INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/12 axa 10-12
  • Ale Si Nàhe Ðevi Siwo Mezu Sɔhɛwo Haɖe O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàhe Ðevi Siwo Mezu Sɔhɛwo Haɖe O
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Li Na Toɖoɖo
  • “Miatsɔ Anɔ Mia Nɔewo Kem Faa”
  • “Miɖee Fia Be Yewonye Akpedalawo”
  • ‘Mègagbe Tohehe O’
  • ‘Mina Woanyae Be Nugɔmeselawo Mienye’
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ale Si Miahe Mia Viwo
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 1/12 axa 10-12

Ale Si Nàhe Ðevi Siwo Mezu Sɔhɛwo Haɖe O

“Tso ɖeviwo ƒe vidzĩmenɔɣi va se ɖe esime woxɔ ƒe atɔ̃ la, ƒomea nyea dedienɔƒe kple dziɖeɖiteƒe na wo, eye enɔa bɔbɔe be woaƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe wo me. Ke ne wonya dze sukudede gɔme ko la, ale si ame bubuwo wɔa nui kple ale si woƒoa nui la tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.”—Valter, Italy.

ZI ALE si ɖeviwo le tsitsim la, ame siwo wodea ha kplii la hã dzina ɖe edzi. Fifia, wova dea ha kple sukuhatiwo kple ƒometɔ bubuwo, eye wofena kple ɖevi bubuwo hã. Abe ale si Valter ƒe nya siwo dze le ŋgɔdonyaa me ɖee fia ene la, meganye wò ɖeɖe ko ƒe nuwɔnae akpɔ ŋusẽ ɖe ɖevia dzi, abe ale si wònɔ esime wònɔ sue la ene o. Esia tae wòle vevie be nàwɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ atsɔ afiae be toɖoɖo kple nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia le vevie. Ele vevie hã be nàna nyui kple vɔ̃ ŋuti mɔfiamewoe.

Nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifia la mesua ɖeviwo si kaba alo vana le eɖokui si o. Ðewohĩ ahiã be ‘nàgbe nya, aka mo ahaxlɔ̃ nu, le dzigbɔgbɔ blewu katã kple nufiafiaɖaŋu me.’ (2 Timoteo 4:2) Ku ɖe Mawu ƒe sewo fiafia ɖeviwo ŋu la, wode se na Israel vi siwo nye dzilawo be: “Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (5 Mose 6:6, 7) Eya ta ele vevie be nàyi edzi anɔ nu fiam ɖevia, abe ale si mawunyakpukpui sia ɖee fia ene.

Kuxi vovovowo doa mo ɖa ne dzilawo le wo viwo hehe ƒe agbanɔamedzia tsɔm. Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.

Ɣeyiɣi Li Na Toɖoɖo

Esi Biblia gblɔ be “nuƒoɣi li” ta la, ke ɣeyiɣi li na toɖoɖo hã. (Nyagblɔla 3:7) Aleke nàte ŋu afia viwò ale si wòaɖo to ne wò ŋutɔ alo ame bubuwo le nu ƒom nɛ? Mɔnu ɖekae nye be nàɖo kpɔɖeŋu ɖi nɛ. Ðe nèɖoa to nyuie ne viwò alo ame bubuwo le nu ƒom na wòa?

Nu vovovowo hea ɖeviwo ƒe susu bɔbɔe, eye ɖikeke mele eme o be nuƒoƒo kpli wo abia be nàgbɔ dzi ɖi na wo etɔxɛe. Ðevi ɖe sia ɖe kple ale si wòle, eya ta lé ŋku ɖe nu ŋu ale be nànya mɔnu si wɔa dɔ wu ne èle nu ƒom kple viwò. Le kpɔɖeŋu me, David, si nye vifofo aɖe le Britain, gblɔ be: “Menana vinyenyɔnuvia gagblɔna nya si megblɔ nɛ la le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me. Esia wɔe be esi wòle tsitsim la, eva le to lém ɖe nya ŋu nyuie wu.”

Esi Yesu nɔ nu xlɔ̃m eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na wo be: “Milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie.” (Luka 8:18) Ne esia hiã le tsitsiawo gome la, ɖe mele vevie wu le ɖeviwo ya gome oa?

“Miatsɔ Anɔ Mia Nɔewo Kem Faa”

Biblia gblɔ be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.” (Kolosetɔwo 3:13) Anya wɔ be woafia tsɔtsɔke ɖeviwo hã. Aleke woawɔe?

Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ele be nàɖo kpɔɖeŋu nyui na viwòwo le toɖoɖo me. Na viwòwo nakpɔe le ŋuwò be ètsɔa vo siwo ame bubuwo da le ŋuwò la kea wo. Marina, si nye vidada aɖe le Russia, dzea agbagba wɔa esia. Egblɔ be: “Míedzea agbagba tsɔa vo siwo amewo da le mía ŋu la kea wo, míeɖea asi le nya ŋu, eye míebia dzi o, be wòanye kpɔɖeŋu nyui na mía viwo.” Egagblɔ kpee be: “Ne tɔnye medzɔ o la, meɖea kuku na vinyewo. Medi be woasrɔ̃ ale si woawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nenema ke.”

Ame nɔewo dome dzadzraɖo kple tsɔtsɔke nye nɔnɔme siwo ahiã ɖeviwo le woƒe tsitsi me. Fifiae wòle be nàfia ameŋububu viwòwo, kpakple ale si woalɔ̃ ɖe edzi be yewo tɔ medzɔ o nenye be woda vo. Ne èwɔ esia la, ke èle nunana xɔasi, si aɖe vi na wo esime tsitsim la, nam wo.

“Miɖee Fia Be Yewonye Akpedalawo”

Ame geɖe nye “ɖokuilɔ̃lawo” le “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” sia me. (2 Timoteo 3:1, 2) Fifia si viwòwo le sue lae wòle be nàfia wo ale si woakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miɖee fia be yewonye akpedalawo.”—Kolosetɔwo 3:15.

Ne ɖeviwo le sue gɔ̃ hã la, woate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia kple ameŋububu. To mɔ ka dzi? Agbalẽnyala Kyle Pruett gblɔ le agbalẽ si nye Parents me be: “Mɔ nyuitɔ si dzi nàto awɔ esiae nye be nànɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ƒe nɔnɔmea ɖem fia madzudzɔmadzudzɔe le aƒe me. Esia fia be enuenu la, nàɖe ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe nu si amewo wɔ na wò alo ale si woɖe ameŋububu fia wòe ŋu la agblɔ . . . Ele be nànɔ ewɔm edziedzi.”

Richard, si nye vifofo aɖe le Britain, dzea agbagba wɔa esia. Egblɔ be: “Ne amewo, abe sukunufialawo kple ƒometɔwo ene, nyo dɔme na mí la, míefiaa mía viwo ale si woada akpe na wo. Ne ƒome aɖe kpe mí míeyi ɖaɖu nu le wo gbɔ la, míeŋlɔa akpedanyawo ɖe agbalẽvi dzi, eye ɖeviawo katã dea asi ete alo wotaa nu ɖe edzi míeɖona ɖe ƒomea.” Ameŋububu kple akpedada akpe ɖe viwòwo ŋu be ƒomedodo kplikplikpli si li ke la nanɔ wo kple ame bubuwo dome le etsɔme.

‘Mègagbe Tohehe O’

Esi viwòwo le tsitsim la, ele vevie be woanyae be nu si yewowɔ la kple emetsonue zɔna. Togbɔ be ɖeviwo le sue hã la, agba le wo dzi be woabɔbɔ ɖe tanyenye te, menye le aƒe me ɖeɖe ko o, ke le suku kple nutoa me hã. Anya wɔ be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woase egɔme be nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe. (Galatiatɔwo 6:7) Aleke nàwɔe?

Biblia gblɔ be: ‘Mègagbe tohehe o.’ (Lododowo 23:13) Ne èna eme kɔ na ɖevia be nu siae anye eƒe nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe me tsonu la, kpɔ egbɔ be èwɔ abe ale si nègblɔ ene. Norma, si nye vidada le Argentina, gblɔ be: “Ele vevie be wò nya nato mɔ ɖeka. Esia manɔmee la, ɖeviwo dina be yewoatrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu be wòasɔ ɖe ale si yewodii nu.”

Ne dzilawo na wo viwo nya woƒe tomaɖomaɖo me tsonuwo nyuie do ŋgɔ la, esia ate ŋu awɔe be womava nɔ nya hem legbee le ɖeviwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ vɔ megbe o. Ne ɖeviwo nya seawo kple nu si ado tso eme ne woda le wo dzi, eye wonya nyuie be yewomate ŋu asi le emetsonua nu o la, masesẽ be woalɔ̃ axɔ tohehea o.

Ke hã, be tohehea naɖe vi la, mele be woahe toa le dziku me o. Biblia gblɔ be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã . . . ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Mele be woahe to na ɖeviwo tagbɔsesẽtɔe gbeɖe o, eye mele hã be wòanye tohehe si ade abi woƒe ŋutilã alo seselelãme ŋu o.

Ke ɖe wòanya wɔ be nàlé wò dziku nu ne nu si viwòa wɔ la te ɖe dziwò veviea? Peter, si nye vifofo le New Zealand, gblɔ be: “Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, gake ele be ɖeviawo nanyae be menye yewo dzilawo ƒe ɖokuidzimaɖumaɖu tae wohe to na yewo ɖo o, ke boŋ yewoƒe nuwɔnaa tae.”

Peter kple srɔ̃a dzea agbagba kpena ɖe wo viwo ŋu wodzea sii be to si yewohena na wo la aɖe vi na wo le etsɔme. Peter gblɔ be: “Ne ɖeviawo wɔ nu tovo aɖe gɔ̃ hã la, míehea susu yia ame si ƒomevi wòle be woanye hafi la dzi, ke menye amenyenye gbegblẽ si dze le wo ŋu fifia la dzi o.”

‘Mina Woanyae Be Nugɔmeselawo Mienye’

Esi Mawu nɔ nu ƒom tso to si wòahe na eƒe amewo ŋu la, egblɔ be: “Mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu.” (Yeremiya 46:28) Ne èhe to na ɖevia ale si dze, eye wòsɔ ɖe nu gbegblẽ si wòwɔ nu la, eɖea vi ŋutɔ. Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo bena: ‘Mina woanyae be nugɔmeselawo mienye.’—Filipitɔwo 4:5.

Be nàwɔ nu le nugɔmesese me bia be nàhe toa le mɔ si mana viwòwo nase le wo ɖokui me be wodo vlo yewo o la nu. Santi, si nye vifofo aɖe le Italy, gblɔ be: “Nyemedoa vlo vinyewo gbeɖe o. Ke boŋ medzea agbagba be manya nu si gbɔ kuxia tso ahakpɔ egbɔ. Ne anya wɔ la, nyemehea to na vinyewo le ame dome o, nyemehea to na wo dometɔ aɖeke le nɔvia gɔ̃ hã ŋkume o. Nyemetsɔa woƒe vodadawo ɖea alɔme le wo ŋu o, eɖanye le ame dome loo alo ne míawo ɖeɖee li gɔ̃ hã.”

Richard, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, hã kpɔe be enyo be yease nu gɔme. Egblɔ be: “Ne èle to hem na ɖevi ɖe nu gbegblẽ si wògawɔ ta la, megadzɔ gbeɖe be nàna tohehea nu nanɔ sesẽm ɖe edzi le nu gbegblẽ siwo wòwɔ va yi ta o. Ne èhe to nɛ vɔ ko la, ele vevie be nàƒo asa na nuƒoƒo tso eŋuti atsɔ nɔ ŋku ɖom eƒe vodadawo dzi nɛ.”

Vihehe mele bɔbɔe o, eye ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ, ke hã, viɖe gãwo dona tsoa eme. Yelena, si nye vidada le Russia, lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Meva le dɔ aɖe si awɔe be makpɔ vovo geɖe wu ɖe vinyeŋutsuvia ŋu la wɔm. Esia mele bɔbɔe o, eye wòna nye ganyawo yi to, gake ɖokuitsɔtsɔsavɔ sia na mía kple vinyea dome le kplikplikpli, eye wòle dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.”—g11-E 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ðeviwo ate ŋu asrɔ̃ ameŋububu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Mègado vlo viwòwo ne èle wo ɖɔm ɖo o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe