INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/11 axa 20-21
  • Anyigbaʋuʋu Gãwo Gale Ŋgɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyigbaʋuʋu Gãwo Gale Ŋgɔ
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • May 9: Eƒe Dzidze Nye 7.2, Dziehe Sumatra, Indonesia
  • Bubuwo Gale Ŋgɔ
  • Nyagblɔɖi 1. Anyigbaʋuʋuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Anyigbaʋuʋu Ŋuti Numedzodzro
    Nyɔ!—2002
  • Tenɔnɔ Ðe Nusi Anyigbaʋuʋu Gblẽ Nu
    Nyɔ!—2002
  • Afɔku si Dzɔ Kpata le Japan—Alesi Amewo Nɔ Te Ðe Enui
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 1/11 axa 20-21

Anyigbaʋuʋu Gãwo Gale Ŋgɔ

TSO esime woto dɔwɔnu siwo wotsɔ dzidzea anyigbaʋuʋuwo vae la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dzidze anyigbaʋuʋu sesẽ alafa geɖewo hewɔ wo ŋuti nuŋlɔɖiwo. Ne anyigba ʋuʋu le teƒe siwo sa ɖe aga tso afi si amewo le la, womeƒoa nu tso wo ŋu boo le nyadzɔdzɔwo me o, alo be womeƒoa nu tso wo ŋu kura o. Ke hã, ne anyigba ʋuʋu sesĩe le dugã aɖe me la, egblẽa nu vevie ŋutɔ. Ne edzɔ alea la, ame siwo kuna kple nu siwo gbegbe dome gblẽna la nɔa te ɖe ale si gbegbe anyigbaʋuʋua nu sẽe kple ale si amewo dzra ɖo ɖe eŋu do ŋgɔe dzi.

Le ame siwo ku kple ame nunɔamesi siwo gbegbe dome gblẽ gome la, anyigbaʋuʋu si dzɔ le Haiti le January 12, 2010 dzi la nye esiwo gblẽ nu le ŋutinya me wu la dometɔ ɖeka. Gake menye eya koe nye anyigbaʋuʋu gã si dzɔ le ƒe ma me o, eye menye eyae nye gbãtɔ hã o. Nyatakaka siwo gbɔna la ku ɖe anyigbaʋuʋu siwo dzɔ le ƒe 2010 ƒe ɣleti ʋɛ gbãtɔwo me, siwo nu sẽ abe esi gblẽ nu le Haiti ƒe dugã la ŋu ene, kple esiwo sesẽ wu ema gɔ̃ hã.

January 3: Eƒe Dzidze Nye 7.1, Solomon Islands

Anyigbaʋuʋu gã sia si dzɔ le ƒu gɔme, si wogblɔ gbã be eƒe dzidze gbɔ 7.1 ŋu la, na atsiaƒua ɖɔ ale gbegbe be eƒe “kɔkɔme de afɔ 6 va se ɖe 10 (meta 2-3).” Loti Yates, si wɔa dɔ le dɔwɔƒe si kpɔa afɔku ƒe nyawo gbɔ la, gblɔ be ame siwo nɔ yameʋu me kpɔ eteƒe la kpɔe be “nu sia nu bu ɖe tsia me keŋkeŋ.” Yates gblɔ be le kɔƒe si nye Bainara, si le Rendova ƒukpoa dzi me la, aƒe 16 gbã gudugudu, eye nu gblẽ le bubu geɖewo ŋu vevie.

Edze egɔme kple anyigbaʋuʋu si ƒe dzidze nye 6.6. Anyigbaʋuʋu sia si nu mesẽ boo o la na ame geɖe vɔ̃, eya ta wosi yi togbɛwo dzi. Esia kpɔ wo ta, elabena le gaƒoƒo eve megbe la, anyigba ʋuʋu sesĩe wu le ƒu gɔme, si wɔe be tsi ɖɔ, eye wòɖe nuto siwo katã te ɖe ƒua ŋu.

February 26: Eƒe Dzidze Nye 7.0, Ryukyu Islands, Japan

Anyigbaʋuʋu sia dzɔ fɔŋli 5:31, eye eƒe agunu didi agbadroƒe 50 (kilometa 80) tso Naha, le Okinawa, si nye Japan ƒe ƒukpo siwo woyɔna be Ryukyu Islands la dometɔ ɖeka gbɔ. Gbã la, woɖe gbeƒãe be anyigbaʋuʋua ana atsiaƒua naɖe amewo, gake emegbe wova gblɔ be magava eme o. Nyɔnu aɖe si le Okinawa ƒe 90 kple edzivɔ la gblɔ be emae nye anyigbaʋuʋu sesẽtɔ kekeake si teƒe yekpɔ kpɔ.

February 27: Eƒe Dzidze Nye 8.8, Chile

Anyigbaʋuʋu siae nye sesẽtɔ atɔ̃lia tso ƒe 1900. Sesẽtɔ kekeake hã dzɔ le Chile le ƒe 1960 me—eƒe dzidze nye 9.4. Anyigbaʋuʋu ma, tsɔ kpe ɖe esi ƒe dzidze nye 7.7, si gblẽ nu vevie le Chile ƒe fiadua ŋu le ƒe 1985 me la, wɔe be wokpɔ egbɔ be ame sia ame tua xɔ wòsɔna ɖe ale si wòle be woatui be wòanɔ te ɖe anyigbaʋuʋuwo nu la nu.

Le esia ta, xɔ siwo le Santiago kple dugã bubuwo me la dometɔ ʋɛ aɖewo koe gbã le ƒe si va yi ƒe anyigbaʋuʋua me. Ke hã, nuvevi wɔ ame akpe geɖe, eye kesinɔnu kple nunɔamesi geɖe dome gblẽ. Wobu akɔnta be ame 500 ye ku, eye woƒe afã kloe ku le Chile ƒe ƒutanutowo me, le esi anyigbaʋuʋua na atsiaƒu ɖe nuto mawo ta.

April 4: Eƒe Dzidze Nye 7.2, Baja California, Mexico

Anyigbaʋuʋu sia ƒe agunu didi agbadroƒe 11 (kilometa 18) tso Guadalupe Victoria, le Mexico, eye wòdidi tso Mexicali agbadroƒe 29 (kilometa 47). Teƒe tsoaboe wòdzɔ le. Ke hã, ame siwo le du kple dugã siwo le Mexico kple Amerika ƒe anyiehe la se anyigbaʋuʋu sesẽ ma ŋkɔ.

May 9: Eƒe Dzidze Nye 7.2, Dziehe Sumatra, Indonesia

Ƒugɔmenyigbaʋuʋu sia dzɔ ŋdɔ ga wuieve le afi si didi agbadroƒe 135 (kilometa 217) tso dugã si nye Banda Aceh, si le Indonesia ƒe dziehe kekeake. Ame geɖe si le woƒe aƒewo me hegbe be yewomatrɔ ayi o, le vɔvɔ̃ ta. Womegblɔ be ame aɖe ku tsi eme ya o.—g10-E 12.

Bubuwo Gale Ŋgɔ

Esi wònye be tso keke gbe aɖe agbe kee anyigbaʋuʋuwo le dzɔdzɔm le míaƒe anyigba sia dzi ta la, esɔ be míakpɔ mɔ na bubu geɖewo le ƒe siwo gbɔna me. Amerika Ƒe Anyigbaŋutinumekuku Habɔbɔa gblɔ tẽe be: “Anyigbaʋuʋu gãwo ayi edzi anɔ dzɔdzɔm abe ale si ko wodzɔ va yi ene.”

Mewɔ nuku o be nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Anyigbaʋuʋu siwo dzɔ nyitsɔ laa . . . la nye esiwo ŋu amegbetɔwo mate ŋu awɔ naneke le o, eye esia ɖoa ŋku edzi na mí be seɖoƒe li na amegbetɔ ƒe ŋutetewo. Gake esia mefia be míanɔ anyi ade asi ata me nenye be míate ŋu awɔ nane le afi si wòanya wɔ le o . . . , ke hã, efia be ele be míakpɔ mɔ na dzɔdzɔmefɔku gã siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o.”

Nu siawo nana Biblia srɔ̃la dovevienuwo ƒe susu yia Biblia me nyagblɔɖi siwo gblɔ be anyigbaʋuʋuwo nye nuɖoanyia sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ƒokplia ƒe akpa aɖe la dzi.—Mateo 24:3, 7; Marko 13:8; Luka 21:11.

[Anyigbatata si le axa 20, 21]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Anyigbaʋuʋu siwo ƒe dzidze de 7.0 alo wu ema siwo dzɔ tso January va se ɖe May la dometɔ aɖewo

Mexico

Haiti

Chile

Japan

Indonesia

Solomon Islands

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe