Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Mawu Daa Megbe Na Aʋawɔwɔwo Egbea?
ESI blema Israel Fia David nɔ nu ƒom tso ale si wònye aʋawɔlae ŋu la, egblɔ be: “[Mawu fia] aʋawɔwɔ nye asi kple da me vuvu nye alɔ.”—Psalmo 18:35.
Ke hã, apostolo Paulo ŋlɔ tso Kristotɔwo ŋu be: “Togbɔ be míezɔna le ŋutilã me hã la, míewɔa aʋa le nu si míenye le ŋutilã me nu o. Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilã me tɔwo o.”—2 Korintotɔwo 10:3, 4.
Ðe mawunyakpukpui siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋua? Alo ɖe susu nyui aɖewo li siwo tae Mawu da asi ɖe edzi be blema Israel viwo nayi aʋa gake meɖe mɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu na Kristotɔwo ya oa? Mawu ƒe susu le aʋawɔwɔ ŋu ye trɔa? Ŋuɖoɖoawo me akɔ ne míedzro vovototo vevi etɔ̃ siwo le Israel kple Kristo hame vavãa dome la me.
Vovototo Vevi Etɔ̃
1. Blema Israel nye dukɔ si Mawu ŋutɔ ɖo liƒowo na, eye dukɔ siwo ƒo xlã wo la hoa aʋa ɖe wo ŋu zi geɖe. Eya ta Mawu de se na eƒe amewo be woakpɔ anyigba la ta, eye wòkpena ɖe wo ŋu woɖua woƒe futɔwo dzi gɔ̃ hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:32, 33) Gake liƒowo mele Kristo hamea ya si o, eye hamea me tɔwo le dukɔwo katã me. Eya ta ne Kristo yome dzela siwo le dukɔ aɖe me kpɔ gome le aʋa si woƒe dukɔa ho ɖe dukɔ bubu ŋu me la, ke woava nɔ aʋa wɔm kple haxɔsetɔwo, siwo nye woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, evɔ wode se na wo be woalɔ̃ wo ahaku ɖe wo ta gɔ̃ hã hafi.—Mateo 5:44; Yohanes 15:12, 13.
2. Fia si nye amegbetɔ nɔ blema Israel si, eye Yerusalem ye eƒe fiazikpuia nɔ. Gake le Kristotɔ vavãwo gome la, Yesu Kristo, si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ, si ƒe fiazikpui le dziƒo, ye le wo dzi ɖum. (Daniel 7:13, 14) Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.” (Yohanes 18:36) Eya ta dunyahedziɖuɖu aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu agblɔ be ye nye Kristo tɔ o. Mɔ ka nue nya sia ka Yesu ƒe “dɔlawo,” alo yome dzelawo le? Vovototo vevi etɔ̃lia me dzodzro akɔ nya sia me.
3. Ame dɔdɔwo nɔ blema Israel si, abe ale si ko dziɖuɖuwo ƒe ame dɔdɔwo alo teƒenɔlawo le dukɔwo si egbea ene. (2 Fiawo 18:13-15; Luka 19:12-14) Ele alea le Kristo hã gome, gake vovototo vevi eve aɖewo le etɔ kple woawo tɔ dome. Gbã la, Kristo yome dzelawo katã nye ame dɔdɔwo alo teƒenɔlawo. Eya tae apostolo Paulo te ŋu ƒo nu ɖe nɔvia Kristotɔwo nu gblɔ bena: “Eya ta míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe.” (2 Korintotɔwo 5:20) Esi wonye ame dɔdɔ siwo wɔa ŋutifafa ta la, wometsɔa lãnu ɖe wo havi ŋu o. Evelia, Yesu yome dzelawo ɖea gbeƒã na ame siwo katã alɔ̃ be yewoase woƒe gbedeasia. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Egagblɔ hã be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi.”—Mateo 28:19, 20.
Nublanuitɔe la, menye ɣesiaɣie amewo xɔa Kristo ƒe dɔlawo nyuie o. Le esia ta, Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ nya nyui gblɔla Timoteo gblɔ bena: “Esi nènye Kristo Yesu ƒe asrafo nyui ta la, kpe fu si wòle be nàkpe le vɔ̃ me la.” (2 Timoteo 2:3) Gake nya lae nye be Timoteo ƒe aʋawɔnuwo nye gbɔgbɔmetɔwo, eye Mawu ƒe Nya, si woyɔ be “gbɔgbɔ la ƒe yi” la, hã le eƒe aʋawɔnuawo dome.—Efesotɔwo 6:11-17.
Nu Ka Tae Mawu Na Kristo Hamea Xɔ Ðe Israel Teƒe Ðo?
Israel dukɔa nɔ ƒomedodo tɔxɛ me kple Mawu abe ƒe 1,500 sɔŋ ene, eye nubabla aɖe dzie wotu ƒomedodo sia ɖo. (2 Mose 19:5) Se Ewoawo kple se bubuawo katã siwo do tadedeagu vavãtɔ kple agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, nye nubabla ma, si Mose nye domenɔla na la, ƒe akpa aɖe. (2 Mose 19:3, 7, 9; 20:1-17) Gake nublanuitɔe la, Israel dukɔa mewɔ nuteƒe na Mawu o, eye wowu eƒe nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã.—2 Kronika 36:15, 16; Luka 11:47, 48.
Mlɔeba, Yehowa dɔ Via, Yesu Kristo, ɖa hena wodzii wònye Yudatɔ. Gake le esi teƒe be Yuda dukɔa naxɔe abe Mesia la ene la, wogbee boŋ. Eya ta togbɔ be Israel nɔ nubabla me kple Mawu ƒe geɖe hã la, Mawu tso kadodoa me, ale kpɔɖeŋugli si ma Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o dome la mu.a (Efesotɔwo 2:13-18; Kolosetɔwo 2:14) Le ɣemaɣi tututu lɔƒo la, Mawu ɖo Kristo hamea anyi, eye wòɖo Yesu hamea ƒe Tae. Gawu la, hafi ƒe alafa gbãtɔ nawu enu la, dukɔ vovovo me tɔwo va nye hame sia me tɔwo. Apostolo Petro gblɔ be: “Le dukɔ sia dukɔ me la, ame si [vɔ̃a Mawu], eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:35.
Yehowa Ðasefowo dzea Kristotɔ gbãtɔwo ƒe afɔtoƒewo yome. Eya ta wonya Ðasefowo nyuie ɖe woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa, kpakple ale si womedea nu dunyahehe kple xexe sia ƒe aʋawɔwɔwo me o ta. (Mateo 26:52; Dɔwɔwɔwo 5:42) Ɛ̃, womeɖea mɔ naneke hea woƒe susu ɖa le gbeƒãɖeɖe tso nya nyui si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu ɖeka kolia si ava ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa ahahe ŋutifafa mavɔ ava anyigba dzi la ŋuti o. Mɔkpɔkpɔ nyui ma nɔ susu me na Paulo esi wòŋlɔ bena: “Abe Kristo teƒe nɔlawo ene la, míeɖea kuku be: ‘Mina woadzra mia kple Mawu dome ɖo.’” (2 Korintotɔwo 5:20) Míaƒe ɣeyiɣia me koŋue wòhiã kpata be amewo nawɔ nya mawo dzi, elabena míele fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuwu gogom.—2 Timoteo 3:1-5.—g11-E 08.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le gɔmedzedzea me la, wozãa nyagbe “Yudatɔ” na ame si tso Israel to si nye Yuda me. Ke emegbe la, wova nɔ ezãm na Hebritɔwo katã ko.—Ezra 4:12.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Nɔnɔme vevi kae wòle be Kristotɔwo naɖe afia wo nɔewo?—Yohanes 13:34, 35.
● Nu kae nye Kristotɔ vavãwo ƒe “aʋawɔnu” vevitɔ?—Efesotɔwo 6:17.
● Gbedeasi vevi kae Kristo teƒe nɔlawo ɖea gbeƒãe?—Mateo 24:14; 2 Korintotɔwo 5:20.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Yehowa Ðasefowo nye xexea me godoo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ, eye womedea nu dunyahehe kple aʋa siwo dukɔwo wɔna me o