Ale Si Míadze Nunya Le Nuƒoƒo Me
‘ÐE MENYAA, ne nyemegaxa gblɔ nya ma o!’ Ègblɔ nya sia kpɔa? Ɛ̃, mí katã míele agbagba dzem vevie be míaɖu míaƒe aɖe dzi. Biblia gblɔ be míate ŋu amla lã ɖe sia ɖe, “gake aɖe ya la, amegbetɔ aɖeke mate ŋu amlae o.” (Yakobo 3:7, 8) Ke ɖe esia fia be míana taa? Gbeɖe! De ŋugble le Biblia me gɔmeɖose aɖewo, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu ŋutinu sia, si le sue, evɔ ŋusẽ le eŋu ale gbegbe la, dzi geɖe wu la ŋu kpɔ.
● “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke ame si kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.” (Lododowo 10:19) Ne míeƒoa nukpoloe la, anɔ bɔbɔe wu be míagblɔ bometsinya aɖe, alo kura gɔ̃ hã, nya aɖe si agblẽ nu le amewo ŋu. Le nyateƒe me, aɖe si womemla o la ate ŋu anɔ abe dzo ene, le esi wòanɔ ameŋugblẽnyawo kakam alo anɔ ame gɔme zɔm ta. (Yakobo 3:5, 6) Gake ne ‘míekpɔa míaƒe nuyiwo dzi,’ alo bua nyawo ŋu hafi gblɔa wo la, ana míakpɔ ale si nya siwo míegblɔna la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii la adze sii. Ne míewɔa nu alea la, amewo ava de dzesi mí be míenye ame siwo ɖɔa ŋu ɖo, eye esia ana woade bubu mía ŋu ahaka ɖe mía dzi.
● “Ele be ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Edzɔa dzi na amewo ne míeɖo to nya si gblɔm wole la nyuie, elabena esia ɖenɛ fiana be menye ɖeko míetsɔa ɖe le nya si gblɔm wole me ko o, ke míedea bubu wo ŋu hã. Ke ne ame aɖe gblɔ nya aɖe wòve mí, alo na míedo dziku ya ɖe? Ele be ‘míanɔ blewu le dziku me,’ to ale si míaƒo asa na wɔɖenui wɔwɔ. Ame aɖe menya nu o, nanee anya do dziku nɛ tae, eye kura gɔ̃ hã, ava ɖe kuku ɖe ale si wòdo nu ɖe gbɔwòe ta. Ðe wòsesẽna na wò be nànɔ “blewu le dziku mea”? Ekema do gbe ɖa na Mawu be wòana nàɖu ɖokuiwò dzi. Megbea toɖoɖo gbedodoɖa mawo siwo tso dzi me la o.—Luka 11:13.
● “Aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.” (Lododowo 25:15) To vovo na ale si ame geɖewo bunɛ la, ŋusẽ le tufafa ŋu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne dziku alo nazãbubu wɔe be ame aɖe tsi tsitre ɖe mía ŋu vevie, eye eƒe tsitretsiɖeŋua nu sẽ kpaɖii abe ƒu ene gɔ̃ hã la, nyaŋuɖoɖo fafɛ ate ŋu ana míaɖu edzi. Le nyateƒe me la, menɔa bɔbɔe be míawɔ nu tufafatɔe o, vevietɔ ne dziku fla. Eya ta bu viɖe siwo dona tso nu siwo Biblia gblɔ la dzi wɔwɔ me ŋu, kpakple nu si wòagblẽ ne womewɔ ɖe wo dzi o la ŋu.
Biblia me gɔmeɖosewo nye “nunya si tso dziƒo” vavã. (Yakobo 3:17) Ne míewɔ nunya ŋu dɔ le nuƒoƒo me la, ana be bubu nanɔ míaƒe nyawo ŋu, woanya se, eye woatu ame ɖo. Esia ana be nya siwo míagblɔ la nasɔ ɖe ɣeyiɣia nu tututu, eye wòadze ame ŋu abe “sikatɔtɔŋuti . . . le klosalogba me” ene.—Lododowo 25:11.—g10-E 11.