INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 8/8 axa 3
  • Fuléle Le Nu Gblẽm Le Xexeame Katã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fuléle Le Nu Gblẽm Le Xexeame Katã
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fuléle Bɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Mɔ Ðeka Kolia si Dzi Woato Aɖe Fuléle Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nusiwo Gbɔ Fuléle Tsona
    Nyɔ!—2001
  • Nu Ka Tae Fuléle Va Bɔ Ale Gbegbe?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 8/8 axa 3

Fuléle Le Nu Gblẽm Le Xexeame Katã

LÃ DZIŊƆ aɖe tso ka—lã dziŋɔ siae nye fuléle. Eɖo ta xexeame ƒe afisiafi.

Gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa si dzɔ nyitsɔ laa me tsonuwo kpɔtɔ le nu gblẽm le Balkan-nutoa ƒe akpa aɖe ŋu kokoko. Fuléle si le amewo dome ƒe alafa geɖe kplɔ wo de ameha gbogbowo wuwu, amewo gbɔdɔdɔ akpa sesẽe, amewo nyanya de gbe, dzotɔtɔ aƒewo kple kɔƒewo kple wo me nuwo haha, agblemenuwo dome gbegblẽ kple lãhawo tsɔtsrɔ̃, kpakple dɔwuame ƒe nugbegblẽ me. Tomebɔmb gbogbowo kpɔtɔ le tome.

Le East Timor si le Anyieheɣedzeƒe Asia la, vɔvɔ̃ ɖo ame 700,000 wosi le amewuwu, ƒoƒo, tudada atraɖii, kple amewo nyanya de gbe nu. Wosi hegblẽ anyigba si aʋawɔha nudomegblẽlawo gblẽ la ɖi. Amesiwo ŋu nu gblẽ le dometɔ ɖeka fa konyi be: “Ðeko meva zu abe lã si wokplɔ ɖo be woalé ene.”

Le Moscow la, ŋɔdzinuwɔlawo da bɔmb gã aɖe wògbã aƒe aɖe. Bɔmb la wó kaka ame maɖifɔ 94—siwo dometɔ aɖewo nye ɖeviwo—ƒe kukuwo hlẽ. Ame 150 kple edzivɔ xɔ abi. Esi ŋɔdzinu sia dzɔ vɔ la, amewo bia be, ‘Amekawo dzie wòagava dzɔ ɖo?’

Le Los Angeles, California la, ame aɖe si lé fu ŋutigbalẽ bubu tɔwo dzidze tu ɖe Yudatɔ abɔdzokpovi aɖewo dzi heda wo eye emegbe wòda tu Philippines-posudɔwɔla aɖe wòku.

Míate ŋu agblɔe wòasɔ be fuléle le nu gblẽm le xexeame katã. Gbesiagbe kloe la, nyadzɔdzɔwo me nyatakakawo ɖea nusi dzɔna ne ŋutigbalẽ vovovo tɔwo, gbevovovodolawo, alo subɔsubɔhawo dome fuléle tsaka kple sedzimawɔmawɔ la fiaa mí. Míekpɔnɛ be dukɔwo kple amewo kpakple ƒomewo dome mana. Míekpɔnɛ be dukɔ blibowo nyrɔa wo ɖokui ɖe wo nɔewo wuwu me. Míekpɔnɛ be amewo wɔa amemalɔ̃malɔ̃ nuwɔna dziŋɔwo le esi ame aɖewo “to vovo” dzaa ta ko.

Hafi míate ŋu alé lã dziŋɔ si ŋkɔe nye fuléle ade kpo me la, ke ele be míanya nusiwo gbɔ fuléle gblẽnu sia tsona. Ðe wode fuléle amegbetɔ ƒe domenyiŋusẽmenugbagbeviwo mea? Nɔnɔme si wosrɔ̃na ye wònyea? Ðe wòanya wɔ be woatsi fulélenuwɔnawo nua?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Kemal Jufri/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe