be wode sea; gake le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefowo na woxe mɔ na mí be míagawɔ sea ŋudɔ o, eyata naneke meli míate ŋu awɔ o.” Míegbugbɔ míaƒe agbalẽwo va nutoa me enumake, eye le ƒe ewo siwo me nyaa nɔ ʋɔnu la, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa yi edzi dzidzedzetɔe.
Hekpe ɖe míaƒe biabia be woaxe mɔ ɖe Sedede 38 lia ŋudɔwɔwɔ nu ŋuti la, míebia hã be woate fli ɖe eme kura be mewɔ ɖeka kple dukplɔsewo o. Be míatsɔ aɖo kpe edzi be Yehowa Ðasefowo ɖeɖe dzaa ta koe wode se sia ɖo la, míetso nya me be míaɖe afɔ aɖe si bia dzinɔameƒo—míeɖo amesamagbalẽ ɖe Duplessis, si zi edzi be eya ŋutɔ nava ʋɔnu ava na kpeɖodziwo. Mebia gbee gaƒoƒo eve kple afa. Edziedzi la, mebiaa gbee ku ɖe eƒe dutoƒo gbeƒãɖeɖe be yeaho “aʋa si me nublanuikpɔkpɔ mele o ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu,” kple nya si wògblɔ be Sedede 38 lia ahe Yehowa Ðasefowo ƒe nuwuwu vɛ le Quebec ŋuti. Edo dziku, hedzum be: “Ènye ɖekakpui mabuame ŋutɔ!”
Meɖo eŋu be: “Aƒetɔ Duplessis, nenye amenyenye ŋue míele nu ƒom tsoe la anye ne makpɔ nya aɖewo agblɔ le ŋutiwò. Gake esi wònye nya ŋutɔ gblɔm míele ta la, taflatse ɖe nusita mèɖo biabia mamlɛtɔ ŋu o la me na ʋɔnua.”
Le ƒe 1964 me la, mehe nya ku ɖe Sedede 38 lia ŋu le Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Gake wometso nya me le eƒe ɖekawɔwɔ kple dukplɔsewo ŋu o, elabena womewɔ sea ŋudɔ kpɔ o. Gake Duplessis ku ɣemaɣi, eye ame aɖeke megatsi dzi ɖe Sedede 38 lia ŋu o. Womezãe ɖe Yehowa Ðasefowo alo ame bubu aɖeke ŋu kpɔ o.
Hafi Duplessis naku le ƒe 1959 me la, Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ do fe nɛ be wòaxe na Nɔviŋutsu Roncarelli ɖe ahadzadzra ƒe mɔɖegbalẽ si me wòte fli ɖo le esi se meda megbe nɛ hafi o ta. Tso ɣemaɣi la, Quebectɔ geɖe va wɔa nu ɖe mía ŋu xɔlɔ̃tɔe. Le dziɖuɖua ƒe amexexlẽ ƒe akɔntabubu nu la, Ðasefo siwo le afima ƒe xexlẽme dzi ɖe dzi tso 300 le ƒe 1943 me va ɖo 33,000 egbea. Fifia wobu akɔnta be Yehowa Ðasefowoe nye subɔsubɔha gãtɔ kekeake enelia le nutoa me. Nyemebua ʋɔnu dzi ɖuɖu siawo alo dzidzedze si kpɔm Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔa le be enye amegbetɔ aɖeke ƒe nuwɔna o. Ke boŋ eɖo kpe edzi nam be Yehowa tɔe nye aʋadziɖuɖua, elabena etɔe nye aʋa la, ke menye mía tɔ o.—Kronika II, 20:15.
Nɔnɔmewo ƒe Tɔtrɔ
Le ƒe 1954 me la, meɖe mɔɖela dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Margaret Biegel, tso England, eye míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ɖekae. Meyi edzi ʋli nya ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Canada kple United States eye meɖo aɖaŋu le nya aɖewo ŋuti le Europa kple Australia. Margaret va zu nye agbalẽŋlɔla eye wònye kpeɖeŋutɔ vevi aɖe nam ƒe geɖe. Le ƒe 1984 me la, mía kple Margaret míegbugbɔ va nɔ Canada-lɔdzedɔwɔƒea, eye mekpe asi ɖe eŋu wogbugbɔ ɖo Senyawo Gbɔ Kpɔƒe le afima. Nublanuitɔe la, kansa wu Margaret le ƒe 1987 me.
Le danye ƒe ku le ƒe 1969 me megbe la, nɔvinyeŋutsu Joe kple srɔ̃a Elsie, siwo wona hehee be woanye dutanyanyuigblɔlawo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass asiekelia kplɔ fofonye yi wo ɖokui gbɔe eye wokpɔ edzi vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 16 megbe. Le esi wotsɔ wo ɖokui sa vɔe alea ta la, wokpe ɖe ŋunye mekpɔtɔ nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, eye mada akpe na wo ɖaa ɖe esia ta.
Aʋa Bubuwo
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, tɔtrɔ va ʋɔnunya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la me. Nyaawo dometɔ geɖe ku ɖe anyigba ƒeƒle hena Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu ŋu. Bubuwo nye nyaʋiʋli siwo ku ɖe srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo ƒe viwo ʋiʋli ŋu, esiwo me dzila siwo menye Ðasefo o zãa subɔsubɔ zazɛ̃nyahehe be ye ɖeka yeaxɔ ɖevia, alo be woaxe mɔ ɖe dzila si nye Ðasefo nu be wòagafia subɔsubɔdzixɔse kple nuwɔna siwo ŋu viɖe le la woawo ŋutɔ ƒe viwo o.
Amerikatɔ senyala aɖe si ŋkɔe nye Linda Manning, va Canada-lɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1989 me bene wòana kpekpeɖeŋu le senyawo me hena ɣeyiɣi aɖe. Le ƒe ma ƒe November me la, míeɖe mía nɔewo eye míele subɔsubɔm dzidzɔtɔe le afisia tso ɣemaɣi.
Le ƒe 1990 me la, mía kple John Burns, si nye hati senyala si le Canada-lɔdzedɔwɔƒea afisia míeyi Japan eye míekpe asi ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo le afima ŋu woɖu dzi le nya aɖe si lɔ dukplɔse ɖe eme la me, si ku ɖe ablɔɖe si le sukuvi aɖe si be wòagakpɔ gome le avuwɔɖaŋu si eƒe suku bia be woafia wo la me o ŋuti. Míeɖu dzi le nya aɖe si ku ɖe gome si le ame tsitsi si be wòagbe ʋudodo hã me.
Azɔ le ƒe 1995 kple 1996 me la, mɔnukpɔkpɔ su mía kple Linda si míezã dzinu atɔ le Singapore le mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le dukɔ ma me kple nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu ta. Meʋli nya ɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi 64, siwo ŋu wotsɔ nya ɖo be woda le dukɔa ƒe sewo dzi le esi wode Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye Biblia kple subɔsubɔgbalẽwo le wo si ta la nu. Míeɖu dzi le nya mawo dometɔ aɖeke me o, gake míekpɔ alesi Yehowa do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒewo be wotsɔ nuteƒewɔwɔ kple dzidzɔ do dzii.
Dzi Dzɔam be Mewɔ Akpa Aɖe
Fifia si mexɔ ƒe 80 la, dzi dzɔam be mele lãmesẽ me eye mete ŋu yia edzi ʋlia ʋɔnunyawo ɖe Yehowa ƒe amewo nu. Mekpɔtɔ le klalo ɣesiaɣi be mayi ʋɔnu ava ʋli nya dzɔdzɔe ta. Edzɔ dzi nam be mekpɔ Ðasefo siwo le Canada wodzi ɖe dzi tso 4,000 le ƒe 1940 me va ɖo 111,000 fifia. Amewo kple nudzɔdzɔwo nu va yina, gake Yehowa naa eƒe amewo nɔa zɔ ɖem yi ŋgɔ ɣesiaɣi, ale be nuwo dzea edzi na wo le gbɔgbɔ me.
Kuxiwo lia? Ẽ, gake Yehowa ƒe Nya na kakaɖedzi mí be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o!” (Yesaya 54:17) Le ƒe siwo wu 56 si mezã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me tsɔ ‘ʋli nyanyuia ta wòli ke’ me la, mate ŋu aɖi ɖase le Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe nyateƒenyenye ŋu!—Filipitɔwo 1:7.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Mía kple tsenye kpakple mía dzilawo
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Hayden Covington, si nye senyawo ŋuti ɖaŋuɖola
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Mía kple Nathan Knorr
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Duplessis dze klo ɖe Papatenɔla Villeneuve ŋkume
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photo by W. R. Edwards
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]
Frank Roncarelli
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Courtesy Canada Wide
[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]
Aimé Boucher
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Mía kple hati senyala John Burns kpakple srɔ̃nye Linda