INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/11 axa 3
  • Ele Be Fukpekpe Nu Nayi Godoo!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Be Fukpekpe Nu Nayi Godoo!
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Ale?
    Nyɔ!—2011
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 10/11 axa 3

Ele Be Fukpekpe Nu Nayi Godoo!

Wowu Khieu fofo le esi wòɖe mɔ nyiwo ge ɖe bligble aɖe si le nutoa me ta. Ɣemaɣie Khieu ƒe fukpekpewo dze egɔme. Emegbe dunyahehabɔbɔ si nye Khmer Rouge la me tɔwo wu dadaa kple nɔvianyɔnu eve. Emegbe Khieu xɔ abi vevie esi wòɖo afɔ tomebɔmb aɖe dzi wòwó. Elala le avea me ŋkeke 16 sɔŋ hafi amewo va xɔ nɛ. Eva hiã be woalã afɔ nɛ. Khieu gblɔ be: “Agbea koe tim zi ɖeka.”

ÀNYA de dzesii be xaxawo tea ŋu tua ame sia ame ƒomevi. Dzɔdzɔmefɔkuwo, dɔlélewo kple nuwɔametɔnyenye, ŋutasẽnuwɔwɔwo, kpakple afɔku bubuwo tea ŋu vaa ame ɖe sia ɖe dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me le teƒe ɖe sia ɖe. Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kua kutri vevie be yewoaxe mɔ ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo nu alo aɖe wo dzi akpɔtɔ teti. Ke nu kae do tso woƒe agbagbadzedzewo me?

Bu agbagba siwo dzem wole be yewoakpɔ dɔwuame ƒe kuxia gbɔ ŋu kpɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Toronto Star gblɔ be dzɔdzɔmefɔkuwo na ame geɖe zu aƒemanɔsitɔwo, eye dɔ le wo wum. Ke hã, nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be “agbagba siwo dzem habɔbɔwo le be yewoalé dɔwuame nu la mele afɔ tsɔm o le ŋutasẽnuwɔwɔ siwo le dzidzim ɖe edzi ta.”

Ame siwo le ŋgɔ xɔm le dunyahehe, hadomenyawo, kple atikewɔwɔ me la le woƒe ŋutete katã wɔm be yewoaɖe fukpekpe dzi akpɔtɔ, ke ɖeko wodo kpo nu. Ðoɖo siwo wowɔ be yewoatsɔ ana nuwo nade ame dzi le ganyawo me la mete ŋu ɖe ahedada ɖa o. Dɔdatikewo kple esiwo xea mɔ ɖe dɔléle nu, kpakple dɔdamɔnu deŋgɔwo mate ŋu aɖe dɔlélewo katã ɖa o. Kpovitɔwo kple avulésrafowo le agbagba dzem kpem, gake ŋutasẽnuwɔwɔwo bɔ, eye wole dzidzim ɖe edzi gɔ̃ hã.

Nu ka tae fukpekpe bɔ ale? Ðe Mawu tsɔ ɖe le fu siwo kpem ameƒomea le mea? Ame miliɔn geɖe kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na biabia siawo le Biblia me, abe ale si míava kpɔe ene.—g11-E 07.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe