INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 6-9
  • Nu Siwo Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam Ŋu
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Xa Nu Faa!”
  • “Mehiã Be Nàɖe Mɔ Nuxaxa Nakpe Dziwò O”
  • Aleke Mawɔ Anyi Nanya Nɔ Nam Le Nye Nuxaxa La Me?
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu
    Nyɔ!—2011
  • Ðe Wòsɔ Be Mase Le Ðokuinye Me Alea?
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 6-9

Nu Siwo Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam Ŋu

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.”—Psalmo 34:19.

LE WÒ ame vevi aɖe ƒe ku megbe la, seselelãme vovovowo ate ŋu aɖe fu na wò. Ate ŋu adzɔ be nàtɔtɔ, atsi yaa, alé blanui, eye wò dzitsinya nabu fɔ wò alo dzi naku wò gɔ̃ hã. Abe ale si wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, ame sia ame kple ale si wòxaa nui. Eya ta ɖewohĩ menye seselelãme siawo katãe aɖe fu na wò o. Ke hã, ne ehiã be nàfa konyi la, naneke megblẽ le esia wɔwɔ ŋu o.

“Xa Nu Faa!”

Heloisa, si nye ɖɔkta si ƒe nya míegblɔ va yi la, dze agbagba be yeazi yeƒe seselelãmewo dzi esi dadaa ku. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, mefa avi, gake ema megbe kpuie la, meva nɔ nye seselelãmewo dzi zim, abe ale si ko mewɔnɛ ne dɔnɔ aɖe ku ene. Ðewohĩ esia gbɔe wòtso be nu gblẽ le nye lãmesẽ ŋu vevie. Aɖaŋu si maɖo na ame siwo ame vevi aɖe ku na lae nye: Xa nu faa! Mègazi edzi o, na wòado. Esia wɔwɔ ana nàkpɔ gbɔdzɔe.”

Ke hã, ɖewohĩ le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àva nɔ sesem le ɖokuiwò me abe Cecília, ame si srɔ̃ kansa wu la, ene. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nye dzitsinya bua fɔm, elabena ewɔna nam be amewo le mɔ kpɔm be va se ɖe fifia la, ele be madzudzɔ nuxaxa hafi.”

Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ekema ɖo ŋku edzi be mɔ aɖeke meli si ŋu woagblɔ le be eyae nye “nyuitɔ” si nu woafa konyi le o. Enɔa bɔbɔe na ame aɖewo be woanɔ te ɖe vevesesea nu wu ame bubuwo. Le go siawo me la, mele be nàdze agbagba be yeana vevesesea nu nayi kaba o, mègase le ɖokuiwò me be ele be wò dzi nafa le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi kokoko o.a

Ke ne nuxaxa dzi ko nèle ɣeawokatãɣi, si wɔe be nu le tetem ɖe dziwò ya ɖe? Ðewohĩ nɔnɔme si me nèle la le abe ame dzɔdzɔe Yakob tɔ ene. Esi wogblɔ nɛ be via Yosef ku la, viawo “fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe.” (1 Mose 37:35) Ne aleae wòle le gowòme la, nu kawoe nàte ŋu awɔ be nuxaxa akpa nagami wò o?

Lé be na ɖokuiwò. Cecília gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nu tia kɔ nam vevie, eye mekpɔnɛ be ɖeɖiteameŋua wu tsɔtsɔ nam.” Eƒe nyawo ɖo kpe edzi be nuxaxa ate ŋu ana ɖeɖi nate ame ŋu le ŋutilã kple seselelãme gome siaa. Eya ta ele vevie be nàtsɔ ɖe le wò lãmesẽnyawo me vevie. Ði ɖe eme nyuie, eye nàɖu nu nyuie.

Nyateƒee, ɖewohĩ nuɖuɖu madzro wò o, kaka wòahayi asimeyiyi kple nuɖaɖa nye ge. Ke hã, numaɖumaɖu ate ŋu ana dɔlékuiwo nakpe dziwò bɔbɔe ahana nàdze dɔ, eye esia atsɔ xaxawo akpe ɖe wò nuxaxa ŋuti. Dze agbagba nànɔ nu sue aɖe ya teti ɖum be nànɔ lãmesẽ me.b

Ne anya awɔ la, ƒo ɖokuiwò ɖe kamedefefe aɖe me, ne eganye azɔlizɔzɔ koe gɔ̃ hã. Kamedede ate ŋu awɔe be nàdo go le aƒea me sẽe. Gawu la, kamedefefe nana ahɔhɔ̃a tua lãmetsi si woyɔna be endorphins, si ana nàkpɔ gbɔdzɔe aɖe si nu.

Na ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò. Esia ate ŋu aɖe vi ŋutɔ, vevietɔ ne srɔ̃wòe ku. Ðewohĩ dɔ aɖewo li wòwɔna hafi, gake fifia ame aɖeke meli akpɔ wo gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wòe kpɔa ganyawo gbɔ alo wɔa aƒemedɔwo la, ɖewohĩ le gɔmedzedzea me la, anɔ sesẽm na wò be wò ŋutɔ nàkpɔ nu mawo gbɔ. Le go sia me la, xɔlɔ̃ ɖɔŋuɖowo ƒe aɖaŋuɖoɖo ate ŋu aɖe vi na wò ŋutɔ.—Lododowo 25:11.

Biblia gblɔ tso xɔlɔ̃ vavã ŋu be ‘etrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.’ (Lododowo 17:17) Eya ta mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga ahanɔ esusum be yeava nye agba na amewo o. Le nyateƒe me la, hadede kple ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Esi ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Sally dada ku la, ede dzesii be hadede kple amewo tu ye ɖo ŋutɔ. Egblɔ be: “Xɔ̃nyewo dometɔ geɖe nana mekpɔa gome le hadomewɔnawo me kpli wo. Esia kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe akogotsitsi si nɔ fu ɖem nam vevie la nu. Edzɔa dzi nam ne amewo biam nyawo abe, ‘Aleke nète ŋu le te nɔm ɖe dawò ƒe kua nui?’ ene. Mede dzesii be nuƒoƒo tso danye ŋu kpe ɖe ŋunye mekpɔ gbɔdzɔe.”

Bu nu siwo dzɔ va yi la ŋu faa. Dze agbagba nàɖo ŋku mia kple wò ame vevi si ku la ƒe dzidzɔɣiwo dzi, ɖewohĩ to foto siwo mieɖe ɖekae la kpɔkpɔ me. Le gɔmedzedzea me la, esia wɔwɔ ate ŋu ana nàxa nu ya. Ke hã, emegbe la, ŋkuɖoɖo nu siawo dzi ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe le esi teƒe be nànɔ nu xam.

Àte ŋu anɔ nuŋlɔɖiwo hã wɔm. Àte ŋu aŋlɔ nu tso nu siwo me mia kplii miekpɔ dzidzɔ le ɖekae kple nu siwo nàdi be yeagblɔ nɛ hafi la ŋu. Ne èxlẽ nu siwo nèŋlɔ tso wò seselelãmewo ŋu le agbalẽ dzi la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe na wò be nànɔ te ɖe nuxaxaa nu. Nuŋlɔɖiwo wɔwɔ agate ŋu anye mɔ nyui aɖe si dzi nàto aɖe wò dzimenyawo ɖe go.

Ke ɖe wòanyo be nàdzra amea ƒe nunɔamesi aɖewo ɖo atsɔ anɔ ŋku ɖom edzia? Mewɔ nuku be amewo ƒe susu le nya sia ŋu le vovovo o, elabena ame sia ame kple ale si wòxaa nui. Ame aɖewo ƒe susue nye be nu mawo ƒe ame si nɔnɔ mawɔe be ame nahaya kaba o. Ke ekpena ɖe ame bubuwo ya ŋu. Sally, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Medzra danye ƒe nunɔamesi geɖe ɖo. Esia na mekpɔ gbɔdzɔe ŋutɔ!”c

Ðo ŋu ɖe ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu’ la ŋu. Biblia gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Menye mɔ aɖe si dzi nàto akpɔ akɔfafa koe gbedodoɖa na Mawu nye o. Gbedodoɖa nye mɔnu vevi aɖe si dzi míetona nɔa kadodo me kple ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.’—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

Mawu ƒe Nya, Biblia, lae nye akɔfafatsoƒe nyuitɔ kekeake. Kristotɔ Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ le asinye le Mawu me . . . be tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ne èle wò ame vevi aɖe ƒe ku fam la, ŋugbledede le tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu ate ŋu afa akɔ na wò geɖe ŋutɔ.d Lauren, si nye nyɔnu aɖe si nɔviŋutsu ku le afɔku aɖe me la, de dzesii be nya sia nye nyateƒe. Egblɔ be: “Aleke kee wòle tetem ɖe dzinyee o, metsɔa Biblia xlẽna, ne kpukpui ɖeka koe hã. Mexlẽa mawunyakpukpui siwo faa akɔ nam wu la zi gbɔ zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nya si Yesu gblɔ na Marta esi Lazaro ku la faa akɔ nam. Egblɔ be: ‘Nɔviwò la atsi tsitre.’”—Yohanes 11:23.

“Mehiã Be Nàɖe Mɔ Nuxaxa Nakpe Dziwò O”

Aleke kee wòasesẽe o, ne èdze agbagba vevie nɔ te ɖe nuxaxaa nu la, esia akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe abe ale si nènɔnɛ tsã ene. Mègasusui be ne ènɔ agbe abe tsã ene la, afia be èŋlɔ wò ame vevi la be alo be mèwɔ nuteƒe nɛ o, si ana wòanɔ tetem ɖe dziwò o. Le nyateƒe me la, màŋlɔ wò ame vevi la be akpɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, ànɔ esusum vevie, gake vivivi la, magava nɔ tetem ɖe dziwò abe tsã ene o.

Ðewohĩ àɖo ŋku nudzɔdzɔ aɖewo dzi kple dzidzɔ, gake woagate ŋu ana nàlé blanui vie hã. Le kpɔɖeŋu me, Ashley, si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la, gblɔ be: “Meɖoa ŋku ŋkeke si do ŋgɔ na danye ƒe ku la dzi. Edze abe dɔa nɔ kakam ɖe eme nɛ ene, elabena gbe ma gbee wògate ŋu fɔ le aba dzi. Esi nɔvinyenyɔnua nɔ ɖa vum na Dada la, nane ɖi kokoe na mí ame etɔ̃a, si wɔe be míede asi nukoko me. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema nyemegakpɔ danye wòko alɔgbɔnu nenema kpɔ o. Dzi nɔ edzɔm be yele ye viwo dome.”

Àte ŋu anɔ ŋugble dem le nu nyui siwo nèsrɔ̃ tso wò ame vevi la gbɔ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Sally gblɔ be: “Nufiafiaŋutete nyuiwo nɔ Dada si. Eɖoa aɖaŋu nyuiwo nam, gake meƒoa nya ɖe nunye o, eye efiam ale si nye ŋutɔ mawɔ nyametsotso nyuiwo, ke menye be mawɔ nane le esi eya alo fofonyee le egblɔm nam ta ko o.”

Ŋkuɖoɖo wò ame vevia dzi ate ŋu anye nu si tututu akpe ɖe ŋuwò be nàgaɖo ɖokuiwò me. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Alex da asi ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Le fofonye ƒe ku megbe la, meɖoe kplikpaa be manɔ agbe abe ale si wòfiam ene, si nye be mele be maŋlɔ be gbeɖe o be ele be makpɔ dzidzɔ le agbe me. Aɖaŋu si maɖo na ame si dzila ku lae nye esi: Dziwòlaa ƒe ku mafa na wò keŋkeŋ gbeɖe o, gake mehiã be nàɖe mɔ nuxaxa nakpe dziwò o. Àte ŋu axa nu alo afa konyi ale si dze, gake mègaŋlɔ be o be ele be nàwɔ wò agbemeŋkeke mamlɛawo ŋu dɔ nyuie ale si wòanya wɔ.”—g11-E 04.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Esia awɔe be màtsɔ dzitsitsi awɔ nyametsotsowo, abe ʋuʋu ayi aƒe bubu me alo srɔ̃ɖeɖe ene o. Anyo be nàlala va se ɖe esime wò susu dze akɔ anyi ko hafi nàwɔ nyametsotso siawo tɔgbi.

b Togbɔ be ahanono ate ŋu alé wò vevesesea nu vie hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòwɔa dɔ. Gake le wo katã me la, ahanono mate ŋu ana wò nuxaxa nu nayi o, eye ate ŋu azu numame na wò.

c Esi wònye be ame sia ame kple ale si wòxaa nui ta la, mele be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nadze agbagba be yewoazi yewoƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu ɖe ame si le nu xam la dzi o.—Galatiatɔwo 6:2, 5.

d Ne èdi be yeaxlẽ nu tso nɔnɔme si me kukuawo le kple ŋugbe si Mawu do be yeafɔ wo ɖe tsitre ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 6 kple 7 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

“Aleke kee wòle tetem ɖe dzinyee o, metsɔa Biblia xlẽna, ne kpukpui ɖeka koe hã”—Lauren

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

FƆÐIÐI ƑE SESELELÃMEWO GBƆ KPƆKPƆ

Ðewohĩ ewɔ na wò be nane si yemewɔ o hã tae yeƒe amea ku ɖo. Fɔɖiɖi ma kpɔkpɔ dze sii—eɖanye nu ŋutɔŋutɔ alo nu si wò ŋutɔ nèsusu ko o—nye nuxaxa ƒe nɔnɔme aɖe si sɔ le dzɔdzɔme nu eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã. Le esia hã me la, mègasusui be ele be yeazi seselelãme siawo ɖe ye ɖokui me o. Nuƒoƒo tso ale si nèsusui be yeɖi fɔ ŋu la ate ŋu ana gbɔɖeme si nèhiã vevie la wò.

Gake nyae be aleke gbegbe míeɖalɔ̃ ame aɖee o, míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amea ƒe agbe dzi o, míate ŋu axe mɔ ɖe “azãgbe kple nuɖiɖeame” hã nu na míaƒe lɔlɔ̃tɔwo o. (Nyagblɔla 9:11) Hekpe ɖe eŋu la, menye susu vɔ̃ aɖekee nèɖo ɖe amea ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi nèɖoe be yeƒe amea nadze dɔ aku tae mèyi ɖɔkta gbɔ kaba oa? Kura o! Ke le nyateƒe me la, ɖe eƒe kua ƒe fɔɖiɖi le dziwòa? Ao.

Vidada aɖe srɔ̃ ale si wòakpɔ fɔɖiɖi ƒe seselelãme si nɔ eme esi vianyɔnu ku le lɔrifɔku me gbɔe. Egblɔ be: “Mebu fɔ ɖokuinye be medɔe. Gake meva kpɔe dze sii be susu mele eme be newɔ nam nenema o. Naneke megblẽ le eŋu be madɔe kpe ɖe fofoa ŋu o. Afɔku vɔ̃ɖi aɖe koe wònye dzɔ ɖe edzi.”

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Gake anye ne nu geɖe li si madi be magblɔ alo awɔ hafi.’ Nyateƒee, gake mía dometɔ kae agblɔ be ye ya yenye fofo, dada, alo vi deblibo? Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Mí katã [míedaa vo] le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã dzi.” (Yakobo 3:2; Romatɔwo 5:12) Eya ta lɔ̃ ɖe nyateƒe si wònye be mède blibo o la dzi. “Ne ɖe mewɔ ale kple ale” ŋu bubu ɣesiaɣi mate ŋu atrɔ naneke o, ke boŋ ale si wò seselelãmewo nahaya kabae wòahe ɖe megbe.e

[Etenuŋɔŋlɔ]

e Woɖe aɖaka sia me nyawo tso agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ Aɖe Ku me. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be dzila tsitsi nafa akɔ na via tsitsi si le nu xam

[Nɔnɔmetatawo si le axa 9]

Nuŋlɔɖiwo wɔwɔ, fotowo kpɔkpɔ, kple ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne wò ame vevi aɖe ku

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe