Anukwareɖiɖi Nana Wokpɔa Dzidzedze Vavãtɔ
“Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.”—Luka 12:15.
ELE vevie be dɔwɔɖui nanɔ mía si le agbe me. Mawu di be míawɔ dɔ akpɔ mía ŋutɔ kple míaƒe ƒomea dzi.—1 Timoteo 5:8.
Gake nenye be gakpɔkpɔ, kple nu siwo ga ate ŋu aƒle na ame va le nu siwo de ŋgɔ wu agbemenuhiahiãwo yome tim ɖe? Eye ne gakpɔkpɔ va xɔ nɔƒe vevitɔ le ame ƒe agbe me ɖe? Ame siwo ƒe taɖodzinu vevitɔ koe nye be yewoazu gatɔwo la, ƒoa wo ɖokuiwo ɖe anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo me bɔbɔe. Kaka woava nya la, esia gblẽ nu le woƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Gawu la, Biblia gblɔ be galɔlɔ̃ hea vevesese geɖe vanɛ.—1 Timoteo 6:9, 10.
De ŋugble le ame ene aɖewo siwo ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be menye kɔlili kesinɔnuwoe hea dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ vanɛ o la ŋu kpɔ.
Bubu Anɔ Ŋuwò
“Ƒe geɖewoe nye esia meɖo dze kple ame aɖe si di be woawɔ ɖoɖo na ye be ne yeku la, woaxe dɔlar miliɔn ɖeka ƒe nugblẽfe na ame siwo yegblẽ ɖe megbe. Ne ete ŋu wɔe la, makpɔ dɔlar akpe geɖe ƒe viɖe tso eme. Egblɔ nam be hafi yeawɔe la, ele be mana viɖe si makpɔ tso eme la ƒe afã ye. Megblɔ nɛ be nu si biam wòle la tsi tre ɖe míaƒe dɔwɔɖoɖo ŋu, eye mele se nu hã o.
“Mebiae be ɖe wòadi be yeagblɔ ye ŋutɔ kple yeƒe ganyawo ŋuti nya ɣaɣlawo na ame aɖe si meɖia anukware o hã. Mete gbe ɖe edzi nɛ be nyemawɔ nu si biam wòle la o, eye megblɔ nɛ hã be ɣesiaɣi si wòdi be mawɔ nugblẽfexeɖoɖoa na ye la, ate ŋu ava faa. Gake megatrɔ va o.
“Ne ɖe melɔ̃ ɖe edzi nɛ la, anye ne megblẽ nye nuteƒewɔwɔ me, eye bubu si le ŋunye abe Kristotɔ ene hã aklo. Anye ne mezu ame si ƒoe ɖe nunye be maƒo ɖokuinye ɖe anukwaremaɖimaɖi nuwɔna ma me la ƒe kluvi.”—Don, U.S.A.
Àkpɔ Tomefafa
Abe ale si míegblɔe le nyati siawo ƒe gbãtɔ me ene la, wona zãnu gã aɖe Danny be wòada alakpa be adzɔha si gbɔ yewoanɔ nuwo ƒlem le la ƒe adzɔnuwo asɔ ɖe yewoƒe dɔwɔƒea ƒe didiwo nu. Nu kae wòwɔ?
“Meda akpe na dɔmemegã la ɖe kplɔ̃ si wòɖo nam la ta, eye metrɔ ga si wòbe maxɔ ade kotoku me la nɛ. Eƒoe ɖe nunye, eye wògblɔ be ne melɔ̃ mɔnukpɔkpɔ sia su yewoƒe dɔwɔƒea si la, yeagatsɔ ga geɖe akpee nam. Gake megbe.
“Ne ɖe melɔ̃ xɔ ga ma la, anye ne manɔ vɔvɔ̃m ɣesiaɣi be nyaa ava dze go. Eva dzɔ hã be nye amegã va se nya la. Dzi dzɔm ŋutɔ, eye nye dzi dze eme be nyemewɔ alakpanu aɖeke o. Meɖo ŋku nya siwo Lododowo 15:27 gblɔ la dzi be: ‘Ame si le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke ame si lé fu [viɖe madzɔmadzɔ] la, anɔ agbe.’”—Danny, Hong Kong.
Àkpɔ Dzidzɔ Le Ƒomegbenɔnɔ Me
“Xɔtudɔwɔlae menye. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo ʋuna ɖi nam be maba ame siwo mele dɔ wɔm na alo agbe adzɔxexe. Gake ale si meɖoe kplikpaa be maɖi anukware le nu sia nu me la le vi ɖem na mía kple nye ƒomea ŋutɔ.
“Ele vevie be ame naɖi anukware le eƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, ke menye le dɔwɔɖuinyawo me ko o. Ne ènya be srɔ̃wò mada le Mawu ƒe se si bia be woaɖi anukware dzi o la, ana kaka ɖe ame nɔewo dzi me nagasẽ ɖe edzi wu le ƒomea me. Srɔ̃wò ase le eɖokui me be yele dedie elabena enyae be wò anukwareɖiɖi menye ameŋkumenuwɔwɔ dzro aɖe ko o.
“Àte ŋu akpɔ ga aɖo dɔwɔƒe gãtɔ kekeake le xexea me, gake màte ŋu aƒle ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ya gbeɖe o. Esi menye Yehowa Ðasefo ta la, mekpɔe be Biblia ƒe sewo dzi wɔwɔ nana menɔa agbe ɖɔʋu. Esi nyemeɖe mɔ xexe sia ƒe gadidi kple ŋukeklẽ de kam le hehem o ta la, mekpɔa vovo ɖe nye ƒomea ŋu eye míekpɔa dzidzɔ.”—Durwin, U.S.A.
Mia Kple Mawu Dome Anɔ Nyuie
“Nyee ƒlea nu siwo míaƒe dɔwɔƒea hiã. Ɣeaɖewoɣi la, fiase gã me nudzralawo dina be yewoaɖe le nu siwo míaƒe dɔwɔƒea aƒle la dzi ale be mía kpli yewo míama ɖedzia be míakpɔ nane ade kotoku me. Gake esia anye míaƒe dɔwɔƒea fifi.
“Nye fetu mesɔ gbɔ boo o, eye nu sia wɔwɔ ate ŋu azu gakpɔmɔnu bubu nam. Gake dzitsinya nyui si anɔ asinye le Yehowa Mawu ŋkumee nye nu vevitɔ kekeake nam. Eya ta le nye gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me la, mewɔna ɖe Biblia ƒe se si le Hebritɔwo 13:18 dzi, si gblɔ be: ‘Míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.’”—Raquel, Philippines.—g12-E 01.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]
Se Siwo Ðea Vi Le Dɔwɔnyawo Me
Nuwɔna siwo wobuna be wosɔ le dɔwɔnyawo me la to vovo tso teƒe yi teƒe. Ke hã, Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu afia mɔ mí le nyametsotso siwo sɔ la wɔwɔ me. Nu ade siwo gbɔna la dzena le dɔwɔɖoɖo nyuiwo ŋu:
Nyateƒetoto
Gɔmeɖose: “Miganɔ aʋatso kam na mia nɔewo o.”—Kolosetɔwo 3:9.
Ŋuɖoɖeameŋu
Gɔmeɖose: “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao.”—Mateo 5:37.
Kakaɖeamedzi
Gɔmeɖose: ‘Mègaʋu go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla o.’—Lododowo 25:9.
Nuteƒewɔwɔ
Gɔmeɖose: “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo.”—2 Mose 23:8.
Nu Si Sɔ Wɔwɔ
Gɔmeɖose: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.
Sedziwɔwɔ
Gɔmeɖose: “Mitsɔ nu siwo amewo katã dze na la na wo: mixe adzɔ na ame si biaa adzɔ.”—Romatɔwo 13:7.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ale Si Nàwɔ Alé Anukwareɖiɖi Me Ðe Asi Le Dɔwɔnyawo Me
● Nya Nu Si Le Vevie Wu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe gakpɔkpɔ le vevie na wò wu ƒomedodo nyui si anɔ mia kple Mawu domea?
● Wɔ Tiatia Do Ŋgɔ. De ŋugble le nɔnɔme siwo ate ŋu ado mo ɖa si ado wò anukwareɖiɖi kpɔ la ŋu, eye nàtso nya me le nu si nàwɔ ŋu.
● Na Woanya Ame Si Ƒomevi Nènye. Ne èdze dɔ yeye aɖe gɔme la, na wò dɔwɔhatiwo nanya ale si nèdea asixɔxɔ nu si sɔ wɔwɔ ŋui.
● Bia Kpekpeɖeŋu. Ne èdo go tetekpɔwo alo mènya nyametsotso nyuitɔ si nàwɔ le dɔwɔnyawo me o la, bia kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si hã dea asixɔxɔ nu si sɔ wɔwɔ ŋu la gbɔ.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Àkpɔ tomefafa ne èɖia anukware le nu sia nu me