INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 8/13 axa 16
  • Ale Si Albatross Saa Agba Ŋusẽ Boo Mazamazãe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Albatross Saa Agba Ŋusẽ Boo Mazamazãe
  • Nyɔ!—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2013
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2014
  • Ale Si Nàwɔ Aɖe Elektrikŋusẽ Kple Mɔ̃memi Zazã Dzi
    Nyɔ!—2017
  • Xeviwo Ƒe Aʋala Nugbɔ
    Nyɔ!—2015
Nyɔ!—2013
g 8/13 axa 16

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Albatross Saa Agba Ŋusẽ Boo Mazamazãe

XEVI aɖewo tea ŋu saa agba le yame ŋusẽ boo mazamazãe. Ƒudzixe si woyɔna be albatross nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi. Xevi sia ƒe kpekpeme ade kilogram 8.5 eye ƒe aʋala ƒe kekeme nye meta 3.4. Etea ŋu dzona kilometa akpe geɖe ŋusẽ boo mazamazãe! Eƒe wɔwɔme kple ŋutete si wòzãna ne ele dzodzom la gbɔe wòtsona be wòtea ŋu saa agba bɔbɔe nenema.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ne albatross le dzodzom eye wòkeke aʋala me keŋkeŋ la, eƒe kpeƒetsiaka tɔxɛ aɖe va glãa eƒe aʋalawo eye womegaƒona o, si wɔnɛ be eƒe lãkusiwo ɖina ɖe eme. Nu evelia si kpena ɖe ƒudzixe sia ŋu wòtea ŋu saa agba le atsiaƒu dzi gaƒoƒo geɖe lae nye ale si wòtea ŋu nyaa afi si ƒudziyawo ɖo tae.

Ne albatross le agba sam le ƒua dzi la, eyia yame ʋĩ, trɔna heɖiɖina vaa anyime, enɔa esia wɔm enuenu, eye nu sia wɔwɔ nana wògakpɔa ŋusẽ si wòzã esime wòdzo kpe ƒudziya la. Nyitsɔ laa ko hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe nu si kpena ɖe ƒudzixe sia ŋu wòtea ŋu wɔa nu sia la ŋu. Wozã mɔ̃ deŋgɔwo kple kɔmpiutaɖoɖo tɔxɛwo tsɔ kpɔe be ne albatross dzo yi yame hetrɔ be yeaɖiɖi lae wòkpɔa ŋusẽ si wòhiã. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ƒudzixe sia “nɔa ŋusẽ si wòtsɔ saa agbae la kpɔm blewu eye wòyia edzi ɖaa.” Nu kae dona tso eme? Xe sia tea ŋu dzona gaƒoƒo geɖe aʋalamaƒomaƒoe!

Nu sia nyanya tso xevi sia ŋu ate ŋu akpe ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋu be woawɔ yameʋu siwo mazã ami boo o, ɖewohĩ yameʋu siwo mahiã be woazã mɔ̃ hafi aku wo o.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si albatross saa agba le atsiaƒu dzi ŋusẽ boo mazamazãe kple eƒe wɔwɔme tɔxɛ la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe