INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 8-9
  • Biblia Me Nyateƒea Na Wokpɔ Ablɔɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Nyateƒea Na Wokpɔ Ablɔɖe
  • Nyɔ!—2011
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 8-9

Biblia Me Nyateƒea Na Wokpɔ Ablɔɖe

GBE ɖeka Yesu Kristo gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Abe ale si kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖee fia ene la, ablɔɖe me nɔnɔ bia hã be ame navo tso gbɔgbɔ vɔ̃ alakpatɔ kple ameflula siwo le megbe na gbɔgbɔyɔyɔ la si me.—Yohanes 8:44.

Nuteƒekpɔkpɔawo dometɔ ɖe sia ɖe te gbe ɖe ŋusẽ si le Biblia ŋu be wòana ablɔɖe ame la dzi. Ɛ̃, Biblia koe naa ablɔɖe ame. Ðe manyo ŋutɔ be nàdzro Biblia me akpɔ ɖa oa? Esia wɔwɔ aɖe vi na wò godoo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ame bubuwoe dze le fotoawo me

● Susanna le Brazil, eye enye amegãsi tsã. Edi be yeazã ŋusẽ si wòxɔ tso gbɔgbɔwo gbɔ la atsɔ akpe ɖe hiãtɔwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, elɔ̃a dzeɖoɖo kple gbɔgbɔ aɖe si wòsusu be enye ye dada si ku la. Ke hã, emegbe gbɔgbɔa gblɔ nɛ be newu eɖokui ale be wòava ye gbɔ le gbɔgbɔmenutowo me. Esia ɖe fu na Susanna vevie, si na wòku drɔ̃e baɖabaɖawo. Emegbe Yehowa Ðasefowo va nɔ nu srɔ̃m kple Susanna kple srɔ̃a. Avu kple kɔe wònye na wo hafi wote ŋu ‘tsi tsitre ɖe Abosam ŋu,’ gake mlɔeba ‘Abosam si le wo gbɔ.’ (Yakobo 4:7) Fifia woƒe tome fa, eye Susanna megakua drɔ̃e baɖabaɖawo o. Eŋlɔ bena: “Yehowa wɔ nu geɖe nam siwo ta medaa akpe nɛ ɖo, gake medaa akpe nɛ geɖe wu ɖe ale si wòɖem tso gbɔgbɔmeviviti me ta.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

● Timothy le Ɣetoɖoƒe Afrika, eye wònye tokunɔ heganye aɖetututɔ.a Esi wònye be ɖɔktawo mete ŋu kpe ɖe eŋu o ta la, eyi xɔsegbedalawo gbɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. Egblɔ be: “Woƒe amebeblea gbã dzi nam.” Emegbe Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple Timothy, eye woƒo nu tso tame si Mawu ɖo be yeaɖe dɔléle kple nuwɔametɔnyenye ƒomevi ɖe sia ɖe ɖa ŋu nɛ. Timothy gblɔ be, “Mele mɔ kpɔm na Mawu ƒe xexe yeye si me ‘tokunɔwo ƒe to aʋu . . . eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye’ la vevie ŋutɔ.” (Yesaya 35:1-6) Fifia ezãa mɔ̃ si wotsɔ ƒoa DVD la tsɔ dzroa Biblia me nyateƒewo me kple ame siwo hã nye tokunɔwo, si wɔnɛ be woawo hã wokpɔa ablɔɖe vavãtɔ. Dɔ sia wɔwɔ dzɔa dzi nɛ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

● Evelyn le Estonia, eye wòƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me vevie tsã. Eya hã di be yeada gbe le amewo ŋu abe ale si Yesu wɔe ene. Vevietɔ edi be yeakpe ɖe ye dada si ŋu dɔ mavɔleameŋu aɖe nɔ la ŋu. Eya ta esrɔ̃ afakanu aɖe zazã ale be yeate ŋu ada dɔ na ame siwo le dɔ sesẽwo lém. Emegbe eva srɔ̃ Biblia. Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Meva kpɔ ale si gbegbe wokplɔm trae la dze sii, eya ta metɔ dzo nye afakagbalẽwo kple afakanu bubuawo.” Fifia ele Biblia me nyateƒe siwo naa ablɔɖe la fiam amewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

● Mary tsi le Papua New Guinea ƒe ƒukpowo dometɔ ɖeka dzi. Wovɔ̃a ame kukuwo le nuto ma me. Ne ame aɖe ku le kɔƒea me la, Mary yina ɖamlɔa ame bubu ƒe abati te, le esi wòle vɔvɔ̃m be ame kukua ƒe gbɔgbɔ ava ɖe fu na ye ne ye ɖeka koe li ta. Emegbe esrɔ̃e le Biblia me be kukuawo dɔ alɔ̃—wole yɔ me le lalam be woava fɔ yewo ɖe tsitre yewoanɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi. (Luka 23:43; Yohanes 11:11-14) Esia ta megavɔ̃a kukuawo azɔ o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

● Alicia nye nyɔnu aɖe si wonyi le Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe me le United States. Gake eva nɔ dzidzɔ kpɔm ɖe agbalẽ kple video siwo ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la ŋu. Emegbe eva nɔ ŋugble dem le Biblia me nyateƒe siwo wòsrɔ̃ la ŋu vevie. Esi wòde dzesii be le nyateƒe me la, ɖe yenɔ agbagba dzem be yeanɔ ‘nu ɖum le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu’ la, eɖɔ eƒe mɔwo ɖo, eye fifia dzitsinya dzadzɛ le esi le Mawu ŋkume.—1 Korintotɔwo 10:21.—g11-E 02.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe