INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 20-22
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo?
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nu Ka Tae Wòanyo Be Made Kpekpewo Le Fiaɖuƒe Akpata Me?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 20-22

Sɔhɛwo Biana Be

Nu Ka Tae Wòle Be Nàyi Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo?

KRISTOTƆWO ƑE KPEKPEWO DEDE DOA DZIDZƆ NA WÒA?

Ɛ̃

↓

YI EDZI NÀNƆ DEDEM

AO

↓

NU KAE NÀTE ŊU AWƆ TSO EŊU?

BIBLIA de se na Kristotɔwo be woanɔ ƒu ƒom hena tadedeagu. (Hebritɔwo 10:25) Ke ne mesea vivi le kpekpeawo me o ɖe? Ne wò susu nɔa tsaglãla tsam le nu siwo nànɔ wɔwɔm ɣemaɣi ne afi bubu aɖee nèle ya ɖe? Te aɖaŋuɖoɖo siwo le axa siwo kplɔ esia ɖo la dometɔ ɖeka alo geɖe kpɔ.

1. DE EDZIEDZI

Mawunyakpukpui vevi: “Ezu numame na ame aɖewo be womegakpena hena tadedeagu ɖekae o, ke mele be nàwɔ nenema o.”—Hebritɔwo 10:25, Contemporary English Version.

Nu ka tae nàdi be yeanɔ nane si mevivia nuwò o la wɔm edziedzi? Nya la koe nye be, mɔ ma ko dzie nàto ase vivi nɛ! Bu eŋu ale: Aleke nàwɔ abi ɖe kamedefefe aɖe me eye wòazu fefe si vivia nuwò nenye be ƒãa hafi nèkpɔa gome le eme? Alea kee wòle le Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã gome. Zi geɖe ale si nèdenae la, zi nenemae nàsu te nyuie le gbɔgbɔ mee. Esia awɔe be nàdi be yeanɔ kpekpeawo dem!—Mateo 5:3.

Aɖaŋuɖoɖo: Le kpekpe ɖe sia ɖe megbe la, gblɔ nu si do dzidzɔ na wò le dɔdeasiwɔla ɖeka ya teti ƒe dɔa ŋu la nɛ. Ŋlɔ vi siwo kpekpea dede ɖe na wò la dometɔ ɖeka ɖe agbalẽ me. Esi wònye be nu siwo me míedzrona le kpekpewo me la kuna ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ta la, ɖoe wò taɖodzinui be nàna ale si nèƒoa nu tso wò dzixɔse ŋu na ame bubuwo la nanyo ɖe edzi. Esia ana nu siwo me míedzrona le kpekpewo me la nanɔ vevie na wò wu.

“Wona hehem tso ɖevime ke be ele be míade kpekpewo godoo. Esi menye ɖevi dzaa gɔ̃ hã la, mewɔ nam kpɔ be mada kpekpewo ƒu o. Nɔnɔme sia tsi asinye va se ɖe egbe.”—Kelsey.

Nya vevitɔ: Kpekpeawo vivia ame siwo dea kpekpewo edziedzi la nu wu—eye wòɖea vi geɖe na wo!

2. ÐO TO NYUIE

Mawunyakpukpui vevi: “Milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie.”—Luka 8:18.

Numekulawo gblɔ be ame siwo nye toɖola nyuiwo la ŋlɔa nya siwo wose le wɔna aɖe me la ƒe 60 le alafa me be le ŋkekea ƒe nuwuwu. Ne wò ga buna kabakaba nenema gbegbe la, ɖe màwɔ nane atsɔ akpɔ eta oa?

Aɖaŋuɖoɖo: Nɔ anyi ɖe dziwòlawo gbɔ le ŋgɔgbezikpuiawo dzi, afi si manɔ bɔbɔe le be wò susu nanɔ tsatsam o. Wɔ nuŋlɔɖiwo. Togbɔ be mɔ siwo nu amewo tona srɔ̃a nu le le vovovo hã la, nuŋlɔɖiwo wɔwɔ ate ŋu ana wò susu nanɔ nuƒola ŋu—eye aɖe vi na wò ŋutɔ ne èva to wo me emegbe.

“Esesẽna nam ŋutɔ be maɖo to le kpekpewo me, gake fifia mete ŋu le to ɖom. Medzea agbagba be nu si ta mele afi ma ɖo la nanɔ susu me nam. Menye kɔnu dzro aɖe koe wònye abe sɔlemedede ene o. Meyia kpekpewo be maɖade ta agu ahasrɔ̃ nu—ne nane natsi susu me nam si ŋu dɔ mawɔ le nye agbenɔnɔ me.”—Kathleen.

Nya vevitɔ: Tomaɖomaɖo le kpekpewo me le abe kplɔ̃ɖoƒeyiyi evɔ womaɖu nu o ene.

3. KPƆ GOME LE EME

Mawunyakpukpui vevi: “Amewo srɔ̃a nu tso wo nɔewo gbɔ abe ale si wotsɔa ga nyrea gae ene.”—Lododowo 27:17, Good News Translation.

Esi nènye sɔhɛ ta la, èwɔa akpa vevi aɖe le hamea ƒe kpekpewo me. Mègabu wò kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nu tsɛ gbeɖe o, eɖanye le nyaŋuɖoɖo alo hadede kple haxɔsetɔwo me o.

Aɖaŋuɖoɖo: Ðoe kplikpaa be yeaɖo nya ɖeka ya teti ŋu le nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe dɔdeasiwo me. Tsɔ ɖokuiwò na faa nàkpe asi ɖe teƒea dzadzra ɖo kple dɔ bubu siwo wòle be woawɔ do ŋgɔ na kpekpea kple ewɔɣi alo le kpakpã vɔ megbe la ŋu. Dze agbagba nàɖo dze kple ame aɖe si mɔnukpɔkpɔ mesua asiwò nèɖoa dze kplii o.

“Esi menye ƒewuivi la, mekpɔa gome le nuƒomɔ tsɔtsɔ tsa kple nuƒolanɔƒea gbɔ kpɔkpɔ ƒe dɔwo me. Dɔdeasi siawo wɔwɔ na mesena le ɖokuinye me be mele akpa vevi aɖe wɔm, esia nana medina vevie be manɔ kpekpea me eye mava ɖe game dzi. Esia kpe ɖe ŋunye meva tsɔ ɖe le mawusɔbɔsubɔ me geɖe wu.”—Miles.

Nya vevitɔ: Mèganɔ kpekpea me ko o—wɔ nane! Gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me ɖea vi wu be nànye nyasela dzro ko.—g12-E 04.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

MÍELE KPEWÒM!

Àdi be

● Yeasrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋua?

● Yeazu ame ɖɔʋu wua?

● Yeadze xɔlɔ̃ nyuitɔwo kekeakea?

Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu siawo—kple bubu geɖewo! Yehowa Ðasefowo kpena le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa hena tadedeagu. Womexɔa ga le vavalawo si o, ame sia ame ate ŋu ava faa.

Dze agbagba nàva! Fiaɖuƒe Akpatawo mele abe sɔleme siwo nède kpɔ la dometɔ aɖeke ene o. Wotea gbe ɖe ale si wòle vevie be míawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi la dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me, eye àsrɔ̃ ale si Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe le dzidzeme gãtɔ kekeake me!—5 Mose 31:12; Yesaya 48:17.

Sai—Esi mege ɖe Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ la, ewɔ nuku nam be nyemekpɔ kpetata aɖeke o, eye ame aɖeke medo awu abe nunɔla ene alo bia tso asinye be madzɔ ga o. Ame sia ame do vivi ɖe ŋunye nyuie, eye nye dzi dze eme miɔɔ. Nya siwo me wodzro le kpekpea me gɔme sese le bɔbɔe, eye susu le wo me. Nyateƒe si dim menɔ lae nye esia!

Deyanira—Mexɔ ƒe 14 esime meyi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ. Ame sia ame xɔm atuu enumake. Edze abe edzɔ dzi na wo ŋutɔ be meva ene, eye wotsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ. Ale si wowɔ nu ɖe ŋunye zi gbãtɔ ma la wɔe be mekpe ŋu nam be magayi ake o!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Dze agbagba nànya nyati siwo me woadzro le hamea ƒe kpekpe si woagawɔ la me. Tia kpekpea ƒe akpa si do dzidzɔ na wò . . .

LÃE NÀWƆ EƑE KƆPI

Kpe nya siwo le ete la Kpe nya siwo le ete la ɖo ne

ɖo hafi nàyi kpekpea. wodzro nyati ma me vɔ.

Akpa si dzɔ dzi nam: Nu si mesrɔ̃:

․․․․․ ․․․․․

⇩ ⇩

Nu si medi be manya Nu kae do dzidzɔ nam le

tso nyati sia ŋu: dɔdeasia wɔla ƒe dɔa ŋu

si madi be magblɔ nɛ:

․․․․․ ․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe