Àte Ŋu Adzudzɔ!
FIFIA, ehiã be ‘nalé dzi ɖe ƒo ahawɔ dɔ’ si dze ŋgɔ wò. (1 Kronika 28:10) Afɔ mamlɛ kawoe wòle be nàɖe be nàdzudzɔ?
Ðo ŋkeke. Amerika Ƒe Amewo Kple Lãmesẽnyawo Ŋu Dɔdzikpɔƒe ɖo aɖaŋu be, ne ènya ɖoe be yeadzudzɔ sigarɛtnono koa, megawu kwasiɖa eve hafi nàdze wò agbe yeyea gɔme o. Esia awɔe be wò tameɖoɖo kplikpaa me magbɔdzɔ o. Ðo gbe si gbe tututu nàdze egɔme, gblɔe na xɔwòwo, eye ne nanewo va trɔ hã, mègatrɔ ŋkekea o.
Ŋlɔ ŋkuɖodzinya aɖewo ɖe pepa dzi. Àte ŋu aŋlɔ nu siwo gbɔna, kpakple nu bubu ɖe sia ɖe si ado ŋusẽ wò be nàdzudzɔ:
● Susu siwo ta nèdi be yeadzudzɔ
● Ame siwo nàyɔ ne atamanono gava le wò dzrom vevie, eye nèsusu be yeana ta, la ƒe telefon xexlẽdzesiwo
● Nu siwo ŋu nàbu, be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si nèɖo—ate ŋu anye mawunyakpukpuiwo, abe Galatiatɔwo 5:22, 23 ene
Pepaa nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi, eye nànɔ exlẽm edziedzi le ŋkekea me. Ne èva dzudzɔ keŋkeŋ hã, dzro wo me ne dzodzroa gava na wò be nàno atama.
Nɔ asi ɖem le nu siwo do ƒome kple atamanono ŋu vivivi. Dze esia wɔwɔ gɔme hafi gbe si gbe nèdi be yeadzudzɔa naɖo. Le kpɔɖeŋu me, ne tsãa, ne ènya fɔ le aba dzi ko èno atamaa, ke fifia, àte ŋu atiae be yealala gaƒoƒo ɖeka teti nava yi. Ne ènoa atama le nuɖuɣi alo emegbe tetia, trɔ asi le eŋu. Ƒo asa na afi si amewo noa atama le yiyi. Eye ne wò ɖeɖe nèlia, srɔ̃ ale si nàkɔ gbe dzi agblɔ be: “Ao, medzudzɔ atamanono.” Menye ɖeko nu siawo wɔwɔ adzra wò ɖo ɖe gbe si gbe nàdzudzɔ ŋu o; woana wòanɔ susu me na wò hã be, madidi o, ye hã yeava gblɔ be yenoa atama tsã.
Nɔ klalo. Ne ŋkeke si dzi nèɖoe be yeadzudzɔ le gogoma, di nu siwo nàtsɔ aɖɔ li atamaa da ɖi; woate ŋu anye karɔt, chewing gum, azi, kple bubuawo. Ðo ŋku ŋkeke si nèɖo la dzi na xɔwòwo kple ƒometɔwo, eye nàɖo ŋku nu si woawɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò la dzi na wo. Do ŋgɔ teti hafi gbe ma gbe naɖoa, ɖe nu siwo me nèkɔa dzofi ɖo, sigarɛt kpenuwo, kple nu bubu ɖe sia ɖe si ate ŋu anye tetekpɔ na wòa ɖa. Woate ŋu anye sigarɛt siwo le xɔ me, le ʋu me alo kotoku me, alo le wò dɔwɔƒe. Nya lae nye be, ne sigarɛt le asitsɔƒe na wòa, enono adzro wò wu be nàbia xɔwò be wòana ye alo nàvae ƒlee! Azɔ hã, nɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu, eye gbedodoɖaa nu nesẽ ɖe edzi tso gbe si gbe nèdzudzɔ.—Luka 11:13.
Ame geɖe siwo sigarɛt nye alakpaxɔlɔ̃ vɔ̃ɖi na tsã la na woa kpli wo dome va klã. Wò hã àte ŋui. Ne èwɔea, ànɔ lãmesẽ me wu, eye àse le ɖokuiwò me be yevo ale gbegbe!
[Nɔnɔmetata]
Pepaa nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi, eye nànɔ exlẽm edziedzi le ŋkekea me