Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Emea?
LE November 1, 1755 ƒe ŋdi me la, ƒugɔmenyigbaʋuʋu aɖe ʋuʋu Portugal ƒe dugã Lisbon. Esia na atsiaƒu ɖe dua me tɔwo, dzo dze aƒewo, eye ame akpe geɖe ku.
Esi anyigba ʋuʋu le Haiti le ƒe 2010 me la, Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ National Post gblɔ be: “Afɔku gãwo doa ale si amegbetɔwo xɔ ŋusẽtɔ aɖe si kɔ wu wo dzi see la kpɔna. Gake abe ale si ko wònɔ le Lisbon gome ene la, egbegbe anyigbaʋuʋu sesẽwo [abe esi dzɔ le Haiti ene la] gadoa amegbetɔwo ƒe xɔse kpɔna wu dodokpɔ bubuwo.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe nyataƒonyae nye: “Mawu anya ŋlɔ Haititɔwo be.”
Esi Yehowa Mawu nye “Ŋusẽkatãtɔ” ta la, seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o, eya ta ate ŋu aɖe fukpekpe ɖa. (Psalmo 91:1) Gawu la, míate ŋu aka ɖe edzi be etsɔ ɖe le eme na mí. Nu ka tae míeka ɖe edzi ɖo?
Nu Kae Míenya Tso Mawu Ŋu?
Mawu sea veve ɖe ame siwo le fu kpem nu. Esime Israel viwo nye kluviwo le Egipte, eye Egiptetɔwo nɔ fu wɔm wo la, Mawu gblɔ na Mose be: “Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ɛ̃, menya woƒe fukpekpewo.” (2 Mose 3:7) Nu kae esia fia? Efia be Mawu sea veve ɖe ame siwo le fu kpem la nu. Ƒe alafa geɖe megbe la, nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ tso Israel viwo ŋu be: “Esi woxaxa wo ɖo la, eya ŋutɔ hã xaxa le eɖokui me.”—Yesaya 63:9, NW.
“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ.” (5 Mose 32:4) Mawu wɔa nu ɖe ame sia ame ŋu ale si dze, eye mekpɔa ame ŋkume o. ‘Adzɔ eƒe mawumemewo ƒe mɔ ŋuti,’ eye “wòatsɔ xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa” ame dzɔdzɔewo dzi. (Lododowo 2:8; 2 Tesalonikatɔwo 1:6, 7) Esi Mawu mekpɔa ame ŋkume o ta la, “medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.” (Hiob 34:19) Mawu nya mɔ nyuitɔ si dzi wòato aɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo ɖa. Ke woate ŋu atsɔ amegbetɔwo ƒe mɔwo asɔ kple plasta tetre ɖe abi dzi na ame si tukpe lɔ. Togbɔ be plastaa atsyɔ abia dzi hã la, mana tukpea nado le lã me nɛ o, eye matsi eƒe vevesesea nu hã o.
“Nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, . . . eƒe amenuveve . . . sɔ gbɔ.” (2 Mose 34:6) Ne wozã nya “nublanuikpɔkpɔ” le Biblia me la, efia dɔmetɔtrɔ kple vevesese ɖe ame nu si aʋã ame wòakpe ɖe ame bubu ŋu. Woɖe gɔmesese si le Hebrigbe me nya “amenuveve” ŋu be “dzi naʋã ame si si nane le la be wòana nu ame si nu hiã.” Numekugbalẽ aɖe (Theological Dictionary of the Old Testament) gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le kpukpui sia me zi evelia be “amenuveve” la fia be “woaxɔ na ame si dzi vɔ̃ dzɔ ɖo alo ame si ɖo xaxa me.” Menye ɖeko Yehowa Mawu sea veve ne ame aɖe le fu kpem o, ke eƒe nublanuikpɔkpɔ, amenuveve, kple lɔlɔ̃ deto ʋãnɛ wòkpena ɖe ame ŋu hã. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be ava ɖe fukpekpe ɖa.
Nyati si do ŋgɔ na esia ƒo nu tso nu etɔ̃ siwo ta amegbetɔwo le fu kpem egbea ɖo la ŋu, eye menye Mawue le megbe na nu mawo dometɔ aɖeke o. Na míadzro nu si le megbe na nu mawo la me akpɔ.
Tiatia Siwo Míewɔna
Le gɔmedzedzea me la, Mawue nye Adam dzi ɖula. Ke hã, esi wòɖo Adam dzi be wòatso nya me la, etiae be yeagbe Mawu ƒe dziɖuɖu ne yeakpɔ ale si nuwɔwɔ le ame ɖokui si anɔ ɖa. Edo toku Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya si le 1 Mose 2:17, si gblɔ be: “Ku ke naku.” Esi Adam ɖe ta le Mawu ƒe dziɖuɖu debliboa te la, nu vɔ̃ kple blibomademadee esia he vae. Biblia gblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Ke hã, Mawu ava ɖe nu siwo nu vɔ̃ gblẽ la katã ɖa.
Nuɖiɖeame
Abe ale si míegblɔe xoxo ene la, ame gbãtɔ, si nye Adam, gbe Mawu ƒe mɔfiame dzi wɔwɔ, evɔ mɔfiame mae akpɔ amegbetɔwo ta hafi, ɛ̃, akpɔ wo ta tso dzɔdzɔmefɔkuwo gɔ̃ hã me. Míate ŋu atsɔ ale si wòwɔ nui la asɔ kple dɔnɔ si gbe ɖɔkta bibi, si kpɔ nuteƒe la, ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ. Ðɔktaa ya nya emetsonua, gake ne dɔnɔa menya ale si esia ate ŋu agblẽ nu le eŋu kple lãmesẽkuxi siwo ate ŋu ado tso eme nɛ ŋu o la, akpe fu le eƒe tosesẽa ta. Nenema kee ale si amegbetɔwo mele be lém na anyigbadzinuwo o, ale si wometua xɔwo nyuie o, kpakple ale si womenya nu tso anyigba ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋu o la, koŋ gbɔe dzɔdzɔmefɔkuwo tsona. Ke hã, Mawu maɖe mɔ nuwo nanɔ alea ɖaa o.
“Xexe Sia Dzi Ðula”
Nu ka tae Mawu ɖe mɔ na Satana be wòaɖu xexea dzi le eƒe aglãdzedzea vɔ megbe? Agbalẽ aɖe gblɔ be “ɣeyiɣi kpui aɖe le dziɖuɖu yeye ɖe sia ɖe ƒe zidzivava megbe la, mɔnukpɔkpɔ sua esi be wòabu fɔ dziɖuɖu xoxoa ɖe kuxiwo ta.” Ne ɖe Yehowa ɖe Satana, si nye “xexe sia dzi ɖula” ɖa hafi ɣeyiɣia de la, anye ne ate ŋu abu fɔ Mawu, si nye Dziɖula gbãtɔ la, ɖe eƒe kpododonu ta. (Yohanes 12:31) Ke hã, esi woɖe mɔ na Satana wòkpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi bliboe vɔ ta la, ale si eƒe dziɖuɖu do kpo nui la dze ƒãa. Gake biabia aɖe gakpɔtɔ li, Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be fukpekpe nu ayi?—g11-E 07.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ne tukpe lɔ ame aɖe ʋu le ɖuɖum la, plasta koe ɖɔkta atre ɖe abi dzi nɛ ko evɔa?