INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/14 axa 12-13
  • Konstantino

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Konstantino
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOÐO SƆLEMEHAWO LE SE NU HEZÃ WO
  • KRISTOTƆNYENYE KAE WOÐO ANYI?
  • Konstantino Gãtɔ Kristotɔnyenye Taʋlilae Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Woɖo Alakpafiaɖuƒe Aɖe Anyi
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Aleke Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Nufiafia la Wɔ Keke Ta?
    Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?
Nyɔ!—2014
g 2/14 axa 12-13
Ŋkuɖodzikpe si Konstantino tu tsɔ ɖoa ŋku eƒe aʋadziɖuɖu dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Konstantino

Konstantino nye Romatɔwo ƒe fiagã gbãtɔ si gblɔ be yezu Kristotɔ. Eto esia me kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe xexemeŋutinya dzi. Eva zu Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha si wolé fui tsã la me tɔ eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe subɔsubɔha sia dzi hekpe asi ɖe eŋu woɖo Kristodukɔa anyi. Eya ta The Encyclopædia Britannica gblɔ be yeaɖi Kristotɔnyenye va zu “hadome kple dunyahehe ƒe dɔwɔnu sesẽtɔ kekeake” si kpɔ ŋusẽ ɖe xexemeŋutinya dzi.

NU KA TAE nàtsɔ ɖe le Roma-fiagã aɖe si nɔ anyi le blema la ƒe ŋutinya me? Ne ètsɔ ɖe le Kristotɔnyenye me la, ke nyae be Konstantino ƒe dunyahehe kple eƒe subɔsubɔnuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe sɔlemeha geɖewo ƒe dzixɔsewo kple woƒe nuwɔnawo dzi va se ɖe egbe. Na míakpɔ ale si esia dzɔe la ɖa.

WOÐO SƆLEMEHAWO LE SE NU HEZÃ WO

Le ƒe 313 me la, Konstantino nɔ Ɣetoɖoƒe Roma-fiaɖuƒea dzi ɖum esime Likinio kple Maximino hã nɔ Ɣedzeƒe fiaɖuƒea dzi ɖum. Konstantino kple Likinio siaa na ablɔɖe woƒe dukɔmeviwo be woate ŋu asubɔ woƒe mawuwo faa, eye ablɔɖe sia su Kristotɔwo hã si. Konstantino kpɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha ta eye wòsusui be subɔsubɔha sia awɔe be yeƒe fiaɖuƒea nawɔ ɖeka.a

Eya ta medzɔ dzi na Konstantino kura be mama le sɔlemehawo dome o. Esi wòdi vevie be yeana sɔlemehawo ƒe nu nasɔ ta la, edze agbagba ɖo dzixɔse si wòbu be eyae nye adodoea anyi eye wòzii ɖe wo dzi. Ele na bisiɔpwo be woaɖe asi le woƒe subɔsubɔdzixɔse aɖewo ŋu. Eye bisiɔp siwo lɔ̃ wɔ esia megaxea adzɔ o, eye fiagã la naa ga geɖe wo. Blemaŋutinyaŋlɔla Charles Freeman gblɔ be: “Kristotɔwo ƒe dzixɔse siwo wogblɔ be enye adodoea nana ame ƒe asi sua dziƒo kple anyigbadzikesinɔnu gbogbo aɖewo siaa dzi.” Ale wɔ sɔlemehakplɔlawo zu ame xɔŋkɔwo le xexemenyawo me. Blemaŋutinyaŋlɔla A.H.M. Jones gblɔ be: “Ekpɔ sɔlemehaa ta gake eɖu aƒetɔ hã ɖe edzi.”

“Ekpɔ sɔlemehaa ta gake eɖu aƒetɔ hã ɖe edzi.”—A.H.M. Jones, blemaŋutiŋlɔla

KRISTOTƆNYENYE KAE WOÐO ANYI?

Kristotɔnyenye si do tso Konstantino kple bisiɔpwo ƒe ɖekawɔwɔ mee nye xɔse-vi-ɖe-bo-vi-ɖe. Nenema ko wòate ŋu adzɔe, elabe menye mawusubɔsubɔ vavã dimee fiagã la nɔ o ke boŋ ale si ɖekawɔwɔ nanɔ subɔsubɔhawo dome ye nɔ vevie nɛ. Ele eme nenema elabe eya ŋutɔ hã trɔ̃subɔdukɔ ƒe fiae wònye. Blemaŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena Konstantino “ɖoe koŋ nɔa evedomesi le eƒe nuwɔnawo kple dziɖunyawo me” le esi wòdi be yeadze trɔ̃subɔlawo kple Kristotɔwo siaa ŋu ta.

Togbɔ be Konstantino gblɔna be Kristotɔ akuakuae yenye hã la, eƒe afɔ ɖeka nɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha me eye evelia nɔ trɔ̃subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ekaa ɣletivimefa hekpɔa gome le afakaka ƒomevi bubu siwo Biblia tsri la hã me. (5 Mose 18:10-12) Le Konstantino ƒe Ŋkuɖodzikpe si le Roma dzi la, wota Konstantino wònɔ vɔ sam na legbawo. Eyi edzi taa ɣemawu ƒe nɔnɔme ɖe gakuwo dzi tsɔ dea bubu eŋu, eye wòdo ɣemawu la subɔsubɔ ɖe ŋgɔ. Le Konstantino ƒe tsitsime la, ena wòtu gbedoxɔ na eya kple eƒe ƒomea le Umbria si nye Italy-du sue aɖe la me, eye wòɖo trɔ̃nuwo be woasubɔ le afi ma.

Konstantino he eƒe mawutsideta abe “Kristotɔ” ene ɖe megbe va se ɖe esime wòsusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo wòaku le ƒe 337 me hafi. Agbalẽnyala geɖewo susui be ehe eƒe mawutsideta ɖe megbe ale be Kristotɔwo kple trɔ̃subɔla siwo le eƒe fiaɖuƒea me la siaa nade eƒe dziɖuɖua dzi. Le nyateƒe me la, eƒe agbenɔnɔ kple eƒe mawutsideta hehe ɖe megbe fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te nenye be exɔ Kristo dzi se vavã. Gake kakaɖedzi le nu ɖeka ya ŋu: Sɔlemeha si Konstantino ɖo anyi le se nu la va zu dunyahehe kple mawusubɔsubɔ ƒe habɔbɔ sẽŋu aɖe, enye habɔbɔ si trɔ ɖa le Kristo yome heku ɖe xexea ŋu. Evɔ Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yohanes 17:14) Sɔlemeha sia si và xexea goŋgoŋ azɔ la mee sɔlemeha gbogbowo do tso hekaka ɖe anyigba la dzi.

Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Mele be míaxɔ sɔlemeha aɖeke ƒe nufiafiawo dzi ase ko o, ke boŋ ehiã be míado woƒe nufiafiawo kpɔ be wosɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu hã.​—1 Yohanes 4:1.

a Ame geɖe meda asi ɖe edzi be Kristotɔ akuakuae Konstantino nye o, eye numekugbalẽ aɖe gblɔ be esia ƒe akpa aɖe anya tso “ale si wòdze ƒãa be eɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu aɖewo ŋu le eƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu gɔ̃ hã” gbɔ.

EŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Konstantino va zu Ɣetoɖoƒe Roma-fiaɖuƒea dzi ɖula le ƒe 306 me eye eya ɖeka va zu Ɣedzeƒe Roma kple Ɣetoɖoƒe Roma-fiagã tso ƒe 324 va se ɖe ƒe 337 me.

  • Konstantino gblɔ be woka ɖe edzi na ye le drɔ̃e alo ŋutega aɖe me be Kristotɔwo ƒe Mawu la akpe ɖe ye ŋu le yeƒe aʋawɔwɔ me.

  • Esi Konstantino susui be Mawue kpe ɖe ye ŋu yeɖu aʋa aɖe dzi ta la, “eɖe gbe enumake” be woatsɔ akplɔ aɖe si le abe atitsoga ene ade yeƒe kpetata si “le afi si ame geɖewo tona le Roma” la ƒe asi me.​—Blemaŋutinyaŋlɔla Paul Keresztes.

  • Woda trɔ̃subɔlawo ƒe bubuŋkɔ si nye pontifex maximus ɖe Konstantino dzi eye wòbua eɖokui be yenye subɔsubɔha siwo katã le yeƒe fiaɖuƒea me la ƒe aƒetɔ.

Konstantino ƒe Ŋkuɖodzikpe

Ŋkuɖodzikpe si Konstantino tu tsɔ ɖoa ŋku eƒe aʋadziɖuɖu dzi

  • “Fiagã ɖe sia ɖe, eɖanye Kristotɔ adodoea o, adze ŋgɔ nyametsotso si nye be wòatiae be yeadze Mawu ŋu alo fiaɖuƒe nage le ye si la godoo. Esi wònye be Konstantino xɔ zia eteƒe medidi o ta la, mele klalo be zia nage le ye si loo alo yeadzudzɔ nu vɔ̃ siwo katã yeate ŋui atsɔ alée ɖe te la wɔwɔ o.”​—Richard Rubenstein, masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ kple dukɔmenyawo ŋuti nufialagã.

  • “Ðikeke mele eme o be woate ŋu abu Konstantino be enye Kristotɔ le eƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu ya teti nenye be womatsi dzi ɖe eƒe Kristotɔ vavã nyenye ŋu o.”​—Paul Keresztes, blemanuwo kple ŋutinya ŋuti nufialagã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe