INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 2/8 axa 3
  • Ne Lãmesẽkuxiwo Va Wu Tsɔtsɔ na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Lãmesẽkuxiwo Va Wu Tsɔtsɔ na Wò
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔmavɔleameŋu—Ƒomea ƒe Agbae
    Nyɔ!—2000
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2001
  • Ne Seselelãmewo Wu Tsɔtsɔ na Wò
    Nyɔ!—2001
  • Alesi Ƒomewo Wɔna Nɔa Te Ðe Dɔmavɔleameŋu Nu
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 2/8 axa 3

Ne Lãmesẽkuxiwo Va Wu Tsɔtsɔ na Wò

“Metɔtɔ eye ŋɔdzi lém ale gbegbe.”—John, esi wòse be dɔléle gblẽnuleameŋu aɖe dze ye dzi.

“Vɔvɔ̃ lém.”—Beth, esi wòde dzesi alesi gbegbe eƒe lãmesẽkuxiwo nye ŋkubiãnyae.

NYANYA be yexɔ dɔmavɔleameŋu aɖe si ana yeazu nuwɔametɔ alo be abi xɔxɔ vevie le afɔku aɖe me agblẽ nu le ye ŋu tegbee nye agbemenuteƒekpɔkpɔ siwo gbãa dzi na ame wu dometɔ aɖewo. Eɖanye ɖɔktae tsɔ gbe blewu ka eta na wò le eƒe ɔfis loo alo kɔdzi ƒe dɔwɔƒe si wokpɔa nɔnɔme kpatawo gbɔ le ye nèkpɔe gaglãa le be nu gblẽ le ye ŋu o, anɔ eme godoo be anye nusi aka ɖe wò yaa ale gbegbe. Mebɔ be agbemenudzɔdzɔ aɖe nadzra wò ɖo do ŋgɔ be nànɔ te ɖe seselelãme sẽŋu siwo gbãa dzi na ame ne lãmesẽkuxi gã aɖe va dze dziwò nu o.

Be woaƒo nyatakaka siwo ate ŋu akpe ɖe amesiwo ƒe lãmesẽ ɖo afɔku me nyitsɔ laa ŋu nu ƒu la, Nyɔ! bia gbe ame gbogbo aɖewo ɖekaɖekae, amesiwo te ŋu nɔ te ɖe dɔmavɔleameŋu gblẽnuleameŋu ƒe fuɖeɖe na wo ƒe geɖe nu dzidzedzetɔe le dukɔ vovovowo me. Wobia tso wo si be woagblɔ woƒe susu le biabia siawo ŋu, abe: Seselelãme kawoe ɖe fu na wò? Nukae kpe ɖe ŋuwò be nète ŋu nɔ te ɖe kuxia nu eye nègava da sɔ le susu kple seselelãme gome? Afɔ kawoe nèɖe be nègbugbɔ te ŋu le agbe nɔm alesi dze vaseɖe afi aɖe? Woŋlɔ fukpelaawo ŋutɔ ƒe numenya siwo nu woƒo ƒui tso gbebiame siawo me hekpe ɖe nusiwo ŋu numekula siwo le nu me kum le nusiwo dɔléle siwo nɔa anyi didi gblẽna le ame ŋu ke ɖo, be woakpe ɖe amesiwo lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na fifi laa ŋu.a

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Esi akpaa dzi nyati sia kple esiwo tsiã ɖe enu me nyawo yi na dɔnɔwo kple nuwɔametɔwo koŋ la, nyatakaka siwo nɔ (Nyɔ!, June 8, 2000) ƒe nyati siwo tsiã ɖe enu, si ƒe tanyae nye “Dɔmavɔleameŋu—Alesi Ƒomea Awɔ Akpe Akɔ Kplii” me ya yi na amesiwo le dɔnɔawo dzi kpɔm koŋ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe