Dzilawo Ƒe Numenyawo
Ne ènye dzila si si ɖevi suewo le la, ke ɖewohĩ èle go dom kuxiwo. Le kpɔɖeŋu me, aleke nàwɔ ne ɖevia le avinugbe wɔm? Aleke nàkpe ɖe viwòa ŋu wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome? Aleke nàhe to nɛ ale si dze? De dzesi ale si dzila aɖewo kpɔ nya siawo gbɔe.
AVINUGBEWƆWƆ
“Ðevi siwo xɔ va se ɖe ƒe eve la kpɔa mɔ be woawɔ nu si yewodi la na yewo. Kuxi sia nɔ mía viŋutsuvia ŋu. Ne míewɔ nu si wòdi o la, enɔa nuwo fɔm nɔ dadam. Eyae nye míaƒe ŋgɔgbevi, eya ta emae nye zi gbãtɔ míedze ŋgɔ kuxi sia. Esi ame aɖewo gblɔ na mí be nenemae ɖeviwo le la, esia mena míaƒe dzi dze eme o.”—Susan, Kenya.
“Esi mía vinyɔnuvia xɔ ƒe eve la, ne edo dziku la, emlɔa anyigba, anɔ ɣli dom, afa avi, anɔ afɔ dam ɖe yame . . . Esia ɖea fu na mí ŋutɔ! Ne míele agbagba dzem be míable enu le nɔnɔme sia me la, melɔ̃na o. Eya ta mía kple srɔ̃nye míenana wòyia eƒe xɔ me, eye míetsɔa gbe blewu gblɔna nɛ be ne eƒe dzi dze eme la, ate ŋu ava míaƒo nu tso nyaa ŋu. Ne eƒe dzi dze eme la, mía dometɔ ɖeka yia eƒe xɔ me ɖakpena ɖe eŋu wòsea egɔme be nu si wɔm wònɔ hafi la mesɔ o. Mɔnu sia wɔa dɔ. Edzɔ gbe ɖeka gɔ̃ hã be míese wònɔ gbe dom ɖa na Mawu henɔ tsɔtsɔke biam. Emegbe eva ɖe avinugbewɔwɔa dzi kpɔtɔ hedzudzɔ mlɔeba.”—Yolanda, Spain.
“Ðevi sue aɖewo nɔa wo dzilawo ɖem ɖe enu be yewoakpɔ be woƒe susu ava trɔ hã. Ne wode se ɖe nane ŋu na ɖevi eme kɔ hafi wogaɖe mɔ ɖe ewɔwɔ ŋu nɛ la, etɔtɔna. Míeva kpɔe be ne míete afɔ ɖe to, eye míaƒe nya to mɔ ɖeka la, vivivi la, mía viwo kpɔnɛ be menye avinugbewɔwɔe ana woƒe asi nasu nu si dim wole dzi o.”—Neil, Britain.
ÐƆÐƆÐO
“Ne ɖevi mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o la, esesẽna be nànya nenye be ele to ɖom nya si gblɔm nèle nɛ. Nyawo gbɔgblɔ ake le vevie. Ele be nànɔ nya ɖeka gbɔgblɔ dzi, ne edze abe èle egblɔm zi akpe nanewo hã, eye nàwɔ asi ɖe nya dzi ahaƒo nu gbeteteɖedzitɔe.”—Serge, France.
“Togbɔ be nɔnɔme ɖeka mee míenyi mía vi eneawo le hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔme le vovo. Wo dometɔ ɖeka nɔa avi dzi ne ekpɔ be nu si yewɔ la medze mía ŋu o, ke nɔvia ya anɔ agbagba dzem be yeazi nu si wòdi la ɖe mía dzi. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòahiã be nàklẽ ŋku ɖee alo ablu ɖe eta, ke ɣebubuɣiwo la, ahiã be nàhe to.”—Nathan, Canada.
“Ele vevie be dzila nawɔ eya ŋutɔ ƒe gbe dzi. Ke hã, mele be eƒe nya me nasẽ kpaɖii o. Ɣeaɖewoɣi ne ɖevia se veve ɖe nu si wòwɔ ta la, míekpɔnɛ be asɔ be míakpɔ nublanui nɛ le tohehe nɛ me.”—Matthieu, France.
“Medzea agbagba be magade se geɖe akpa o, gake menana eme kɔna be nyematrɔ se siwo li xoxo la o. Vinyeŋutsuvi si xɔ ƒe etɔ̃ la nya nu si anye eƒe tosesẽ me tsonu, eye esia kpena ɖe eŋu wòkpɔa eɖokui dzi nyuie. Nyateƒee, ɖeɖiteameŋu ate ŋu ana madi be maŋe aɖaba aƒu eƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi. Gake esi medi be nye nyawo nato mɔ ɖeka ta la, medzea agbagba ɖea afɔ. Ele vevie be dzila ƒe nya nato mɔ ɖeka!”—Natalie, Canada.
NYAWO NATO MƆ ÐEKA
“Edze abe ɣesiaɣi si dzila ƒe nya meto mɔ ɖeka o la, ɖeviwo dea dzesii ene.”—Milton, Bolivia.
“Ɣeaɖewoɣi la, mía via anɔ nya ɖeka biam le mɔ vovovowo nu be yeakpɔ ɖa be míana ye ŋuɖoɖo si to vovo hã. Alo ne megblɔ nya aɖe nɛ, eye dadaa hã gblɔ nya bubu la, esusuna be yekpɔ gbagbãƒe aɖe, eye wòdina be yeawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ana míawɔ nu si yedi na ye.” —Ángel, Spain.
“Ɣeaɖewoɣi la, meŋea aɖaba ƒua vinyea ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ne dzi le dzɔyem, gake ne dzi mele dzɔyem o la, mehea to nɛ vevie. Meva kpɔe be ɖeko esia ana eƒe nɔnɔme gbegblẽa nado gã ɖe edzi boŋ.”—Gyeong-ok, Korea.
“Ele vevie be ɖeviwo nase egɔme be menye egbea koe nuwɔna aɖe nye nu gbegblẽ o, ke enye nu gbegblẽ ɣeawokatãɣi hã.”—Antonio, Brazil.
“Ne dzilawo ƒe gbe mesɔ o la, ɖeviawo asusu be Papa kple Dada ƒe nya meto mɔ ɖeka o, eye woƒe seselelãmewoe kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe nyametsotsowo dzi. Gake ne dzilawo ƒe nudidiwo to mɔ ɖeka la, ɖeviawo anya be ne nane menyo o ko la, ɖe menyo o. Esia hã ana woƒe dzi nadze eme, eye woakpɔe be wolɔ̃ yewo.”—Gilmar, Brazil.
“Ne ɖeviwo kpɔe be le nɔnɔme aɖe me la, anɔ bɔbɔe be dzilawo nawɔ yewoƒe didi dzi na yewo la, wobunɛ be esia nye mɔnukpɔkpɔ na yewo. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ne wole ame dome. Ne nyemelɔ̃ ɖe vinyeŋutsuvia ƒe nya dzi o la, megblɔnɛ nɛ tso gɔmedzedzea henana eme kɔna nɛ be ne ele fu ɖem nam ʋuu hã la, nyemaɖo toe o.”—Chang-seok, Korea.
“Ele be dzilawo natsɔ nusɔsɔe ahe ɖevia. Ne mía kple srɔ̃nye ƒe susu mewɔ ɖeka o la, míegblɔnɛ le mía nɔewo ɖeɖe dome. Ne dzilawo ƒe susu mewɔ ɖeka le nya aɖe ŋu o la, ɖeviwo tea ŋu dea dzesii, eye woate kpɔ be yewoawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ.”—Jesús, Spain.
“Ne ɖevi de dzesii be ye dzilawo ƒe gbe sɔ, eye yemate ŋu anɔ nu ɖom na wo o la, eƒe susu adze akɔ anyi. Eɖatiae be yeaɖo to alo asẽ to o, emetsonua le nyanya nɛ.”—Damaris, Germany.
“Mía kple srɔ̃nye míekpɔe be be míaƒe nya nato mɔ ɖeka la, esia bia hã be míawɔ nu nyui siwo ƒe ŋugbe míedo na mía vinyɔnuvi la dzi. Esia nana wòkpɔnɛ be yeate ŋu aka ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi.”—Hendrick, Germany.
“Ne sẽ kple sẽ ko nye dɔtɔ le nu si wòdi tso asinye le dɔ me la trɔm la, dzi akum. Aleae wòle le ɖeviwo hã gome. Ne seawo le nyanya na wo, eye wonya be seawo matrɔ o la, woƒe susu dzea akɔ anyi. Ele be woanya woƒe tomaɖomaɖo me tsonuwo ahanya be esiawo hã matrɔ o.”—Glenn, Canada.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
“Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃, eye miaƒe Ao nanye Ao.”—Yakobo 5:12
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]
ƑOMENYAWO
Fufɔfɔ Si Míenɔ Mɔ Kpɔm Na O—Ale Si Míetrɔ Ðe Eŋu
Abe ale si Tom kple Yoonhee Han gblɔe ene
Tom: Esi míeɖe srɔ̃ ɣleti ade pɛ ko megbee srɔ̃nye Yoonhee de dzesii be fu le ye ƒo. Medze agbagba lé ɖokuinye kpoo le esi medi be made dzi ƒo na Yoonhee be wòaɖo ŋu ɖe ŋunye hena akɔfafa kple ŋusẽdodo ta. Gake le ememe la, dzidzi ƒom!
Yoonhee: Metɔtɔ le ɖokuinye me, eye vɔvɔ̃ ɖom! Avi dzi koe menɔna; mese le ɖokuinye me be nyemesu te be manye vidada o.
Tom: Nye hã mese le ɖokuinye me be nyemesu te be manye vifofo o! Gake esi míeɖo dze kple dzila bubuwo tso eŋu la, míede dzesii be fufɔfɔ si srɔ̃tɔwo mele mɔ kpɔm na o la bɔ wu ale si míesusui. Esi dzila bubuwo ƒo nu tso dzidzɔ si le vifofo alo vidada nyenye me ŋu na mí la, esia hã de dzi ƒo na mí. Vivivi la, mɔkpɔkpɔ na ɖevia va xɔ ɖe vɔvɔ̃ kple dzimaɖeɖi teƒe.
Yoonhee: Kuxi bubuwo te mododoɖa tso esime míedzi Amanda. Enɔa avi dzi madzudzɔmadzudzɔe, eye metsi zãdomadɔlɔ̃e kwasiɖa geɖe. Nuɖuɖu megadzroam o, eye nu tia kɔ nam vevie. Le gɔmedzedzea me la, nyemedi be mayi ame dome o. Gake meva de dzesii be ne meɖe ɖokuinye ɖe aga hele aƒe me la, maɖe vi o. Eya ta mete hadede kple vidzĩnɔ bubuwo. Esia wɔe be mete ŋu srɔ̃ nu tso wo gbɔ, eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔe be menye nye ɖeka koe le kuxi mawo me tom o.
Tom: Medze agbagba be mazɔ ɖe ƒomea ƒe ɖoɖowo dzi abe tsã ene. Le kpɔɖeŋu me, esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, mía kple Yoonhee míeɖoe be míayi edzi anɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me edziedzi. Azɔ hã, vidzidzi ate ŋu ana ame ƒe gazazãwo nayi dzi wu ale si wòkpɔ mɔ nɛ. Míekpɔ egbɔ be míenɔ agbe ɖe nu si le mía si nu bene míagava zu femewo o, elabena esia hã ate ŋu adzi nutikɔname ɖe edzi.
Yoonhee: Gbã la, mesusui be manya wɔ be makpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me o, le esi vidzĩwo tea ŋu ɖea fu na ame ta. Gake le nyateƒe me la, edzɔa dzi na amewo be vidzĩwo nanɔ yewo gbɔ. Esia nyanya na mewɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye ɖevia tsɔtsɔ yi ame domee megaɖea fu nam o.
Tom: Biblia gblɔ be ɖeviwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ,” heganye “fetu” hã. (Psalmo 127:3) Nya mawo na mese egɔme be nunana xɔasie ɖeviwo nye. Mɔ eve nue woate ŋu azã domenyinu ɖe sia ɖe le: Eyae nye be woawɔ eŋu dɔ le nunya me wòaɖe vi loo alo be woagblẽ edome. Meva le ekpɔm be ɖevi ƒe tsitsime ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe le etɔxɛ, eye ele be mawɔ tɔnye si nua akpe ɖe vinyenyɔnuvia ŋu le ɣeyiɣi mawo dometɔ ɖe sia ɖe me, elabena ne nyemewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ o la, atsi megbe akpa.
Yoonhee: Ɣeaɖewoɣi la, nu siwo míele mɔ kpɔm na o lae dzɔna, eye megblẽ be ame nafɔ fu esime mele mɔ kpɔm nɛ o. Amanda xɔ ƒe ade fifia, eye eƒe nu doa dzidzɔ nam wu gbɔgblɔ.—g11-E 10.
[Nɔnɔmetata]
Tom kple Yoonhee kpakple wo vi Amanda