Axa Evelia
Ðeviwo Hehe Be Woava Nye Ame Ðɔʋuwo
Anɔ eme be ne dzilawo le wo vi lɔlɔ̃a si wodzi teti ŋkume kpɔm la, nu ɖeka aɖe li si ŋu womadi be yewoabu o. Gake enye nyateƒenya si nu womate ŋu asi le o. Eyae nye be vivivi la, vidzĩ kokoe sia atsi ava zu ɖekakpui alo ɖetugbui si anɔ eɖokui si. Esia le dzɔdzɔme nu, elabena Biblia gblɔ be “ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Eye ɖikeke mele eme o be alea kee wòle le nyɔnuwo hã gome.
Ke hã, dzila geɖe tsia dzi le ŋkeke si wo vi tsitsiwo le ʋuʋu ge le aƒe me aɖanɔ wo ɖokui si la dzi, eye esia nyea dzidzɔɣi kple nuxaɣi siaa. Wobiaa wo ɖokui be: ‘Ðe mehe vinyea nyuie fifia? Ðe wòate ŋu awɔ dɔ akpɔ eɖokui dzi, alé be na aƒe si me wòanɔ, ahalé be na ga?’ Eye vevietɔ wue nye, ‘Ðe vinyea anɔ agbe ɖe hehe nyui si míenae la nua?’—Lododowo 22:6; 2 Timoteo 3:15.
Nyɔ! ƒe tata tɔxɛ sia ahe susu ayi ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woanya ale si woahe wo viwo ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu la dzi.