INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/13 axa 16
  • Boso Kpoɖoɖoe Ƒe Tsiƒunuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Boso Kpoɖoɖoe Ƒe Tsiƒunuwo
  • Nyɔ!—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2013
  • Bosoawo Va Ðo!
    Nyɔ!—2015
  • Ale Si Boso Ƒomevi Aɖe Tea Ŋu Doa Ðii
    Ðe Wowɔea?
  • Boso Ƒe Ŋutigbalẽ Si Klɔa Ði Le Eɖokui Ŋu
    Ðe Wowɔea?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 6/13 axa 16

ÐE WOWƆEA?

Boso Kpoɖoɖoe Ƒe Tsiƒunuwo

BOSO sia si míayɔ be boso kpoɖoɖoe la ƒe tsitsitɔ lolo hekpe wu bɔs legbetɔ. Ke hã, ale si ƒumelã gã sia tea ŋu ɖea zɔ kabakaba ne ele ɖi dom hele eɖokui trɔm la ɖe dzesi ŋutɔ. Aleke wòdzɔe be ŋutete sia le boso ƒomevi sia si? Nu si gbɔ wòtso ƒe ɖee nye nu glidzaglidza siwo le eƒe tsiƒunuwo ƒe to.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Boso kple ƒumelã gã geɖewo ƒe tsiƒunuwo ƒe to zrɔ̃na. Gake boso sia ya tɔ mele nenema o. Eƒe tsiƒunuwo ƒe to le glidzaglidza. Ne boso sia le tsi ƒum la, tsi va lɔa nu glidzaglidza siwo le tsiƒunuawo ƒe to hegbagbana. Ne “tsia gbagba alea la” ekɔa bosoa yia dzi, eye esia wɔnɛ be wòtea ŋu kekea tsiƒunuawo ɖe dzogoe si keke nyuie me si wɔnɛ be metɔna hafi kekea tsiƒunuawo me o. Ale si wòtea ŋu kekea tsiƒunuawo ɖe dzogoe si keke nyuie me la wɔnɛ be tsia ƒuƒu nɔa bɔbɔe nɛ wu—ale si eƒe tsiƒunuawo didii lae nye nu vevi si gbɔ wòtso be wòtea ŋu wɔa esia. Ne woma boso sia ƒe didime ɖe akpa etɔ̃ la, tsiƒunuawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime axɔ akpa ɖeka.

Numekulawo le ŋutete sia si le boso sia si la ŋu dɔ wɔm be yewoatsɔ awɔ tɔdziʋu ƒe kuɖɔɖoti, tsiŋusẽnamɔ̃, yaŋusẽnamɔ̃ kple helikɔpta ƒe yaƒonu siwo de ŋgɔ wu.

Nu kae nèsusu? Ðe boso kpoɖoɖoe ƒe tsiƒunua dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe