Na Didia Nu Nasẽ Ðe Mewò
“Nu si koŋ kpena ɖe atamanolawo ŋu wodzudzɔnae nye ale si wodi vevie be yewoadzudzɔ atamanono.”—Agbalẽ aɖe si nye “Stop Smoking Now!”
ESIA fia be, ne èdi be yeadzudzɔ atamanonoa, ele be gbã, didia nu nasẽ ɖe mewò be yeadzudzɔ. Nu kawoe ana didia nu nasẽ ɖe mewò? Ðekae nye be nàbu viɖe siwo gbegbe ado tso eme na wò ne èdzudzɔ la ŋu. Viɖeawoe nye kawo?
Wò ga atsi anyi na wò. Ame si noa sigarɛt go ɖeka gbe ɖeka la zãa dɔlar akpe geɖe ƒe sia ƒe ɖe enono ŋu. “Nyemenya gbeɖe be ga gbogbo aɖee megblẽna ɖe atamanono ŋu o.”—Gyanu, Nepal.
Àkpɔ dzidzɔ le agbe me wu. “Esi medzudzɔ atamanono ko hafi medze agbenɔnɔ gɔme ŋutɔŋutɔ, eye mele dzidzɔ kpɔm le agbe me gbe sia gbe.” (Regina, South Africa) Ne amewo dzudzɔ atamanonoa, woƒe aɖe va sea nu ƒe vivi alo veve nyuie wu, eye woƒe ŋɔti hã sea nuwo ƒe ʋeʋẽ nyuie wu. Azɔ hã, ŋusẽ nɔa wo ŋu wu, eye woƒe dzedzeme nyona wu.
Ànɔ lãmesẽ me wu. “Ŋutsuwo, nyɔnuwo, sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa nɔa lãmesẽ me nyuie wu ne wodzudzɔ atamanono.”—Amerika Ƒe Dɔwɔƒe Si Kpɔa Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Ŋu Nyawo Gbɔ.
Dzi aɖo ƒowò geɖe wu. “Nu si ta medzudzɔ atamanonoe nye be, nyemedi be atama naɖu aƒetɔ ɖe dzinye o. Medi be nye ŋutɔ makpɔ ŋusẽ ɖe nye ŋutilã dzi.”—Henning, Denmark.
Aɖe vi na wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo. “Atamanono . . . gblẽa nu le ame siwo dome nèle ƒe lãmesẽ ŋu. . . . Numekukuwo ɖee fia be ame siwo gbɔa dzudzɔa ne ame bubuwo le atama nom la dometɔ akpe geɖe kuna ƒe sia ƒe le dzitodzito me kansa kple dzidɔ ta.”—Amerika Ƒe Habɔbɔ Si Kpɔa Kansadɔ Ŋu Nyawo Gbɔ.
Wò nu adze Mawu ŋu. “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Korintotɔwo 7:1) “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa . . . si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.”—Romatɔwo 12:1.
“Esi menya va se egɔme be nu siwo ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã medzea Mawu ŋu o koa, meɖoe be madzudzɔ atamanono.”—Sylvia, Spain.
Gake zi geɖea, didi be yeadzudzɔ ɖeɖe mesu o. Ðewohĩ ahiã be ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame bubuwo nakpe ɖe mía ŋu. Aleke woate ŋu akpe ɖe mía ŋui?