INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/10 axa 26-29
  • Funɔ Siwo Le Lãmesẽ Me Dzia Vi Siwo Le Lãmesẽ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Funɔ Siwo Le Lãmesẽ Me Dzia Vi Siwo Le Lãmesẽ Me
  • Nyɔ!—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Ta Kuxiwo Doa Mo Ða le Vidziɣi
  • Funɔwo Kple Woƒe Vi Nɔdɔmewo Gbɔ Kpɔkpɔ Nyuie
  • Nu Siwo Ðɔktawo Ate Ŋu Awɔ
  • Nu Siwo Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Funɔa Ŋu Le Kuléɣi Kple Vidziɣi La Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ
  • Na Wò Fufɔfɔ Nanɔ Dedie Wu
    Nyɔ!—2003
  • Dzra Ðo Fifia Ðe Lãmesẽnya Siwo Ate Ŋu Ado Mo Ða Kpata Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina
    Nyɔ!—2004
  • Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—2010
g 1/10 axa 26-29

Funɔ Siwo Le Lãmesẽ Me Dzia Vi Siwo Le Lãmesẽ Me

VIDADA si le lãmesẽ me, eye dzi le edzɔm lae nye ema kɔ vidzĩ si wòdzi yeyee la ɖe asi kple beléle tɔxɛ. Enye dzidzɔ gã aɖe na vifofoa hã. Esi wodzia ɖevi miliɔn geɖe ƒe sia ƒe wònyea dzidzɔ na dzilawo alea ta la, ele bɔbɔe be womabu vidzidzi nu tɔxɛ aɖeke o. Ne míagblɔe la, dzɔdzɔmenu wònye—ekema nu ka tae míatsi dzi ɖe eŋu?

Enye nyateƒe be zi geɖe la, amewo dzia vi kuxi manɔmee, gake menye ɣesiaɣie wònɔna nenema o. Eya ta srɔ̃tɔ siwo ɖɔa ŋu ɖo la ɖea afɔ aɖewo do ŋgɔ esime fu le nyɔnua ƒo, ale be woaƒo asa na kuxi sesẽ siwo doa mo ɖa le vidziɣi. Le kpɔɖeŋu me, wosrɔ̃a nu tso nu siwo ta kuxiwo doa mo ɖa le vidziɣi la ŋu, wodia ɖɔkta si akpɔ wo gbɔ nyuie le fufɔɣia, eye woɖea afɔ siwo adzra wo ɖo be kuxi sesẽwo nagado mo ɖa le kuléɣia kple vidziɣia o. Mina míadzro nya siawo me tsitotsito.

Nu Siwo Ta Kuxiwo Doa Mo Ða le Vidziɣi

Nu siwo gbɔ kuxiwo tsona na funɔwo kple vidzĩwo siaa le vidziɣi la dometɔ ɖekae nye bemalémalé na fua nyuie. Ðɔkta Cheung Kam-lau, si nye vidzĩwo ƒe lãmesẽnyawo gbɔ kpɔla le dɔyɔƒe si nye Prince of Wales Hospital, si le Hong Kong, la gblɔ be “bemalémalé na fu ate ŋu ahe kuxi sesẽwo avae.” Egblɔ hã be “nyɔnu siwo meléa be na woƒe fu o la dometɔ akpa gãtɔ nɔa mɔ kpɔm be yewoadzi vi siwo kpena nyuie hele lãmesẽ me, gake nuwo meva yia edzi nyuie ɣesiaɣi abe ale si wokpɔ mɔ nɛ ene o.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Journal of the American Medical Women’s Association) gblɔ tso kuxi siwo ate ŋu aɖe fu na funɔwo la ŋu be “nu siwo koŋ nana funɔwo kuna le vidziɣi” lae nye ale si ʋu ɖuɖuna le wo ŋu atraɖii, kuléle si tsi megbe, dɔlékuiwo xɔxɔ, kple ʋu ƒe sisi kabakaba akpa. Ke hã, abe ale si nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee ene la, ame geɖe nya nu tso ale si woakpɔ kuxi siawo gbɔe la ŋu nyuie, eye le go geɖe me la, “mehiãna be atikewɔla siwo li egbea nazã mɔ deŋgɔ aɖeke hafi akpɔ kuxi siawo gbɔ o.”

Beléle na fu ƒe mɔnu siwo bɔ la hã ŋu dɔ wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe vidzĩ geɖewo ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (UN Chronicle) ka nya ta be nenye be wowɔ atikewɔmɔnu siwo “bɔ, siwo le bɔbɔe, eye wo ŋu dɔ wɔwɔ mehiã mɔ deŋgɔ aɖeke zazã o la ŋu dɔ na funɔwo kple vidzĩwo katã” la, “ate ŋu awɔe be vidzĩ siwo kuna la dometɔ eve le etɔ̃ ɖe sia ɖe me natsi agbe.” Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe si nye Philippines News Agency ka nya ta be ewɔ nublanui ŋutɔ be funɔ geɖe menya naneke le ale si woalé be na fu alo atsi dzi ɖe eŋu la ŋuti o.

Funɔwo Kple Woƒe Vi Nɔdɔmewo Gbɔ Kpɔkpɔ Nyuie

Nyadzɔdzɔgbalẽ si míeyɔ fifi laa gblɔ be: “Funɔ siwo le lãmesẽ me la dzia vi siwo le lãmesẽ me.” Ede dzesii hã be ne womekpɔ funɔ aɖe gbɔ nyuie o, alo womekpɔ egbɔ kura le eƒe fufɔɣi, vidziɣi, alo le via dzidzi megbe o la, ekema womalé be boo alo alé be aɖeke kura na vidzĩa le atikewɔnyawo me o.—UN Chronicle.

Le dukɔ aɖewo me la, ate ŋu asesẽ be funɔ nakpɔ atikewɔmɔnu nyuitɔ siwo hiã. Ðewohĩ ahiã be wòazɔ mɔ didi hafi ate ŋu ade kɔdzi, alo ɖewohĩ ga mele esi wòaxe kɔdzifewo o. Ke hã, ehiã kokoko be funɔ nadze agbagba ana atikewɔla aɖe ya teti nakpɔ egbɔ do ŋgɔ na eƒe vidziɣia. Ele vevie ŋutɔ be nyɔnu siwo nɔa agbe ɖe Biblia Kɔkɔe la ƒe nufiafiawo nu, esi gblɔ be amegbetɔ ƒe agbe kple vi nɔdɔmewo tɔ siaa nye nu kɔkɔe la, nawɔ esia.—2 Mose 21:22, 23;a 5 Mose 22:8.

Ðe beléle na fu bia be woanɔ ɖɔkta gbɔ yim kwasiɖa sia kwasiɖa? Mefia nenema kokoko o. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ ku ɖe kuxi sesẽ siwo doa mo ɖa le fufɔɣi kple vidziɣi la ŋu be dzidzedze siwo “nyɔnu siwo yi ɖɔktawo gbɔ zi ene pɛ ko le woƒe fufɔɣia” kpɔna la “sɔ kple esiwo nyɔnu siwo kpɔ ɖɔktawo zi 12 sɔŋ, alo esi wu nenema la kpɔna.”

Nu Siwo Ðɔktawo Ate Ŋu Awɔ

Be woakpe ɖe funɔwo kple vi nɔdɔmewo ŋu woanɔ lãmesẽ me la, atikewɔlawo, vevietɔ esiwo kpɔa vidzinyawo gbɔ la, ɖea afɔ siwo gbɔna:

◼ Wodzroa nu me kple funɔa le ale si eƒe lãmesẽnyawo nɔ tsã ŋu, eye wokua nu me be yewoakpɔe ɖa be kuxi sesẽ kawoe ate ŋu ava ɖe fu na funɔa alo vi si le dɔ me nɛ la hã, eye wodia mɔ siwo dzi woato axe mɔ ɖe enu.

◼ Woate ŋu ado funɔa ƒe ʋu alo aɖuɖɔ kpɔ bene woanya be lãmesẽkuxi aɖewo le fu ɖem nɛ hã, abe ʋuvɔlelãmename, dɔlékui ƒe gege ɖe lã me na ame, funɔa kple vi si le eƒe dɔ me ƒe ʋu ƒe masɔmasɔ na wo nɔewo, kple dɔléle bubuwo. Dɔléle siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye suklidɔ, gbaɣi, nulɔdɔwo, kple ayiku ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, siwo ate ŋu ana be ʋua nanɔ sisim kabakaba le funɔa ƒe lã me.

◼ Ne asɔ na funɔa, eye wòlɔ̃ ɖe edzi la, woate ŋu afiae abi siwo wòado be wòakpɔ eta tso dzamezã, glãkpedɔ, funɔ kple vi nɔdɔme ƒe ʋu ƒe masɔmasɔ na wo nɔewo si me.

◼ Woate ŋu abia tso esi be wòazã vitaminwo hã, vevietɔ folic acid.

Ne ɖɔktawo kpɔ nu siwo ate ŋu anye afɔku na funɔa kple vi si le eƒe dɔ me la dze sii, eye woɖe afɔ siwo hiã—alo kpe ɖe funɔa ŋu eya ŋutɔ ɖe afɔ mawo la—woate ŋu aƒo asa na nu siwo ate ŋu agblẽ nu le funɔa kple vi si le eƒe dɔ me siaa ŋu la.

Nu Siwo Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Funɔa Ŋu Le Kuléɣi Kple Vidziɣi La Dzi Ðeɖe Kpɔtɔ

Joy Phumaphi, si nye Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔwɔha si woyɔna be Ƒomea Kple Nutoa Me Tɔwo Ƒe Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔha ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ tsãtɔ la, gblɔ be: “Ɣeyiɣi siwo afɔku gãtɔ ate ŋu adzɔ ɖe funɔ dzie nye eƒe kuléɣi kple vidziɣi.” Nu kawoe woate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe kuxi sesẽwo, esiwo ate ŋu ana ame ƒe agbe natsi eme gɔ̃ hã, nu le ɣeyiɣi vevi mawo me? Le nyateƒe me la, afɔ siwo wòhiã be woaɖe la le bɔbɔe, gake ehiã be woaɖe wo do ŋgɔ.b Esia le vevie, vevietɔ le nyɔnu siwo melɔ̃na be woado ʋu na yewo o le Biblia ƒe sededewo dzi wɔwɔ ta, alo esiwo melɔ̃na o le afɔku siwo gbegbe le ʋudodo me ta la gome.—Dɔwɔwɔwo 15:20, 28, 29.

Ele be funɔ siawo tɔgbi nawɔ nu sia nu si woate ŋui atsɔ akpɔ egbɔ be ɖɔkta alo vixela si le yewo gbɔ kpɔm la nya nu tso vidzidzi ŋu, eye wònya atike bubuwo siwo woazã na ame ɖe ʋu teƒe la nyuie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nunya anɔ eme be funɔa kple srɔ̃a nakpɔ egbɔ be kɔdzi alo vidziƒe si akpɔ yewo gbɔ la lɔ̃ be yewoawɔ dɔa ʋumadomadoe.c Nyabiase vevi evee nye esi nàte ŋu abia ɖɔktaa: 1. Nu kae nàwɔ ne ʋu geɖe do le vidadaa alo vidzĩa ŋu alo kuxi sesẽ bubu aɖewo do mo ɖa? 2. Ne mànɔ anyi le via dziɣi o la, ɖoɖo kawoe nàwɔ be woakpɔ vidadaa kple via gbɔ ʋumadomadoe?

Le nyateƒe me la, ele be nyɔnu ɖɔŋuɖo nana ɖɔkta si le egbɔ kpɔm la nadoe kpɔ be eƒe ʋu sɔ gbɔ de dzidzenu si wokpɔa mɔ be wòaɖo nu hã do ŋgɔ na eƒe kuléɣi. Be ɖɔktaa nakpe ɖe funɔa ŋu eƒe ʋu nasɔ gbɔ la, ate ŋu abia tso esi be wòanɔ folic acid kple vitamin B bubuwo kpakple atike siwo doa ŋusẽ ƒu la zãm.

Ðɔktaa agabu nu bubu aɖewo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòde dzesi lãmesẽkuxi aɖewo le funɔa ŋu le eƒe sasrãkpɔ siwo do ŋgɔ me, si ŋu wòle be wòawɔ nane tsoa? Ðe wòahiã be funɔa naƒo asa na tsitrenunɔnɔ fũu akpa? Ðe wòahiã be wòanɔ ɖiɖim ɖe eme geɖe wua? Ðe wòanyo be wòaɖe eƒe kpekpe dzi akpɔtɔ alo agakpe ɖe edzi vie, alo anɔ ka me dem geɖe wua? Eye ɖe wòahiã be wòalé be na eƒe ametia, ahanɔ nu me hã klɔm geɖe wua?

Numekukuwo ɖee fia be funɔ siwo aɖu ɖea fu na la tea ŋu xɔa dɔ vɔ̃ɖi aɖe si ƒe dzesi aɖewoe nye, ame ƒe ʋu ƒe sisi kabakaba akpa, taɖuame kutɔkutɔe kple tsi ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lãmekawo me.d Dɔléle sia ate ŋu ana woadzi vi si ƒe ŋkeke mede haɖe o, eye eya koŋ gbɔe fugege kple funɔwo ƒe ku, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me, tsona.

Le nyateƒe me la, ɖɔkta ɖɔŋuɖo alé ŋku ɖe funɔ si gbɔ kpɔm wòle la ŋu be exɔ dɔ aɖe hã. Eye ne funɔa te kuléle evɔ vidziɣi mekpɔ ɖo nɛ haɖe o la, ana woakpɔ egbɔ kaba, eye esia ate ŋu aɖe funɔa kple vi si le eƒe dɔ me la ƒe agbe.

Ðɔkta Quazi Monirul Islam, si nye Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔwɔha si kpɔa egbɔ be funɔwo nanɔ dedie wu la ƒe ŋgɔnɔla, gblɔ be: “Nyɔnuwo dea woƒe agbe afɔku me be ame bubuwo nava nɔ agbe.” Gake nyɔnuwo gbɔ kpɔkpɔ nyuie le woƒe fufɔɣi, vidziɣi, kple ɣeyiɣi kpui si kplɔ woƒe vidziɣi ɖo la ate ŋu ana woaƒo asa na kuxi sesẽwo kple ku gɔ̃ hã. Nu si le vevie wue nye be nàdze agbagba akpɔ egbɔ be yele lãmesẽ me. Esia le vevie, elabena ne èdi be viwòa nanɔ lãmesẽ me la, ehiã be wò funɔa ŋutɔ hã nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui anɔ lãmesẽ me.—g09-E 11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya siwo le Hebrigbe gbãtɔa me la ku ɖe vɔ̃ si awɔ funɔ alo vi nɔdɔme la ŋu.

b Kpɔ aɖaka si nye “Dzadzraɖo Siwo Woawɔ Le Fufɔɣi.”

c Srɔ̃tɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo adi be yewoate ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti si le wo gbɔ la ŋu hafi vidziɣia naɖo. Kɔmitia me tɔwo yia ɖɔktawo gbɔ le kɔwo dzi heɖea nu me na wo ku ɖe ale si woakpɔ Ðasefowo gbɔ ʋumadomadoe ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Kadododzikpɔkɔmitia me tɔwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ɖɔkta siwo dea bubu funɔ siwo nye Ðasefowo la ƒe dzixɔsewo ŋu, eye nuteƒekpɔkpɔ su wo si le dɔwɔwɔ na funɔwo ʋumadomadoe me.

d Togbɔ be ebia numekuku geɖe wu hafi woate ŋu aɖo kpe edzi be aɖuɖuame gbɔe dɔléle sia tso hã la, anyo be míalé be na míaƒe aɖuwo ɣesiaɣi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Le nyatakaka aɖe si woɖe ɖe go le October 2007 me nu la, nyɔnu ɖeka kuna le miniti ɖe sia ɖe kloe me—si fia be nyɔnu 536,000 kuna ƒe sia ƒe—le fufɔɣi me kuxiwo ta. —Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ha si kpɔa ame agbɔsɔsɔme si le xexea me la ƒe nyawo gbɔ

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

“Ƒe sia ƒe la, ɖevi 3,300,000 kuna hafi wodzina, eye ɖevi miliɔn 4 kuna le ŋkeke 28 siwo kplɔ wo dzidzi ɖo la me.”—UN Chronicle

[Aɖaka si le axa 29]

DZADZRAÐO SIWO WOAWƆ LE FUFƆƔI

1. Ku nu me do ŋgɔ ale be nànya kɔdzi si nàde kple ɖɔkta alo vixela si akpɔ gbɔwò.

2. Nɔ ɖɔktaa alo vixelaa gbɔ yim edziedzi ale be kaka ɖe ame nɔewo dzi kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo nava nɔ mía dome.

3. Lé ŋku ɖe wò lãmesẽ ŋu nyuie. Ne anya wɔ la, nɔ vitamin siwo sɔ la zãm, gake ƒo asa na atike siwo ɖɔktaa meŋlɔ na wò o la zazã (esiwo wodzrana le atikedzraƒewo gɔ̃ hã). Anyo be nàƒo asa na aha sesẽ nono. Amerika Dukɔa ƒe numekuƒe si kpɔa aha tsu nono kple ahamumu ŋuti nyawo gbɔ la gblɔ be: “Togbɔ be nu gblẽna le vi si le funɔ aha tsu nola ƒe dɔ me ŋu wu hã la, womekpɔ nya keŋkeŋ nenye be aha agbɔsɔsɔme aɖe li, si funɔ ate ŋu ano, evɔ magblẽ naneke le vi si le eƒe dɔ me ŋu o.”

4. Ne èle ku lém do ŋgɔ na vidziɣia (efia be ɣleti 9 lia mekpɔ ɖo haɖe o) la, yi wò ɖɔktaa gbɔ alo yi kɔ si dzi wokpɔa gbɔwò le la enumake. Ne wokpɔ gbɔwò kaba la, ate ŋu awɔe be woaxe mɔ ɖe vidzidzi do ŋgɔ na vidziɣia kple kuxi sesẽ bubu siwo ate ŋu ado tso esia me la nu.e

5. Ŋlɔ ale si nèdi be woakpɔ ye gbɔ la ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe kpɔe be Ameteƒenɔla Ƒe Ŋusẽ Si Nɔa Anyi Ðaa (DPA) gbalẽvia kpekpe ɖo do ŋgɔ ɖea vi. Kpɔ ɖa be ame gbɔ kpɔkpɔ le kɔdzi ƒe agbalẽvi ka dzie woda asi ɖo wozãna le miaƒe dukɔa me le se nu hã.

6. Ne èdzi via vɔ la, nɔ ŋudzɔ ɖe wò ŋutɔ kple vidzĩa siaa ƒe lãmesẽ ŋu, vevietɔ ne eƒe ŋkeke mede hafi nèdzii o. Ne ède dzesi kuxi aɖe la, na ɖɔkta siwo kpɔa ɖeviwo gbɔ la nanya enumake.

[Etenuŋɔŋlɔ]

e Ne ɖevi ƒe ŋkeke mede hafi wodzii o, eye ʋu mesɔ gbɔ ɖe lã me nɛ o, gake ʋumenugbagbevi dzĩwo mete ŋu le dzidzim ɖe edzi le eƒe lã me de agbɔsɔsɔ si hiã nu o la, woadi be woado ʋu nɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe