“Mɔ̃ Aɖeke Meli Si Ƒe Nusɔsrɔ̃ŋutete De Wo Tɔ Nu O”
W OGBLƆ tso vidzĩwo ƒe ahɔhɔ̃ ŋu be “mɔ̃ aɖeke meli si ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete de wo tɔ nu o,” eye susu nyui aɖe tae wogblɔe alea ɖo. Ne wodzi ɖevi teti la, enɔa klalo be yealé ŋku ɖe nu ŋu, alé to ɖe nya ŋu, eye nu siwo le edzi yim la wɔa dɔ ɖe eƒe seselelãme dzi.
Gawu la, ame bubuwo ƒe nuwɔnawo, abe woƒe nuƒoƒo, ale si woɖo moe, kple asikaka eŋu ene, doa dzidzɔ nɛ. Agbalẽ si nye Babyhood, si Penelope Leach ŋlɔ la gblɔ be: “Wowɔ numekuku geɖe tso nu siwo kpɔkpɔ dzɔa dzi na vidzĩwo wu, gbeɖiɖi siwo nya sena na wo kpakple nu siwo wosea vivi na si wodina be woagawɔ na yewo ake la ŋu. Eye zi geɖe la, ame tsitsi si nye ɖevidzikpɔla ate ŋu akpɔ hiahiã siawo katã gbɔ na vidzĩa.” Eya ta mewɔ nuku o be dzilawo wɔa akpa vevi aɖe ŋutɔ le ɖevia ƒe tsitsi nyuie me!
“Meƒoa Nu Abe Vidzĩ Ene”
Ale si vidzĩwo tea ŋu ɖoa to ame bubuwo ƒe nuƒoƒo hetoa esia dzi srɔ̃a gbe la wɔa nuku na dzilawo kple ɖɔktawo ŋutɔ. Numekulawo de dzesii be le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me la, vidzĩ tea ŋu dea dzesi dadaa ƒe gbe, eye wòlɔ̃a eƒe nuƒo sese wu ame tutɔwo tɔ; le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, etea ŋu dea vovo edzilawo degbe kple ame bubuwo tɔ dome; le ɣleti aɖewo megbe la, etea ŋu dea dzesi ɖoɖo si nu nyawo nɔna le nuƒoƒo me hetoa esia dzi nyana nenye be nuƒoa sɔ ɖe ale si wodoa gbea nui loo alo be gɔmesese mele eŋu o.
Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esime menye vidzĩ la, meƒoa nu abe vidzĩ ene.” (1 Korintotɔwo 13:11) Aleke vidzĩ ƒoa nui? Zi geɖe la, enɔna abe nukpoloeƒoƒo si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ene. Nuƒoƒo ɖe yame ko wònyea? Gbeɖe! Agbalẽnyala Lise Eliot gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe (What’s Going On in There?—How the Brain and Mind Develop in the First Five Years of Life) me be nuƒoƒo bia “ŋutinuwo ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ deŋgɔ nu, eye lãmeka vovovowo ƒe dɔwɔwɔ aduadu siwo wɔnɛ be míaƒe ŋutinuwo, abe nuyiwo, aɖe, akpaŋɔ kple gbeɖiɖigoe ene, wɔa dɔ kabakaba lae nana míeƒoa nu.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be adze abe vidzĩwo ƒe nukpoloeƒoƒo nye mɔ aɖe si dzi wotona hea amewo ƒe susu vaa wo ɖokui dzi, si nya sena dzro ko ene hã la, eganye mɔnu vevi aɖe si dzi wotona srɔ̃a lãmeka siwo ŋu dɔ míewɔna le nuƒoƒo me la zazã.”
Ne vidzĩwo le nu ƒom alea la, dzilawo hã ƒoa nu na wo vividoɖeameŋutɔe, eye esia ɖea vi. Dzilawo ƒe vividoɖeameŋua dea dzi ƒo na vidzĩa be wòayi nuƒoƒo dzi. Nuƒoƒo na ame nɔewo alea nana vidzĩa tua dzeɖoɖoŋutetewo ɖo, eye awɔ ŋutete sia ŋu dɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
Nɔnɔmeawo Va Trɔna
Vidzĩa ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ bia dɔ geɖe wɔwɔ, si wɔnɛ be dzilawo mevona o. Kaka vidzĩa nafa avi ko la, ele be woana nuɖuɖui, ne egblẽ go la, ele be ame aɖe nadzrae ɖo, ne egafa avi la, ele be ame aɖe nakɔe. Beléle na vidzĩ alea sɔ, eye ehiã hã. Vidzikpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzia ƒe akpa vevi aɖee wònye.—1 Tesalonikatɔwo 2:7.
Le esia ta, ele dzɔdzɔme nu be vidzĩa nase le eɖokui me be yele vevie wu ame sia ame, eye be yeƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ta koe ame tsitsiwo, vevietɔ ye dzilawo, li ɖo. Togbɔ be nukpɔsusu ma mesɔ o hã la, míese egɔme nɛ. Ele be míaɖo ŋku edzi be alea koe nuwo le na vidzĩa ƒe ɖeka kple edzivɔ tso esime wodzii. Eƒe susue nye be woɖo ye fia ɖe ame tsitsiwo nu, eye woƒe dɔ koe nye be woasubɔ ye. Ƒomeɖaŋuɖola John Rosemond ŋlɔ bena: “Dzilawo tsɔa ƒe eve pɛ ko ƒãa susu sia ɖe wo viwo me, ke ne mede ɖeke o la, axɔ ƒe wuiade sɔŋ hafi woaɖɔe ɖo! Ke hã, dɔ siae dze ŋgɔ dzilawo be woawɔ: be woawɔ vi na vidzĩa gbã, ke vivivi la, woana wòava kpɔe adze sii be menye nenemae agbea le o.”
Ne ɖevia xɔ abe ƒe eve ene la, eva dea dzesii be nuwo mele abe ale si yesusui ene o, elabena dzilaa meganyea dɔtsɔla azɔ o, ke ame si ɖoa nu nɛ boŋ. Fifia ɖevia va kpɔnɛ be ye dzilawo mele yeƒe gbe dzi wɔm o, ke boŋ wodi tso ye si be yeawɔ woƒe gbe dzi. Ðevia sena le eɖokui me be woɖe ye le zi dzi, eye tɔtrɔ sia medzea eŋu o. Esia venɛ, eye wòdina be yeana nuwo nanɔ abe tsã ene. To mɔ ka dzi?
Ne Ðevia Le Avinugbe Wɔm
Ne ɖeviwo xɔ ƒe eve la, tɔtrɔ gã aɖe si dzena le wo dometɔ geɖe ŋue nye be wonɔa avinugbe wɔm. Esia ɖea fu na dzilawo ale gbegbe be wogblɔna be ɣeyiɣi sia mee ɖeviwo mesea tonu kura o! Zi ɖeka kasia, nya siwo ɖevia lɔ̃a gbɔgblɔ wue nye “Ao!” alo “Megbe!” Etɔtɔna le eɖokui me, eye wòbia dzi ɖe edzilawo ŋu, le esi eƒe seselelãmewo meto mɔ ɖeka o ta. Adi be yeanɔ adzɔge tso wo gbɔ, gake agadi hã be yeate ɖe wo ŋu. Dzilawo hã tɔtɔna, womeganɔa nya aɖeke gɔme sem o, eye wowɔa nu sia nu doa kpoe. Nu ka gɔ̃e le dzɔdzɔm?
Enyo, bu tɔtrɔ gã si va ɖevia ƒe agbe me la ŋu kpɔ. Tsã la, kasia wòafa avi ko la, ame tsitsiwo nɔa du dzi be yewoakpɔ egbɔ. Fifia, eva le dzesi demee be yeƒe “dziɖuɖua” nu yi, eye ele be yeanɔ nanewo ya teti wɔm na ye ɖokui. Vivivi la, eva sea egɔme be ele be yeabɔbɔ ye ɖokui le ɖekawɔwɔ me kple nya si Biblia gblɔ bena: “Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me.”—Kolosetɔwo 3:20.
Ele be dzilawo nakpɔ egbɔ be yewote afɔ ɖe to sesĩe le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Ke hã, ne wowɔ esia le lɔlɔ̃ me la, ɖevia atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu nyuie. Eye nu siwo wòasrɔ̃ la adzrae ɖo ɖe etsɔme ŋu esime wòle tsitsim nukutɔe.
Amenyenye
Lãwo tea ŋu sea ame ƒe gbe, eye mɔ̃wo li siwo ŋu wotrɔ asi le be woawɔ ame ƒe gbe dzi ahaƒo nu wòaɖi amegbetɔ tɔ. Gake amegbetɔwo koe tea ŋu léa ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu. Eya ta, ne ɖevi xɔ abe ƒe eve alo etɔ̃ ene la, eva nyaa nu si nye ŋukpe, dada kple dzitsinya ƒe fɔbuame. Esiawoe nyea afɔɖeɖe gbãtɔ siwo ana wòava nye ame tsitsi si tea ŋu tsoa nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu, eye wòtea ŋu ɖonɛ be yeawɔ nu nyui ne amewo le nu gbegblẽ wɔm gɔ̃ hã.
Le ɣeyiɣi siawo me la, dzi dzɔa dzilawo ɖe nukunu bubu aɖe hã ŋu. Ðevia va nɔa dzesi dem ale si ame bubuwo sena le wo ɖokui me. Esime wòxɔ ƒe eve la, ɖeko wònɔa amewo dome nɔa fefem, gake fifia ya efena kpli wo. Ne edzilawo le dzidzɔ kpɔm la enyana, eye anɔ didim be yeadze wo ŋu hã. Esia ate ŋu ana wòabɔbɔ eɖokui be woafia nu ye.
Kasia, ɖevi si xɔ ƒe etɔ̃ la va nɔa dzesi dem vovototo si le nyui kple vɔ̃, nu si nyo kple nu si menyo o la dome. Edze ƒãa be ɣeyiɣi sia nye mɔnukpɔkpɔ na dzilawo be woahe wo viwo be woava nye ame tsitsi ɖɔ ʋuwo.—g11-E 10.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me la, vidzĩ tea ŋu dea dzesi dadaa ƒe gbe, eye wòlɔ̃a eƒe nuƒo sese wu ame tutɔwo tɔ
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Kasia, ɖevi si xɔ ƒe etɔ̃ la va nɔa dzesi dem vovototo si le nyui kple vɔ̃, nu si nyo kple nu si menyo o la dome
[Aɖaka si le axa 6]
NU SI TAE WONƆA AVINUGBEWƆWƆ DZI ÐO
Aƒetɔ John Rosemond gblɔ le eƒe agbalẽ si nye New Parent Power me be: “Dzila aɖewo sena le wo ɖokui me be vodada aɖe si yewowɔ le ɖevia ƒe nudidiwo gbɔ kpɔkpɔ me gbɔe wòtsona be wònɔa avinugbe wɔm ɖo. Eya ta woƒe susue nye be ne yewoe na ɖevia le avinugbe wɔm la, ke ele be yewoawɔ ɖɔɖɔɖo enumake. Eya ta wova lɔ̃na ɖe nu si wogbe na ɖevia va yi la dzi. Alo ne toe wohe nɛ la, ke wova wɔa nu si ɖevia di hafi la nɛ wògbɔa edzi gɔ̃ hã be yewoƒe dzitsinya nagaɖe fu na yewo o. Ame sia ame ƒe dzi dzea eme. Ðevia dzudzɔa avinugbewɔwɔ, dzilaa kpɔa tomefafa, eye ɖevia kpɔnɛ dzea sii be avinugbewɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi yeato akpɔ nu si dim yele, eva bina ɖe ewɔwɔ me hewɔnɛ wu tsã.”