Dzra Ðo Ðe Kuxiawo Ŋu
“Meɖoe be madzudzɔ atamanono le mía vi fẽa ƒe lãmesẽ ta. Eya ta meŋlɔ nu klã ɖe míaƒe xɔ ŋu be: ‘Mègano Atama Le Afi Sia O.’ Gake gaƒoƒo ɖeka pɛ megbea, atama dzrom vevie ale gbegbe be megakpe sigarɛt.”—Yoshimitsu, Japan.
NU SI dzɔ ɖe Yoshimitsu dzi ɖee fia be, kuxiwo vana ne ame le asi ɖem le atamanono ŋu. Azɔ hã, numekukuwo ɖee fia be, ame akpa gãtɔ (90 le alafa me) siwo dzudzɔ la gava te enono. Eya ta ne èle didim be yeadzudzɔa, ekema ne èdzra ɖo ɖe kuxi siwo le eme ŋua, ɖewohĩ àte ŋui. Kuxiawo dometɔ aɖewo ɖe?
Ale si enono aganɔ wò dzrom: Dzodzro sia nu sẽna ŋutɔ le ŋkeke gbãtɔ va se ɖe etɔ̃lia dzi, gake enu yina le kwasiɖa eve aɖewo megbe. Ame aɖe si noa atama tsã gblɔ be le ɣeyiɣi mawo mea, “dzodzroa vana dzona; metoa mɔ ɖeka o.” Le ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã, agate ŋu adzro wò. Ne edzɔ nenemaa, mègatsi dzi nàwɔ naneke o. Lala miniti atɔ̃ pɛ ko, eye dzodzroa nu ayi.
Kuxi bubu siwo asiɖeɖe le eŋu hena vanɛ: Le gɔmedzedzea mea, esesẽna na ame aɖewo be woanɔ ŋudzɔ alo woƒe susu nanɔ nu ŋu, eye ame aɖewo kpɔa lãme. Ame aɖewo hã ƒe lãme vea wo, alo ŋuti fiẽa wo, ɖewo tea fifia edziedzi, alo nɔa kpe kpem. Ame aɖewo hã ƒe nɔnɔme trɔna, ale be womegagbɔa dzi ɖi o, wodoa dziku kabakaba, alo léa blanui gɔ̃ hã. Gake le kwasiɖa ene va se ɖe ade megbea, nu siawo dometɔ akpa gãtɔ nu yina.
Le ɣeyiɣi sesẽ ma mea, àte ŋu awɔ nanewo, be wòakpe ɖe ŋuwò. Le kpɔɖeŋu me:
● Di ɣeyiɣi nadɔ alɔ̃ nyuie.
● No tsi alo atikutsetsemetsi sɔ gbɔ. Ðu nu siwo me nunyiame le.
● De kame, gake menye fũu o.
● Gbɔ ya sɔ gbɔ, eye nàkpɔe le susu me ɖaa be ya nyui le gegem ɖe yeƒe dzitodzitowo me.
Nu siwo ate ŋu aganyɔ dzodzroa ɖe mewò: Woate ŋu anye dɔwɔna alo seselelãme aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ tsãa, ènoa sigarɛt ne èle tii alo kɔfi nom. Ne nenemaea, ke ne ègale kɔfi noma, ahiã be nànoe kaba, ale be madzro wò be yeano sigarɛt akpe ɖe eŋu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, nɔnɔmea ava ɖɔ ɖo, ale be nàte ŋu aɖe dzi ɖi anoe faa.
Gake nyae be, ne atama me nu vevi si nye nikotin megale lãme na wò o hã, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi wò susu nadzo le atamanono ŋu. Torben, si ƒe nya míegblɔ va yi, lɔ̃ ɖe edzi be: “Togbɔ be ƒe 19 ye nye esia medzudzɔ atamanono hãa, egadzroam be manoe ne mele kɔfi nom.” Gake zi geɖea, ne ɣeyiɣiwo va le yiyima, atamanono magadzro wò kokoko abe tsã ene o.
Gake mele nenema le aha muame ya gome o. Ne èle agbagba dzem be yeadzudzɔ atamanonoa, ke ele be nàtsri aha sesẽ kple teƒe siwo wodzranɛ le, elabe aha sesẽ nonoe na ame akpa gãtɔ siwo dzudzɔ atamanonoa gava te enono ake. Nu ka ta?
● Aha muame vi aɖe gɔ̃ hã nana vivisese si le nikotin mea dzroa ame.
● Zi geɖea, amewo noa atama ne wole aha nom le hadomewɔnawo me.
● Aha muame wɔnɛ be ame mebua nuwo ŋu nyuie o, eye wòɖea ŋu ɖi. Nyateƒee Biblia to esi wògblɔ be: ‘Wain nana ame doa kpo nu nyui wɔwɔ.’—Hosea 4:11.
Hadede: Nɔ ŋudzɔ ɖe hadede ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ƒo asa na hadede kple ame siwo noa atama alo ame siwo adi be nànoe. Ƒo asa na ame siwo adi be yewoaɖe dzi le ƒowò, alo anɔ wò kom.
Seselelãmewo: Le numekuku aɖe mea, wokpɔe be ame siwo dzudzɔ atamanono la dometɔ eve le etɔ̃ me gate enono esime nu te ɖe wo dzi alo wodo dziku megbe teti. Ne seselelãme aɖe koŋ nana atamanono dzroa wòa, ke wɔ nane si aɖe wò susu ɖa le edzi. Àte ŋu ano tsi, aɖu chewing gum, alo nàzɔ vie. Dze agbagba nàbu nu nyuiwo ŋu; àte ŋu ado gbe ɖa na Mawu alo axlẽ Biblia.—Psalmo 19:14.
Nuŋububu Siwo Nàƒo Asa Na
● Mano ɖeka pɛ ko.
Nyateƒea: Atamanono zi ɖeka pɛ ko ate ŋu ana wò ahɔhɔ̃menu siwo nana nikotin dzroa wò la dometɔ afã naganyɔ, si ana wòanɔ dzrowòm gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ. Ðeko nàgava te atamanono ake.
● Atamanono kpena ɖe ŋunye ne nu te ɖe dzinye.
Nyateƒea: Numekukuwo ɖee fia be ɖe nikotin nana nu gatena ɖe ame dzi boŋ. Ale si wòwɔna na atamanola be yeƒe kuxiwo nu yi vie ye nana wòsusuna be ele kpekpem ɖe ye ŋu.
● Afi si meɖoa, nyemagate ŋu adzudzɔ o.
Nyateƒea: Nuŋububu nenema awɔe be màgadi be yeadze agbagba aɖeke o. Biblia gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒowò le xaxagbe la, ekema wò ŋusẽ dzi aɖe kpɔtɔ.” (Lododowo 24:10) Eya ta mèganɔ susum be yedo kpo nu o. Ne ame aɖe di vavã be yeadzudzɔ, eye wòwɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo, abe esiwo dze le magazine sia me ene dzia, ate ŋui.
● Kuxi siwo asiɖeɖe le eŋu hena vanɛ la manya tsɔ nam o.
Nyateƒea: Ele eme be asiɖeɖe le eŋu ate ŋu ahe kuxi sesẽ aɖewo vɛ, gake wo nu ava yi le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe. Eya ta ɖoe kplikpaa! Ne atamanono ƒe dzodzroa gava le ɣleti alo ƒe aɖewo megbe gɔ̃ hã, enu ava yi, ɖewohĩ le miniti ʋɛ aɖewo ko megbe—ne èdo dzi, eye mèkpe sigarɛt o.
● Susumedɔ le ŋunye.
Nyateƒea: Ne wole susumedɔ aɖe dam na wòa, ke gblɔe na wò ɖɔktaa be wòakpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ atamanono. Adi godoo be yeakpe ɖe ŋuwò, eye ɖewohĩ atrɔ asi le dɔdamɔnua alo atike siwo wòana wò la ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nàhaya.
● Ne megava te enonoa, ana mase le ɖokuinye me be medo kpo nu.
Nyateƒea: Ne èdzudzɔ atamanono hafi, gake = kuxi aɖe na nègava noe akea, mefia be èdo kpo nu o. Edzɔna ɖe ame siwo le agbagba dzem be yewoadzudzɔa dometɔ geɖe dzi. Gake mègatsɔ anyidzeƒe wɔ anyimlɔƒe o. Tso nàwɔ tɔwò sinua. Mlɔeba àva dzudzɔ keŋkeŋ!
Romualdo, si no atama ƒe 26 sɔŋ, gake wòte ŋu dzudzɔ ƒe 30 kple edzivɔe nye esia la gblɔ be: “Ne mebe medzudzɔ hãa, ɖeko megava tea enono. Nyemegaɖo ŋku zi gbɔ zi neni ema dzɔ dzi o, elabe esɔ gbɔ. Etena ɖe dzinye ɣesiaɣi, abe ke ɖe nyemagate ŋu adzudzɔ gbeɖe o ene. Gake esi menya ɖoe kplikpaa be nye kple Yehowa Mawu dome nanyo, eye medoa gbe ɖa nɛ enuenu be wòakpe ɖe ŋunye koa, meva dzudzɔ keŋkeŋ mlɔeba.”
Le nyati siawo ƒe mamlɛtɔ mea, míagadzro aɖaŋuɖoɖo nyui ʋɛ aɖewo me, siwo akpe ɖe ŋuwò be wò hã nàva tsɔ dzidzɔ agblɔ gbe ɖeka be yenoa atama tsã, gake yete ŋu va dzudzɔ.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata]
ÐE SIA ÐE ƑOMEVI ATE ŊU AWU AME
Wozãa atama le mɔ geɖe nu. Wodenɛ nuɖuɖu siwo wogblɔna be wonaa ame nɔa lãmesẽ mea me dzrana, eye wodenɛ gbetikewo hã me dzrana. Gake Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be “atama ɖe sia ɖe ƒomevi ate ŋu awu ame.” Woate ŋu axɔ dɔ aɖewo tso atamanono me, abe kansa kple gbagbadɔ kple eƒomevi bubu, siwo ate ŋu awu ame ene. Vidada si noa atama hã ate ŋu agblẽ nu le vi si le dɔ me nɛa ŋu. Mɔ vovovo kawo nue wozãa atama le zi geɖe?
Bidis: Wonye sigarɛt suesue siwo bɔ ɖe Asia dukɔwo me. Atamaɖi, nikotin, kple aɖiya wuame (carbon monoxide) bɔ ɖe wo me wu sigarɛt ŋutɔ.
Siga: Enye atamagbe siwo wobla ɖekae alo siwo ŋu wobla pepa si wotsɔ atama wɔe ɖo. Esi akaŋu aɖe ƒomevi le siga me, gake mele nenema le sigarɛt gome o taa, nikotin si le siga me la tea ŋu toa ame ƒe nu me ɖoa eƒe lãme ne mekpɔ kpee o gɔ̃ hã.
Sigarɛt siwo me peprɛ le: Zi geɖea, wotsɔa atama teƒe ade kple peprɛ teƒe ene ƒoa ƒu wɔnɛ. Atamaɖi, nikotin, kple aɖiya wuame bɔ ɖe wo me wu sigarɛt ŋutɔ.
Atamazi: Atamaziyɔyɔ kple atamanono wosɔ, elabe wo ame evea siaa ate ŋu ana kansa kple dɔléle ɖeka mawo ƒomevi.
Atama si me dzudzɔ mele o: Eƒe ɖewoe nye atamaɖuɖu, asrãdodo, kple esi woyɔna be gutkha, si wozãna le Anyieheɣedzeƒe Asia. Nikotin si le wo me la toa ame ƒe nu me gena ɖe eƒe ʋu me. Atama si me dzudzɔ mele o zazã gblẽa nu abe atama bubuawo ke ene.
Zi bubuwo (bong, hookah, narghile, shisha): Zi siawo nana atamaa toa tsi me hafi wogbɔnɛ ɖe ŋɔti me. Gake tsia meɖea aɖi si le wo mea ɖa o, eye wogena ɖe ame ƒe dzitodzito me; aɖi mawo dometɔ aɖewo nana kansa.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata]
NE ÈBE YEAKPE ÐE AME AÐE ŊU WÒADZUDZƆ
● Susu nyui nenɔ asiwò. Ne èkafu amea, akpe ɖe eŋu wu be nànɔ nya gbem nɛ. Mègablɔ be, “Ègado kpo nu ake!” o, ke boŋ gblɔ be: “Ne ègadze agbagba viea, àte ŋui.”
● Lɔ̃ faa nàtsɔ ake. Ne ame si ŋu nèle kpekpem ɖo la do dziku ɖe ŋuwòa, dze agbagba nàŋe aɖaba ƒu edzi. Gblɔ nya siawo tɔgbi nàtsɔ ade dzi ƒo nɛ: “Menya be mele bɔbɔe o, eya ta èdze na kafukafu ŋutɔ.” Mègagblɔ gbeɖe be: “Ne ɖe nèkpɔtɔ le atama nom kura, ne enyo wu!” o.
● Ðee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” (Lododowo 17:17) Eya ta nɔnɔme ka kee ame si ŋu nèle kpekpem ɖo la ɖe fia o, gbɔ dzi ɖi nɛ, eye nàɖee afiae be yelɔ̃e “ɣeawokatãɣi.”