INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 12/8 axa 3
  • Yameʋuɖoɖo—Ðe Wògale Dediea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yameʋuɖoɖo—Ðe Wògale Dediea?
  • Nyɔ!—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðetsɔtsɔ Le Dedienɔnɔnyawo Me
    Nyɔ!—2002
  • Yameʋuɖoɖo Si Me Dedienɔnɔ Le Didi
    Nyɔ!—2002
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2002
Nyɔ!—2002
g02 12/8 axa 3

Yameʋuɖoɖo—Ðe Wògale Dediea?

WOTSO adzo yameʋu gã ene. Yameʋu ene ge. Wogbã xɔ vevi aɖewo. Wonɔ alesi yameʋu si nye 767 lɔ Xɔ Kɔkɔ Eveawo ɖem fia edziedzi le television dzi.

September 11, 2001 ƒe ŋutasẽnuwɔwɔa na vɔvɔ̃ ɖo mí ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ŋu le ɣeyiɣi siawo me. Yameʋuwo va zu mɔ si nu wole amewo tsrɔ̃m le, eye ete ŋu wóna hebina kabakaba.

Esia na vɔvɔ̃ va ɖo yameʋuɖola aɖewo ɖe yameʋuɖoɖo ŋu: Amesiwo ƒe dzi dzea eme tsã ne woɖo yameʋu la va le vɔvɔ̃m fifia be ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu adze yewo dzi. Gawu la yameʋu siwo ge kplɔ September 11 tɔwo ɖo siwo metso ŋɔdzinuwɔlawo gbɔ o siwo me amewo ku le ŋutɔ la, na ame geɖewo ƒe vɔvɔ̃ na yameʋuɖoɖo gadzi ɖe edzi.

Nyateƒee, yameʋuɖoɖo nye kesinɔtɔwo ƒe nuwɔna si manya wɔ na ame miliɔn geɖewo le xexeame godoo o. Ke hã la, le ame bubuwo gome la, yameʋuɖoɖo nye nane si hiã na wo ɣesiaɣi. Le amesiwo wɔa dɔ siwo bia mɔzɔzɔ geɖe ŋutɔ gome la, womate ŋu aƒo asa na yameʋuɖoɖo o. Ele na Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo kple subɔlawo be woaɖo yameʋuwo azɔ mɔ legbee zi geɖe anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm le woƒe dɔdasiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Le ame dahewo gome gɔ̃ hã la, yameʋuɖoɖoe nye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔ ɖeka kolia ne ehiã be woakpɔ woƒe lãmegbegblẽnyawo gbɔ kpata. Eye yameʋu me nɔnɔ nye yameʋukulawo kple yameʋumedɔwɔla akpe nanewo ƒe dɔwɔɖui.

Ðewohĩ ele na yameʋuɖola siawo dometɔ geɖe siwo ŋutɔ le vɔvɔ̃m xoxo la be woafa dzi na wo srɔ̃ siwo tsi dzimaɖi kple wo vi siwo le vɔvɔ̃m la hafi adzo le aƒeme. Eye esi mɔzɔzɔ siwo nye nuwɔna si bɔ tsã va le ŋɔ dzim la, mɔzɔlawo meganya ne yameʋuɖoɖo ganye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔ egbea o.

Be woadzro nya siawo me akpɔ la, Nyɔ! talawo bia gbe dedienɔnɔ ŋuti nunyalawo, yameʋudzeƒe dɔwɔlawo, yameʋuɖoɖo dzikpɔlawo, kple yameʋudzraɖolawo. Edze abe wo katã ƒe nu sɔ le go sia me ene be: Togbɔ be yameʋuɖoɖo kpɔtɔ nye mɔzɔzɔmɔnu nyuitɔwo dometɔ ɖeka hã la, nusiwo le ŋɔdzi dom fifia bia be woadi mɔnu yeye aɖewo atsɔ akpɔ mɔzɔlawo ƒe dedienɔnɔ gbɔ.

Nyati siwo kplɔe ɖo adzro kuxi siwo wòlɔ ɖe eme kple nusiwo wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ be nànɔ dedie eye wò dzi nadze eme le wò yameʋuɖoɖo me la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe