Ðe Nugblẽfexeɖoɖo Hiã na Wòa?
LE DUKƆ aɖewo me la, wozia nugblẽfexeɖoɖo ƒomevi aɖewo wɔwɔ ɖe ame dzi. Le dukɔ bubuwo me la, womenya nu tso ɖoɖo sia ƒomevi akpa gãtɔ ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, nugblẽfe ƒe adzɔxexe kple nusiwo me woatsɔe na kpekpeɖeŋu ame le toa vovo le dukɔ geɖe me. Ke hã gɔmeɖose vevitɔ si dzi nugblẽfexeɖoɖo nɔ te ɖo—si nye ame bubuwo ƒe alɔdoame le afɔkudzɔɣi—ya metrɔ o.
Le dzɔdzɔme nu la, zi alesi nuwo sɔ gbɔ ɖe ame sii la, zi nenemae nu ate ŋu abu na amee hã. Nenema ke zi alesi ƒomegbanɔamedziwo sɔ gbɔ ɖe ame dzii la, zi nenema ke nu geɖe me gblẽnae ne amea ku alo zu nuwɔametɔ. Nugblẽfexeɖoɖo wɔwɔ ate ŋu ana ame naɖe dzi ɖi vie le alesi wòate ŋu adzɔe be nunɔamesi nabu na ame alo afɔku nana woazu nuwɔametɔ gomee.
Ke ɖe nunya le eme be woanɔ nugblẽfe ƒe adzɔ xem togbɔ be ɖewohĩ afɔku aɖeke madzɔ ɖe ame dzi woaɖo eteƒe nɛ o hã? Enyo, ɖe wònye ga gbegblẽ be woaƒle lɔrifɔti ɖeka ada ɖe ʋu me, ne meva hiã be woazãe gbeɖe o gɔ̃ hã? Ðewohĩ ʋukulaa ƒe sese le eɖokui me be yele dedie ana be viɖe nanɔ ga si wòzã ɖe ʋufɔtia ta la ŋu. Togbɔ be ga si woatsɔ ɖo nubuname teƒe na ame mate ŋu akpɔ nubuname aɖewo gbɔ wòade edeƒe o hã la, ate ŋu aɖɔ nubuname bubuwo ya ɖo.
Nubuname kawo ƒomevi mee wotsɔa nugblẽfexeɖoɖowo naa kpekpeɖeŋu ame le?
Nugblẽfexeɖoɖo Ƒomeviwo
Nugblẽfexeɖoɖo akpa gãtɔ siwo ame ɖekaɖekawo wɔna ƒe hatsotso siwo li ku ɖe nunɔamesiwo, fewo, lãmesẽ, nuwɔametɔzuzu, kple ƒometɔwo dzi kpɔkpɔ le ku megbe ƒe nugblẽfexexe ŋu.
Nunɔamesi ŋuti nugblẽfexeɖoɖo: Nugblẽfexeɖoɖo wɔwɔ ɖe nunɔamesibuname ŋu—aƒe, dɔwɔɖui, lɔri, alo nunɔamesi bubuwo—nye afɔku gbɔkpɔɖoɖo siwo bɔ wu dometɔ ɖeka. Nugblẽfexeɖoɖo siae John, si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me, gbe wɔwɔ na eƒe atikpadɔwɔƒe kple dɔwɔnuwo.
Aƒe ŋuti nugblẽfexeɖoɖo aɖewo kuna ɖe nusiwo le aƒea me dometɔ aɖewo ŋu. Ne esiae nèwɔ la, nunya anɔ eme be nàŋlɔ aƒea me nunɔamesi siwo nède ɖoɖoa me ɖi, eye ne anya wɔ la, nàɖe foto nunɔamesiawo alo alé wo ɖe videokasɛt dzi hã. Ele be nàtsɔ nuŋlɔɖi sia hekpe ɖe woƒe nɔnɔmefiagbalẽ ɖesiaɖe alo wo ƒeƒle ƒe ɖaseɖigbalẽwo ŋu adzra ɖo ɖe teƒe dedie si mele aƒea me o. Nuŋlɔɖi sia ƒe amesinɔnɔ awɔe be wo teƒe ɖoɖo na ame ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe wu.
Fewo ŋuti nugblẽfexeɖoɖo: Afɔku ate ŋu ada agba ɖe amesiame si kua ʋu, amesi si aƒe alo anyigbawo le, amesi si dɔwɔƒe le, alo amesi xɔa amewo wowɔa dɔ nɛ la dzi. Eye afɔku ma ate ŋu agblẽ ame bubu ƒe nunɔamesiwo dome alo awɔ nuvevii alo awui. Agba ate ŋu ava nɔ ʋukulaa alo nutɔa loo alo dɔtɔa dzi be wòaxe nunɔamesi gbugbɔdzraɖofewo alo kɔdzifewo, alo vevesese kple fukpekpe hehe va ame dzi fewo gɔ̃ hã. Le dukɔ geɖe me la, se bia tso dɔtɔwo kple ʋukulawo si be woawɔ fewo ŋuti nugblẽfexeɖoɖo be nugblẽfe siawo xexe nanɔ bɔbɔe. Le dukɔ siwo me se mebia be woawɔ nugblẽfexeɖoɖo o gɔ̃ hã me la, se alo amewo ate ŋu abia tso ʋukula, nutɔ, alo dɔtɔ si be wòatsɔ kpekpeɖeŋu nana amesiwo afɔku aɖe na nuvevi wɔ alo woƒe ƒomewo ƒe agba.
Lãmesẽtakpɔkpɔ ƒe nugblẽfexeɖoɖo: Nugblẽfexeɖoɖo ƒomevi aɖewo siwo dziɖuɖu da megbe na le dukɔ geɖe me, siwo xea dzudzɔxɔledɔmega na ame tsitsiwo eye wokpɔa atikewɔwɔ me fexexewo gbɔ na amewo. Gake le dukɔ siwo me wòle alea le me gɔ̃ hã la, ɖewohĩ kɔdzifewo ƒe akpa aɖe alo ame aɖewo tɔ ko gbɔe nugblẽfexeɖoɖo mawo ƒomevi kpɔna. Eyata ame ɖekaɖeka aɖewo wɔa nugblẽfexeɖoɖo bubuwo be wòakpe ɖe wo ŋu woaxe fe si asusɔ. Le teƒe geɖe la, wote ŋu wɔa lãmesẽtakpɔkpɔ ƒe nugblẽfexeɖoɖo na dɔwɔlawo le dɔ si ƒomevi woxɔ wo be woawɔ ko ta.
Lãmesẽnyawo gbɔkpɔɖoɖo aɖewo, siwo me belélename ƒe ɖoɖowo kple lãmesẽtakpɔhawo hã le, kpɔa atike vovovowo wɔwɔ na ame gbɔ hexɔa ga home aɖe koŋ ɣleti alo ƒe ɖesiaɖe. Habɔbɔ siawo dzea agbagba be yewoaɖe gazazã dzi akpɔtɔ to atike siwo mexɔ asi o kple mɔxexe ɖe dɔléle nu tikewo wɔwɔ na ame me. Gake le lãmesẽtakpɔhawo ƒe ɖoɖoa me la, menya wɔna be dɔnɔ ŋutɔ natia ɖɔkta alo atikewɔmɔnu siwo dze eŋu abe le lãmesẽtakpɔkpɔ ƒe nugblẽfexeɖoɖo nyanyɛwo me ene o.
Nuwɔametɔzuzu ƒe nugblẽfexeɖoɖo kple nugblẽfe si woxena na ƒometɔwo le ku megbe: Nuwɔametɔzuzu ƒe nugblẽfexeɖoɖo naa wonɔa ga aɖe xem na ame ne nuvevi wɔ ame eye magate ŋu awɔ dɔ o. Nugblẽfe si woxena na ƒometɔwo le ku megbe wɔnɛ be wonaa gakpekpeɖeŋu amesiwo dzi kpɔm amea le hafi ku. Nugblẽfexeɖoɖo sia na ƒome geɖe te ŋu xe fe siwo nɔ wo ŋu heyi woƒe gbesiagbedɔwɔnawo dzi le amesi tsɔa ga vaa aƒemee na wo ƒe nuwɔametɔzuzu alo ku megbe.
Nugblẽfexeha Siwo Dzi Woate Ŋu Aka Ðo Kpɔkpɔ
Nugblẽfexeɖoɖoa nɔ te ɖe gɔmeɖose si nye ga xexe fifia hena takpɔkpɔ le ganyawo me le etsɔme dzi, eyata mewɔ nuku be adzodala geɖe wɔa nugblẽfexeɖoɖoa ŋudɔ o. Esia nye nyateƒe le dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo siaa me. Eyata nunya le eme be ame nakpɔ nyuie le yaɖinugblẽfexeɖoɖo siwo ƒe adzɔgawo melolo o ŋu eye woanɔ ŋudzɔ ɖe nugblẽfexeɖoɖo bubu ɖesiaɖe si ŋu ɖikeke le ŋu. Ame gbogbo aɖewo siwo si mɔkpɔkpɔ nɔ wotsɔ wɔ ɖoɖo siawo la meva kpɔ viɖe aɖeke o esi nugblẽfexeha siawo tɔgbe va gbe wɔwɔ ɖe woƒe ɖoɖowo dzi—alo wova bu vĩ o!
Eyata abe alesi wònɔna le nu vevi bubu ɖesiaɖe ƒeƒle gomee ene la, nunya le eme be míatsɔ nuwo ƒe asiwo asɔ kple wo nɔewo, eye zi geɖe eɖea ga zazã dzi kpɔtɔna. Le kpɔɖeŋu me, nugblẽfexeha aɖewo ɖea lãmesẽtakpɔkpɔ ŋuti nugblẽfe ƒe adzɔwo dzi na amesiwo menoa atama o eye woɖea lɔri ŋuti nugblẽfe ƒe adzɔwo dzi na amesiwo xɔ hehe le ʋukukusrɔ̃ƒewo. Gake aleke ame aɖe si di be yeawɔ nugblẽfexeɖoɖoa awɔ akpɔ esi ŋu kakaɖedzi le?
Afɔɖeɖe gbãtɔ ate ŋu anye be woaku nu me tso nugblẽfexeha vovovowo kple woƒe dɔwɔlawo ŋu akpɔe ɖa be nuka mee ame bubuwo to va yi. Ðewohĩ xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo nya nu tso nugblẽfexeha aɖe ƒe dɔnyuiwɔwɔ alo nugblẽfexedɔwɔla aɖe ƒe nuteƒewɔwɔ kple ɖetsɔtsɔ le eme na ame ŋu. Anyo hã be ame nanɔ ŋudzɔ ase nyadzɔdzɔ siwo fia be kuxiwo va le nugblẽfexeha aɖewo ŋu la ŋuti.
Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu alé ŋku ɖe nugblẽfexeha aɖe ŋuti nuŋlɔɖi kple alesi eƒe ganyawo le fifiae ŋu le nugblẽfexehawo ƒe nɔnɔmefiagbalẽwo me le agbalẽdzraɖoƒe alo agbalẽdzraƒe loo alo le Internet dzi. Esia ana woate ŋu akpɔ ŋuɖoɖowo na nyabiabia siwo ƒe ɖewoe nye: Ðe nugblẽfexehaa le dedie le ganyawo gomea? Ðe wòkpɔ dzidzedze le dɔa wɔwɔ me ƒe geɖea? Ðe wonyae be ekpɔa fexexewo gbɔ kaba le tomefafa mea?
Gake mele be woanɔ te ɖe nugblẽfexehawo ƒe nɔnɔmefiagbalẽwo dzi abu adzɔhaa aɖe be kpɔtsotso mava nɔ eŋu o. Eva hiã be dziɖuɖu naxɔ nugblẽfexeha aɖe si woɖo ɣeyiɣi didi aɖe eye wòwɔa ga dɔlar biliɔn geɖe la akpɔ edzi esi mɔfiamegbalẽ nyanyɛ aɖe gblɔ be eƒo ɖesiaɖe ta kwasiɖa ɖeka ko megbe!
Nugblẽfexedɔwɔlawo ƒe Wɔƒe
Zi geɖe la, nugblẽfexedɔwɔla nyea ame aɖe si wɔa dɔ na nugblẽfexeha aɖe. Nugblẽfexehadinamela alo amesi wɔa dɔ le eɖokui si, hã te ŋu tena ɖe dɔwɔha vovovowo ŋu dia nugblẽfexeha nyuitɔ kekeake na ame woxea fe nɛ. Ehiã be ƒomedodo nyui nanɔ wo ame evea siaa kple asisiwo dome be woƒe dɔ nali ke. Ne nugblẽfexedɔwɔla nye amesi dzi woate ŋu aka ɖo eye wòtsɔa ɖe le eme na ame la, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe na eƒe asisiwo.
Gbã la, nugblẽfexedɔwɔla alo dɔwɔhadinamela ate ŋu akpe ɖe asisi aɖe ŋu be wòatia nugblẽfexexe ŋuti ɖoɖo gbogbo siwo dze abe seɖoƒe meli na o ene la dometɔ siwo sɔ nɛ. Azɔ hã aɖe nusiwo ɖoɖoa lɔ ɖe eme la me na eƒe asisi la nyuie. Abe alesi ame geɖe nyae ene la, nusiwo ku ɖe nugblẽfexeɖoɖowo ŋu gɔmesese sesẽ. Nugblẽfexeha aɖe ƒe zimenɔla lɔ̃ ɖe edzi be yemese nanewo gɔme le ɖoɖo si ye ŋutɔ yewɔ na amesiwo si aƒe le la me o!
Nugblẽfexedɔwɔla ƒe numeɖeɖe ate ŋu akpe ɖe asisia ŋu be wòaƒo asa na nu madeamedzi siwo ŋu wòava ke ɖo. Le kpɔɖeŋu me, womexea nugblẽfe ɖe nanewo ta le nunɔamesi kple lãmesẽtakpɔkpɔ ŋuti nugblẽfexeɖoɖowo me o. Esia nyea ga home aɖe si wòle be amesi wɔ nugblẽfexeɖoɖoa naxe—abe ʋudzadzraɖofe alo kɔdzifewo ene—hafi nugblẽfexehaa va xea eƒe akpa aɖe. Nugblẽfexedɔwɔlaa ate ŋu anye eƒe asisi taʋlila le nugblẽfexehaa gbɔ hã ne asisia ƒe nugblẽfe aɖe xɔxɔ va sesẽ nɛ.
Nugblẽfexeɖoɖo Kple Kristotɔwo
Ðe nugblẽfexeɖoɖo hiã na Kristotɔ si kana ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu dzi eye wòle mɔ kpɔm na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwua? Le keke ƒe 1910 me ke la, ame aɖewo bia nya sia Charles Taze Russell, amesi nye magazine si woyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ, si nye Nyɔ! magazine ƒe kpeɖeŋutɔ ŋlɔla. Russell lɔ̃ ɖe edzi be Biblia gblɔ egbegbe ƒe ganyagbɔkpɔɖoɖo ƒe nuwuwu ɖi, eye wògblɔ kpee be ye ŋutɔ yemewɔ amedzikpɔkpɔ le ku megbe ƒe ɖoɖo aɖeke o.
Russell gblɔ be: “Gake amesiame kple eƒe nɔnɔme. Amedzikpɔkpɔ ƒe agba aɖewo le vifofo si si srɔ̃nyɔnu kple ɖeviwo le dzi—ne ɖeviawo metsi akpɔ wo ɖokui dzi o.” (Timoteo I, 5:8) Russell gblɔ be, ele be ŋutsu nadzra ga aɖe ɖo vovoe hena eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ. “Gake nenye be ŋutete manɔ eŋu wòawɔ esia o la, ate ŋu atsɔ wo dzi kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzi to ƒometɔwo dzi kpɔkpɔ le ku megbe ƒe ɖoɖoa dzi.”
Ele na amesi dzi ƒomedzikpɔkpɔ ƒe agba le hã be wòawɔ ɖoɖo ɖe lãmesẽ, nuwɔametɔzuzu, kple nugblẽfexeɖoɖo bubu ƒomeviwo ŋu na eƒe ƒometɔwo. Ðokuisinɔla geɖe wɔ nugblẽfexeɖoɖo be wòakpe ɖe wo ŋu woaxɔ kpekpeɖeŋu siwo ahiã kple be woatsɔ akpɔ wo ɖokui ta tso fenyinyi me ne eva dzɔ be afɔku alo dɔléle dze ame dzi.
Nyateƒetoto wɔa akpa vevi aɖe le nugblẽfexeɖoɖo me. Nyateƒe Kristotɔ maflu nugblẽfexeha aɖeke gbeɖe o, eɖanye le nugblẽfexeɖoɖo wɔwɔ ƒe agbalẽ kpekpeɖo alo le nugblẽfega xɔxɔ me o. (Hebritɔwo 13:18) Ele be wòanɔ susu me na amea be nugblẽfexeɖoɖoa ƒe taɖodzinue nye be woatsɔe akpɔ nubuname gbɔ. Menye tsatsadagbalẽvi—si dzi woate ŋu ato azu kesinɔtɔ—wònye o.—Korintotɔwo I, 6:10.
Kristotɔwo wɔna ɖe se siwo katã kuna ɖe nugblẽfexeɖoɖo wɔwɔ me nudidiwo ŋu la dzi. Afisi se bia le be woawɔ nugblẽfexeɖoɖo hafi aɖo dɔwɔƒe alo aku ʋu la, wowɔna ɖe edzi. (Romatɔwo 13:5-7) Anukwareɖiɖi kple nunya vavãtɔ hã bia be woaxe nugblẽfe ƒe adzɔwo ɣesiaɣi. Ne womexe adzɔawo o la, nugblẽfexehaa ate ŋu ate fli ɖe ɖoɖoa me eye maxe nugblẽfewo o. Nunya anɔ eme be woava to adzɔxexewo me edziedzi le dɔwɔƒea ŋutɔ eye woadzra fexexeɖaseɖigbalẽwo, abe esiwo ku ɖe gaxɔgbalẽvi siwo me wote fli ɖo ŋu ene, la ɖo.
Ne nugblẽfexeɖoɖo le mia gbɔ alo meli o la, nu vevi aɖewo li siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nubuname ale be mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo miavo tso vevesese si nugblẽfexeɖoɖo aɖeke mate ŋu aɖe ɖa o me. Míadzro nusiawo dometɔ aɖewo me azɔ.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Nugblẽfexedɔwɔla si dzi woate ŋu aka ɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nyametsotsowo wɔwɔ le nugblẽfexeɖoɖo ŋu me
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ame geɖe wɔ nugblẽfexeɖoɖo, se ɖabia alo meɖabia o